Dzo kpo yi emenuwo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | YONATAN

‘Woƒe Nu Lé Dzi Na Wo Nɔewo’

‘Woƒe Nu Lé Dzi Na Wo Nɔewo’

Aʋaa ke vɔ, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋ le Ela bali la me. Esime ya fafɛ nɔ ƒoƒom to asrafo siwo ƒu asaɖa anyi la ƒe avɔgbadɔwo me le ŋdɔ ma me la, Saul kpe kple eƒe aʋawɔlawo dometɔ aɖewo. Viaŋutsu tsitsitɔ Yonatan hã nɔ kpekpea me, eye ɖekakpui alẽkplɔla aɖe tsɔ dzidzɔ nɔ nu ƒom tso eƒe agbemenudzɔdzɔ aɖewo ŋu. Ðekakpui mae nye David, edoa vevie nu ŋutɔ, eye dzo nɔ eme. Saul nɔ to lém ɖe nya sia nya si gblɔm David nɔ la ŋu vevie. Gake aleke Yonatan se le eɖokui me? Eɖu aʋa geɖe dzi le ƒe gbogbo siwo wòtsɔ nɔ Yehowa ƒe asrafowo dome la me. Gake egbea ya la, menye Yonatan dzie woto ɖu aʋaa dzi o, ke boŋ ɖekakpuia ye. David wu ame dzɔtsu Goliat! Ðe Yonatan ʋã ŋu David ɖe ale si wonɔ ekafum ta?

Ðewohĩ ale si Yonatan wɔ nui la awɔ nuku na wò. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Esi David ƒo nu kple Saul vɔ ko la, David ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eɖokui ene.” Yonatan tsɔ eƒe dati kple aʋawɔnu bubuwo na David—nunana gã aɖee esia nye, elabena aŋutrɔdala bibi aɖee Yonatan nye ɣemaɣi. Gawu la, Yonatan kple David bla nu kple wo nɔewo, eye esia awɔe be woazu xɔlɔ̃ kplikplikpli siwo dome tsi metona o.—1 Samuel 18:1-5.

Aleae wòdzɔe be ame siwo va zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe dometɔ ɖeka, la ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dze egɔme. Xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe ame si nɔnɔ le vevie na ame siwo si xɔse le. Ne míetia xɔlɔ̃ nyuiwo eye míawo ŋutɔwo hã míenye xɔlɔ̃ wɔnuteƒe siwo kpena ɖe ame ŋu la, míate ŋu ado ŋusẽ míanɔ nɔewo ƒe xɔse le ɣeyiɣi sia si me amewo melɔ̃a ame o la me. (Lododowo 27:17) Eya ta na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu tso Yonatan gbɔ.

Xɔlɔ̃wɔwɔ Ƒe Gɔmeɖoanyi Nyuitɔ

Aleke wòdzɔe be ame eve siawo va zu xɔlɔ̃wo kaba nenema? Nu si dzi wotu woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ɖo gbɔe wòtso. Bu woƒe ŋutinyaa ƒe akpa aɖewo ŋu kpɔ. Yonatan nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Fia Saul, si nye fofoa, ƒe nɔnɔme va nɔ tɔtrɔm ƒe aɖewoe nye ema eye gbegblẽm ko wònɔ ɖe edzi. Saul, si nye ɖokuibɔbɔla kple toɖola si si xɔse nɔ la va zu fia dadala kple tomaɖola.—1 Samuel 15:17-19, 26.

Ale si Saul trɔe la anya te ɖe Yonatan dzi vevie, elabena eya kple fofoa dome nɔ kplikplikpli. (1 Samuel 20:2) Anɔ eme be Yonatan bu nu si Saul ƒe nuwɔnaa agblẽ le Yehowa ƒe dukɔ tiatia ŋu la ŋu. Ðe fia la ƒe tomaɖomaɖoa awɔe be eteviwo natra ɖa tso Yehowa gbɔ si awɔe be Yehowa nakpɔ dziku ɖe wo ŋua? Ðikeke mele eme o be ɣeyiɣi sesẽ aɖee nye ema na Yonatan, ame si si xɔse le la.

Esia na míekpɔ nu si na David, ɖekakpui la, ƒe nu lé dzi na Yonatan. Yonatan de dzesi xɔse sẽŋu si nɔ David si. Ðo ŋku edzi be togbɔ be Saul ŋumewo vɔ̃ na ŋutsu kɔkɔ dzɔatsu Goliat hã la, David ya mevɔ̃e o. Ekpɔe be ne yeyi aʋa le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, yeate ŋu akpe Goliat, si kpla aʋawɔnu gbogbo mawo, la dzi.—1 Samuel 17:45-47.

Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Yonatan hã bu nuwo ŋu nenema. Eka ɖe edzi be ye kple yeƒe adekplɔvia ɖeɖe yewoate ŋu awɔ aʋa kple asrafoha blibo ahaɖu wo dzi. Nu ka tae? Yonatan gblɔ be: “Naneke mexea mɔ na Yehowa . . . o.” (1 Samuel 14:6) Eya ta nu vevi aɖewo ɖe dzesi le Yonatan kple David siaa ŋu: xɔse sẽŋu kple lɔlɔ̃ deto le wo ame evea siaa si na Yehowa. Emae nye gɔmeɖoanyi nyuitɔ kekeake si dzi woate ŋu atu woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ɖo. Yonatan nye fiavi bubume eye esusɔ vie wòaxɔ ƒe 50, gake David ya nye alẽkplɔla tsɛ si ɖewohĩ mexɔ ƒe 20 haɖe o, ke hã vovototo mawo menye mɔxenu na woƒe xɔlɔ̃dzedzea o. *

Nu, si wobla kple wo nɔewo la kpɔ woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ta ale gbegbe. Le mɔ ka nu? Nya lae nye be, David nya tame si Yehowa ɖo ɖe ye ŋu: Eɖoe be David nava nye fia si axɔ ɖe Saul teƒe le Israel! Ðe David ɣla esia ɖe Yonatana? Kura o! Xɔlɔ̃ nyuiwo, abe David kple Yonatan ene, dome gavivina wu ne woɖoa dze faa eye womeɣlaa naneke ɖe wo nɔewo alo daa alakpa na wo nɔewo o. Aleke Yonatan anya se le eɖokui me esi wòva nya be David ye ava zu fia? Ke ne ɖe Yonatan nɔ mɔ kpɔm vevie be yeava zu fia gbe ɖeka ale be yeaɖɔ nu gbegblẽ siwo ye fofo wɔ ɖo ya ɖe? Biblia megblɔ nya aɖeke si ɖee fia be esia te ɖe Yonatan dzi o; Yonatan ƒe nuteƒewɔwɔ kple xɔse ko ŋue Biblia ƒo nu tsoe, eye nu mawoe le vevie. Ekpɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le David dzi. (1 Samuel 16:1, 11-13) Eya ta Yonatan wɔ nu, si wòbla kple David la dzi, mebu David be enye ame si nɔ fiazikpuia ʋlim kpli ye o, ke boŋ be enye ye xɔlɔ̃. Yonatan di be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nava eme.

Yonatan kple David siaa xɔ Yehowa dzi se eye wolɔ̃e tso dzi me

Woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa va nye yayra gã aɖe. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔse si nɔ Yonatan si la me? Ele be Mawu subɔla ɖe sia ɖe nadze agbagba akpɔ asixɔxɔ si le xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu. Mehiã be mía xɔlɔ̃wo nanye ame siwo ƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo sɔ kple mía tɔ alo woanye mía hatiwo kokoko o, gake woate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ ne xɔse sẽŋu le wo si. Yonatan kple David de dzi ƒo na wo nɔewo hedo ŋusẽ wo nɔewo zi geɖe. Eye wo ame evea siaa hiã kpekpeɖeŋu ma tso wo nɔewo gbɔ, elabe nɔnɔme siwo sesẽ wu la ava do mo ɖa siwo ado woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa kpɔ.

Ale Si Wòsesẽna Be Ame Natia Ame Si Wòawɔ Nuteƒe Na

Le gɔmedzedzea me la, Saul lɔ̃ David vevie eye wòtsɔe ɖo eƒe asrafowo nu. Ke hã, medidi o, Saul ɖe mɔ ŋuʋaʋã ɖu edzi, gake Yonatan ya mewɔe nenema o. Ɣesiaɣi si David kple eƒe amewo wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔ Filistitɔwo la, eɖua wo dzi. Esia wɔe be amewo nɔ David kafum, eye eƒe nu nyoa amewo ŋu. Israel nyɔnuwo kura gɔ̃ hã dzi ha be: “Saul wu ame akpewo, David ya wu ame akpe ewowo.” Ha ma medze Saul ŋu kura o. Biblia gblɔ be: “Tso gbe ma gbe la, Saul va nɔ susu vɔ̃ bum ɖe David ŋu.” (1 Samuel 18:7, 9) Enɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ David ate kpɔ be yeaxɔ fianyenyea le ye si. Saul ƒe nuŋububu ma mesɔ kura o. Ele eme be David nyae be yee ava zu fia ɖe Saul teƒe ya, gake meva tame nɛ gbeɖe be yeaɖe Yehowa ƒe amesiaminaa le zi dzi akpasesẽtɔe o!

Saul ɖo nugbe ɖe David ŋu be yeana woawui le aʋa me, gake medze edzi o. David yi edzi nɔ aʋawo dzi ɖum, si wɔe be amewo lɔ̃e geɖe wu hede bubu eŋu ale gbegbe. Azɔ Saul te kpɔ be yeana yeƒe subɔviwo katã kple ye viŋutsu tsitsitɔ Yonatan hã nawɔ ɖeka kpli ye akpe asi ɖe nugbe si ɖom yele be yeawu David la ŋu! Ate ɖe Yonatan dzi ŋutɔ esi wòkpɔe be ye fofo le nu ma wɔm! (1 Samuel 18:25-30; 19:1) Yonatan nye vi wɔnuteƒe na fofoa, gake enye xɔlɔ̃ wɔnuteƒe na David hã. Ke ame kae wòawɔ nuteƒe na le go sia me fifia?

Azɔ Yonatan gblɔ na fofoa be: “Fia megawɔ vɔ̃ ɖe eƒe subɔvi David ŋu o, elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke wò o; dɔ nyui siwo wòwɔ na wò la ɖe vi na wò. Etsɔ eƒe agbe de afɔku me heyi ɖawu Filistitɔ la, ale be Yehowa to esia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel katã. Èkpɔe, eye dzi dzɔ wò. Ekema nu ka tae nàwɔ nu vɔ̃ ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahana woawu David dzodzro?” Togbɔ be ƒãa ŋutɔ hafi Saul gawɔa nu le nunya me hã la, eɖo to Yonatan le go sia me ya teti, eye wòka atam gɔ̃ hã be yemawɔ nu vevi David o. Ke hã, Saul mewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi o. Esi nu ganɔ edzi dzem na David la, Saul ʋã ŋui ale gbegbe be eda akplɔ be wòatɔ David ne wòaku! (1 Samuel 19:4-6, 9, 10) Gake David de axa nɛ eye wòsi le Saul ƒe fiasãa me.

Ðe wòdzɔ kpɔ be ètsi evedomesi le ame si nàwɔ nuteƒe na gomea? Esia ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ. Le go siawo tɔgbi me la, ame aɖewo agblɔ be nàwɔ nu wòadze wò ƒometɔwo ŋu. Gake Yonatan nya nu nyuitɔ si wòle be yeawɔ. Aleke wɔ wòade fofoa dzi ɖe David ŋu, evɔ wònye David boŋue nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe kple toɖola? Eya ta Yonatan na nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso si wòwɔ dzi. Esia tae wòʋli David ta ɖo. Ke hã, togbɔ be Yonatan tsɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ hã la, ewɔ nuteƒe na fofoa hã esi wòɖo aɖaŋu si sɔ la nɛ, ke menye be wòagblɔ nu si wòdi be yease la nɛ o. Ne mía dometɔ ɖe sia ɖe srɔ̃ Yonatan ƒe nuteƒewɔwɔ la, aɖe vi na mí.

Ekpe Fu Le Nuteƒewɔwɔ Ta

Yonatan gadze agbagba be yeana Saul nawɔ ŋutifafa kple David, gake fifia ya Saul medi be yeaɖo toe gɔ̃ hã o. David yi Yonatan gbɔ le adzame, eye wògblɔ nɛ be yele vɔvɔ̃m ɖe yeƒe agbe ta. Egblɔ na exɔlɔ̃ si tsi wui la be: “Nye kple ku dome megadidi o!” Yonatan lɔ̃ be yeadze agbagba anya ale si ye fofo le sesem le eɖokui me ɖe David ŋu, eyome yeana David nanya ale si nɔnɔmea le. David aɣla eɖokui, eye Yonatan ada aŋutrɔwo be wòanye dzesi si dzi David ato anya nu si Saul ɖo be yeawɔ. Nu si ko Yonatan bia tso David si ye nye be wòaka atam ɖe nya sia dzi na ye: “Wò amenuveve la nu megatso le aƒenye me o tegbee, ne Yehowa ɖe David ƒe futɔwo katã ɖa le anyigba dzi gɔ̃ hã.” David lɔ̃ ɖe edzi be yealé be na Yonatan ƒe aƒemetɔwo ahakpɔ wo ta.—1 Samuel 20:3, 13-27.

Yonatan dze agbagba be yeaƒo nu nyui tso David ŋu na Saul, gake fia la do dɔmedzoe! Eyɔ Yonatan be “nyɔnu dzeaglã ƒe vi,” eye wògblɔ be eƒe nuteƒewɔwɔ na David nye ŋukpe na ƒomea. Edze agbagba be yeana Yonatan nadi eɖokui tɔ esi wògblɔ nɛ be: “Ŋkeke ale si Isai vi la le agbe le anyigba dzi la, wò ŋutɔ kple wò fianyenye la miali ke o.” Gake dzi meɖe le Yonatan ƒo o, egaɖe kuku na fofoa gblɔ be: “Nu ka tae woawui ɖo? Nu kae wòwɔ?” Azɔ Saul trɔ ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu! Togbɔ be eku amegã hã la, egakpɔtɔ nye aʋakalẽtɔ. Eda akplɔ be yeawu ye via! Ne ebi ɖe akplɔdada me gɔ̃ hã la, eda dadagbo le go sia ya me. Nu si Saul wɔ la te ɖe Yonatan dzi vevie eye ŋu kpee, eya ta etso dzo kple dziku.—1 Samuel 20:24-34.

Yonatan ɖee fia be nuteƒewɔlae yenye vavã, ke menye ɖokuitɔdila o

Le ŋufɔke la, Yonatan yi gbe me le teƒe si te ɖe afi si David be ɖo la gbɔ. Eda aŋutrɔa abe ale si wogblɔe ɖi ene, eye wòto esia dzi na David nya be Saul gaɖoe kokoko be yeawui. Eyome Yonatan na eƒe subɔvia trɔ yi dua me. Esi wòsusɔ eya kple David ɖeɖe ko ta la, mɔnukpɔkpɔ su wo si woɖo dze ɣeyiɣi kpui aɖe. Wo ame evea wofa avi, eye Yonatan si lé blanui la do hedenyuie na exɔlɔ̃ ɖekakpui la. Ale David dze agbe yeye gɔme abe sisila ene.—1 Samuel 20:35-42.

Yonatan ɖee fia le nɔnɔme sesẽ mawo me be nuteƒewɔlae yenye vavã, ke menye ɖokuitɔdila o. Adzɔ dzi na Satana, ame si nye nuteƒewɔlawo katã ƒe futɔ la, be Yonatan nato Saul ƒe ʋe me ahana bubu kple nɔƒe gã didi na eɖokui nanye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Ðo ŋku edzi be, Satana dina vivie be yeable amegbetɔwo nu be woadi wo ɖokui tɔ. Ewɔ esia wòdze edzi nɛ le mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa gome. (1 Mose 3:1-6) Gake mekpɔ dzidzedze le Yonatan ya gome o. Aleke gbegbe esia anya te ɖe Satana dzie nye esi! Ðe wò hã àwɔ nuteƒe ne Satana te wò kpɔ be nàdi ɖokuiwò tɔa? Míele ɣeyiɣi siwo me wòdze abe ɖokuitɔdidi xɔ afi sia afi ene la me. (2 Timoteo 3:1-5) Ðe míasrɔ̃ Yonatan ƒe ɖokuitɔmadimadi kple nuteƒewɔwɔa?

Yonatan wɔa nuteƒe na exɔlɔ̃a David, eya ta ewɔ dzesi aɖe na exɔlɔ̃a si ana wòanɔ dedie

“Wò Nu Nyoa Ŋunye Ŋutɔ”

Saul va lé fu David ale gbegbe be esia kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe susu kple nuwɔnawo dzi. Yonatan kpɔe be ye fofo le nu wɔm azɔ abe ɖe wòdze aɖaʋa ene, evɔ naneke meli wòate ŋu awɔ tso eŋu o. Saul ƒo eƒe asrafowo nu ƒu wonɔ tsatsam le gbe dzi be yewoawu ɖekakpui ɖeka pɛ si meɖi fɔ aɖeke o. (1 Samuel 24:1, 2, 12-15; 26:20) Ðe Yonatan nɔ asrafo mawo domea? Ŋɔŋlɔawo megblɔ ɣeaɖekeɣi be ekpe ɖe ame siwo nɔ Saul yome wonɔ David yome tim madzemadzee la ŋu o. Esi Yonatan wɔa nuteƒe na Yehowa kple David, eye wòka atam hã be yeawɔ nuteƒe na David ta la, mawɔ nu ma gbeɖe o.

Yonatan galɔ̃ exɔlɔ̃ ɖekakpuia kokoko. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eto mɔ aɖe dzi gake ɖe David ŋu. Edo goe le Hores, si gɔmee nye “Afi Si Do Ave.” Hores nye tonuto si me avewo le, eye anɔ eme be edidi tso Hebron agbadroƒe ʋɛ aɖewo, le anyieheɣedzeƒe gome. Nu ka tae Yonatan tsɔ eƒe agbe de afɔku me be yeaɖakpɔ David si nɔ sisim le Saul nu? Biblia gblɔ na mí be esi wòdi be yeado ŋusẽ David be “wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu” tae. (1 Samuel 23:16) Aleke Yonatan wɔ esiae?

Yonatan gblɔ na exɔlɔ̃ ɖekakpui la be, “Mègavɔ̃ o.” Egagblɔ kakaɖedzinya sia nɛ be: “Fofonye Saul ƒe asi matu wò o.” Nu kae na Yonatan ka ɖe nya ma dzi? Exɔe se bliboe be Yehowa ƒe tameɖoɖowo ava eme godoo. Egblɔ yi edzi be: “Àzu fia ɖe Israel dzi.” Mawu na nyagblɔɖila Samuel gblɔ nya ma ɖi ƒe aɖewoe nye ema do ŋgɔ, eya ta Yonatan le ŋku ɖom edzi na David azɔ be Yehowa ƒe nyawo medoa kpo emevava o. Eye aleke Yonatan susu be nuwo ava nɔ na ye le etsɔme? Egblɔ be: “Manye evelia anɔ ŋuwò.” Ðokuibɔbɔ gã ka gbegbee nye esi wòɖe fia! Elɔ̃ faa be yeanɔ ame si yetsɔ ƒe 30 sɔŋ tsi wu la te, awɔ eƒe gbe dzi, ahakpe ɖe eŋu! Yonatan ƒo eƒe nyaa ta be: “Fofonye Saul hã nyae alea.” (1 Samuel 23:17, 18) Saul nyae le eƒe dzi me be aʋa si yeho ɖe ame si Yehowa tia be wòanye fia ŋu la madze edzi akpɔ o!

Yonatan de dzi ƒo na David esime David ɖo xaxa me

Ðikeke mele eme o be le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, David ɖoa ŋku woƒe gododo ma dzi enuenu kple dzidzɔ. Emae nye woƒe gododo mamlɛtɔ. Nublanuitɔe la, mɔkpɔkpɔ si nɔ Yonatan si be yeava nye evelia anɔ David ŋu la meva eme o.

Yonatan nɔ fofoa ŋu woyi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, siwo nye Israel-viwo ƒe futɔwo. Ete ŋu tsɔ dzitsinya nyui kpe asi ɖe fofoa ŋu wowɔ aʋa, elabena meɖe mɔ be fofoa ƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo wɔe be wòhe ɖe megbe le subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Yehowa me o. Ewɔ nuteƒe wɔ aʋa kalẽtɔe abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene, gake aʋaa mekpa Israel-viwo o. Saul ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖia va do gã ɖe edzi ale gbegbe be eva ƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me, si nye nu vɔ̃ si dze na ku le Mawu ƒe Sea nu, eya ta Yehowa meganɔ Saul yram o. Saul kple viaŋutsu etɔ̃ woku le aʋagbedzi, eye Yonatan hã nɔ wo dome. Saul xɔ abi vevie eye wòwu eɖokui.—1 Samuel 28:6-14; 31:2-6.

Yonatan gblɔ be: “Wò la, àzu fia ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò.”—1 Samuel 23:17

David xa nu vevie le esia ta. Ŋutsu sia si nyoa dɔme hetsɔna kena faa la, xa nu ɖe Saul gɔ̃ hã ƒe kua ta, evɔ Saul na wòkpe fu heto nɔnɔme sesẽ geɖewo me hafi! David kpa konyifaha na Saul kple Yonatan. Ðewohĩ nya siwo David gblɔ tso exɔlɔ̃ kple kpɔɖeŋuɖolaa ŋu ye wɔ dɔ ɖe ame dzi wu le eƒe konyifahaa me. Egblɔ be: “Tɔwò le veyem, nɔvinye Yonatan, wò nu nyoa ŋunye ŋutɔ! Wò lɔlɔ̃ nam ƒo nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ ta sãsãsã.”—2 Samuel 1:26.

David meŋlɔ atam si wòka na Yonatan la be gbeɖe o. Le ƒe aɖewo megbe la, David na wokplɔ Yonatan ƒe vi Mefiboset si nye nuwɔametɔ la vɛ nɛ, eye wòlé be nɛ. (2 Samuel 9:1-13) Eme kɔ ƒãa be David srɔ̃ Yonatan ƒe nuteƒewɔwɔ kple nu si sɔ wɔwɔ kpakple ale si wòlɔ̃na faa kuna ɖe exɔlɔ̃wo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ne esia ana eya ŋutɔ nato nɔnɔme sesẽwo me gɔ̃ hã. Ðe míawo hã míasrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui mawoa? Ðe míate ŋu adi ame siwo le abe Yonatan ene adze xɔlɔ̃ woa? Aleke míawo ŋutɔwo míate ŋu anye xɔlɔ̃ nyui mawo tɔgbi? Ne míekpe ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu wogaxɔ Yehowa dzi se geɖe wu, ne míetsɔa nuteƒewɔwɔ na Yehowa ɖoa nɔƒe gbãtɔ, eye míewɔa nuteƒe le esi teƒe be míadi mía ɖokui tɔ la, ke míazu xɔlɔ̃ si tɔgbi Yonatan nye. Eye míato esia me asrɔ̃ eƒe xɔse.

^ mm. 10 Esi woƒo nu tso Yonatan ŋu zi gbãtɔ le Ŋɔŋlɔawo me le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedze la, enye aʋafia, eya ta ne mede ɖeko o la, exɔ ƒe 20 ya teti ɣemaɣi. (4 Mose 1:3; 1 Samuel 13:2) Saul ɖu fia ƒe 40. Eya ta esime Saul ku la, Yonatan xɔ abe ƒe 60 ene. David hã xɔ ƒe 30 esi Saul ku. (1 Samuel 31:2; 2 Samuel 5:4) Eya ta edze ƒãa be Yonatan tsi wu David ƒe 30 sɔŋ.