Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW.ORG NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Ale Si Nàdi Edzinuwo Le Gbe Bubu Me

Ale Si Nàdi Edzinuwo Le Gbe Bubu Me

Ne èle gbe aɖe srɔ̃m alo èdi be yeaɖo jw.org dzi nuwo ɖe ame aɖe si doa gbe bubu la, zã mɔnu etɔ̃ siwo gbɔna la dometɔ ɖeka.

 Trɔ Nyatakakadzraɖoƒea Ðe Gbe Bubu Me

Zi Gbetiaƒe ƒe dzesi sia dzi ale be gbe siwo katã me jw.org le la nàdze na wò.

Dzesi siwo gbɔna la dometɔ ɖeka dze le gbeawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ƒe miame:

  • Esia fia be woɖe nyatakakadzraɖoƒea alo eƒe akpa aɖe ya teti gɔme ɖe gbe sia me. Zi gbea dzi ale be nyatakakadzraɖoƒea naʋu le gbe ma me na wò.

  • Esia fia be womekpɔ ɖe nyatakakadzraɖoƒea gɔme ɖe gbe ma me haɖe o, gake agbalẽwo le gbe ma me siwo ƒe kɔpi nàte ŋu awɔ. Zi gbea ƒe ŋkɔ dzi ne nàkpɔ agbalẽ siwo le gbe ma me.

  • Esia fia tokunɔgbe.

    Ne woɖe jw.org ƒe akpa aɖe gɔme ɖe tokunɔgbe aɖe me eye nètia gbea la, nyatakakadzraɖoƒea aʋu na wò le gbe ma me.

    Ne womekpɔ ɖe jw.org gɔme ɖe tokunɔgbe si nètia me haɖe o hã la, agbalẽ siwo le tokunɔgbe ma me adze.

Esi wònye be gbe alafa geɖee le gbetiaƒea ta la, tia mɔnu siwo gbɔna la dometɔ ɖeka ale be nàte ŋu ake ɖe gbe si dim nèle la ŋu bɔbɔe:

  • Tia gbe si nèlɔ̃a ʋuʋu edziedzi: Gbe ene siwo me nèʋu nyatakakadzraɖoƒea ɖo zi mamlɛtɔ adze le etame gbã.

  • Ŋlɔ gbea ŋkɔ: Ŋlɔ nuŋlɔdzesi siwo dze le gbea ƒe ŋkɔ me la dometɔ ʋɛ aɖewo, àte ŋu azã mia degbe me ŋɔŋlɔdzesiwo alo gbe si dim nèle la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo. Le kpɔɖeŋu me, ne wò nyatakakadzraɖoƒea le Eʋegbe me eye nèdi be yeatrɔe ɖe Eŋlisigbe me la, àte ŋu aŋlɔ “English” alo “Eŋlisi.” Ne èdze ŋkɔa ŋɔŋlɔ gɔme la, gbe siwo ƒe ŋkɔ me ŋɔŋlɔdzesi siwo nèŋlɔ dze le la koe adze.

 Ʋu Nyatakakadzraɖoƒea Ƒe Axa Aɖe Le Gbe Bubu Me

Mɔnu Gbãtɔ: Zã mɔnu sia le axa siwo dzi Gbe Bubu ƒe aɖakavia dze le.

Ʋu nyati si nèdi be yeaxlẽ alo esi nèdi be yeaɖo ɖe ame aɖe. Emegbe tia gbe si me nèdi be yeakpɔ agbalẽa le la le Gbe Bubu ƒe aɖakavia me. (Ne gbe si dim nèle mele gbe siwo le Gbe Bubu ƒe aɖakavia me dome o la, efia be womekpɔ ɖe nyatia gɔme ɖe gbe ma me o.)

De Dzesii: Ne èkpɔ dzesi sia le gbe aɖe ƒe ŋkɔ ƒe miame le Gbe Bubu ƒe aɖakavia me la, efia be woxlẽ nyatia le gbe ma me.

Ne èʋu nyati aɖe eye nètia gbe aɖe le Gbe Bubu ƒe aɖakavia me be nyatia naʋu le gbe ma me la, nyati ma ɖeɖe koe aʋu le gbe ma me. Gake nu bubu siwo katã le nyatakakadzraɖoƒea akpɔtɔ anɔ gbe si me wòle xoxo la me.

Mɔnu Evelia: Ne Gbe Bubu ƒe aɖakavia medze le axa si nèʋu nyatia le o la, ke tia gbe si me nèdi be yeatrɔ nyatakakadzraɖoƒea ɖo la le Gbetiaƒea. Nyati si nèʋu la adze le gbe si nètia la me. Ne meli o la, akplɔ wò ayi gbe ma ƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe gɔmedzeƒe.

 Di Agbalẽ Aɖe Ƒe Gbe Bubu Me Tɔ

Yi AGBALẼWO > NU SIWO WODO BOBLOE. Tia gbe aɖe le aɖakavi si gbɔ woŋlɔ ɖo be Ʋu la me eye nàzi Dii dzi.

Zã mɔnu siwo gbɔna la dometɔ ɖeka be nàke ɖe gbe si dim nèle la ŋu bɔbɔe:

  • Tia gbe si nèlɔ̃a ʋuʋu edziedzi: Gbe ene siwo me nèʋu nyatakakadzraɖoƒea ɖo zi mamlɛtɔ adze le etame gbã.

  • Ŋlɔ gbea ŋkɔ: Ŋlɔ nuŋlɔdzesi siwo dze le gbea ƒe ŋkɔ me la dometɔ ʋɛ aɖewo, àte ŋu azã mia degbe me ŋɔŋlɔdzesiwo alo gbe si dim nèle la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo. Le kpɔɖeŋu me, ne wò nyatakakadzraɖoƒea le Eʋegbe me eye nèdi be yeatrɔe ɖe Eŋlisigbe me la, àte ŋu aŋlɔ “English” alo “Eŋlisi.” Ne èle ŋɔŋlɔdzesiawo ŋlɔm la, gbe siwo ƒe ŋkɔ me ŋɔŋlɔdzesi siwo nèŋlɔ la dze le koe adze.

Ne agbalẽ geɖewo le gbe si nètia la me la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe adze le axa si woŋlɔ ɖo be NU SIWO WODO BOBLOE. Ne èdi be yeakpɔ gbe ma me ƒe agbalẽ geɖewo la, tia nu siwo dze le miame le axa ma dometɔ ɖeka (le kpɔɖeŋu me, AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO alo MAGAZINEWO).

Ne agbalẽ si ƒomevi dim nèle meli o la, àkpɔ agbalẽ ƒomevi siwo li la ƒe kadodowo le axa ma.