Dzo kpo yi emenuwo dzi

E+/IvanJekic via Getty Images

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Aŋɔto Ƒe Ku Saa Agba Le Ya Me

Ale Si Aŋɔto Ƒe Ku Saa Agba Le Ya Me

 Aŋɔto ƒe kuwo nye dzɔdzɔmenu siwo ya tea ŋu kɔna bɔbɔe wua dometɔ ɖeka. Ne ya ƒo to aŋɔtoa ŋua, eƒe ku siwo ɖi xexi suesuewo la dzona yia ya me abe parachute wluiwluiwluiwo ene. Togbɔ be womeyia dzi boo o hãa, wotea ŋu nɔa ya me dea adzɔge kilometa ɖeka alo esi wu nenema gɔ̃ hã. Nu ka gbɔe wòtso be wotea ŋu nɔa ya me nenema gbegbe? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii nyitsɔ laa be mɔnu si ŋu dɔ wowɔna si nana wonɔa ya mea nyo wu esi ŋu dɔ parachute wɔna teƒe ene.

 Bu nya siawo ŋu kpɔ: Kuawo nɔa ativi lɛ aɖe nu, eye nu wuyawuya siwo le abe ɖa ɣiwo ene si woyɔna be pappus (alo aigrette) nɔa etame. Nu wuyawuya mawo nana kua nɔa agba sam le ya me abe parachute ene.

Numekula aɖewo gblɔ be ya ƒona toa kua ƒe ɖawo me le mɔ tɔxɛ aɖe nu si wɔnɛ be meɖiɖina vaa anyigba kaba o

 Gake nu bubu aɖe hã li si nu wuyawuya mawo wɔna si wɔnɛ be kua nɔa ya me eteƒe didina nenema. Ne ya le ƒoƒom to nu wuyawuyaawo mea, etrɔa mɔ na yaa le mɔ tɔxɛ aɖe nu si wɔnɛ be yaa nu sẽna le kua gɔme wu etame, eye esia wɔnɛ be meɖiɖina vaa anyigba kaba o.

 Ale si nu wuyawuya mawo ƒe ɖa yiawo le ɖoɖo nyui nua nana wòdzena abe parachute si me do wluiwluiwlui geɖe le ene, gake ɖeko eya saa agba le ya me wu parachute sãsãsã. Esi wònye be nu bliboa le abe ɖa wluiwluiwluiwo sɔŋ ko ene taa, enɔa wodzoe ŋutɔ!

 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoawɔ nu siwo anɔ agba sam le ya me abe aŋɔto ƒe kuwo ene. Go siwo me wòaɖe vi le ƒe ɖee nye yameʋuvi (alo drone) siwo mazã elektrikŋusẽ fũu o alo be womazãe kura o la wɔwɔ. Woate ŋu azã yameʋuvi siawo le mɔ vovovowo nu, si ƒe ɖee nye be woatsɔe ado ya me ƒe nyonyome kpɔ.

 Kpɔ aŋɔto ƒe ku siwo le agba sam le ya me

 Nu kae nèsusu? Ðe aŋɔto ƒe ku si saa agba le ya me eteƒe didina nenema gbegbe la dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?