Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER 3, 2014
DENMARK

Yehowa Ðasefowo Na Be Wova Le Dɔ Wɔm Na Amewo Ʋumadomadoe Le Denmark

Yehowa Ðasefowo Na Be Wova Le Dɔ Wɔm Na Amewo Ʋumadomadoe Le Denmark

COPENHAGEN le Denmark​—Denmark ƒe nyakakadɔwɔƒe gãgãwo gblɔ be ɖɔkta siwo le Fiadua ƒe nutoa me va le tɔtrɔm ɖe ʋuŋudɔwɔwɔ nyuie ƒe mɔnu yeye aɖe ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Kristeligt Dagblad gblɔ be “woate ŋu awɔ dɔ na dɔnɔ geɖe wu evɔ womado ʋu si amewo na la na wo o.” Nyadzɔdzɔgbalẽa yi edzi be, “Yehowa Ðasefowoe na be wova le dɔ wɔm na amewo ʋumadomadoe.” Yehowa Ðasefo 8,000,000 siwo le xexea me godoo, siwo dome Yehowa Ðasefo 14,000 siwo le Denmark hã le la, dina be woazã atikewɔmɔnu nyuitɔ kekeake na yewo ʋumadomadoe.

Wonya kɔdzi siwo le Denmark be wodoa ʋu siwo amewo nana la na dɔnɔwo wu le xexea me godoo, ame siwo wodoa ʋu na tea ŋu sɔa gbɔ wu esiwo Europa-dukɔ bubuwo ƒe kɔdziwo dona na la zigbɔzi eve gɔ̃ hã. Ke hã, Politiken si nye nyatakakadzraɖoƒe si dzi wogblɔa nyadzɔdzɔwo le ƒe nyati si nye “Dɔwɔwɔ Na Ame Ʋumadomadoe Le Ta Kekem” gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒoe ɖe ɖɔktawo nu wova le atikewɔmɔnu yeyewo ŋu dɔ wɔm” siwo to vovo na atikewɔmɔnu siwo me wozãa ʋu si amewo nana le la zi geɖe. Ðɔkta aɖewo va te amekomɔnu siwo me ʋu medona le ame ŋu fũu o zazã na Ðasefowo ƒe dɔnɔwo. Mɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye atike siwo nye erythropoietin kple iron (fer) kple vitamin B dodo na dɔnɔa do ŋgɔ na dɔwɔwɔ nɛ alo atike ƒomevi aɖewo dodo na dɔnɔa le dɔa wɔɣi. Nyadzɔdzɔgbalẽ (The Copenhagen Post) aɖe gblɔ be “ƒe sia ƒe la, wokoa dzi na Yehowa Ðasefo atɔ̃ alo ade le Aarhus Yunivɛsiti Kɔdzi Skejby” evɔ womezãa ʋu siwo amewo nana la na wo o.

Rigshospitalet kɔdzi, si nye kɔdzi tɔxɛ aɖe eye wòganye Denmark ƒe atikewɔwɔ ŋuti nusrɔ̃ƒe gãtɔ la, de ɖoɖo aɖe to me le ƒe 2009 me le woƒe Fiadua ƒe nutoa me si ana be woakpɔ dɔnɔwo ƒe ʋu ta ne wole dɔ wɔm na wo.

Ðɔkta siwo le Denmark gblɔ hã be numekuku geɖewo va le eɖem fia be afɔku gã aɖewo le ʋudodo me. Kɔdzi si woyɔna be Rigshospitalet, si le Copenhagen, de ɖoɖo aɖe to me le ƒe 2009 me si nye be woakpɔ egbɔ be ʋu boo mado le dɔnɔwo ŋu le dɔwɔwɔ na wo me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Berlingske gblɔ be ɖoɖo sia na be ʋu si amewo nana la dodo na amewo dzi ɖe kpɔtɔ zã eye esia wɔe be dɔnɔwo “megadoa go kuxi boo le dɔwɔwɔ na wo me o, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe kuna.” Eye kɔdzi siwo le Fiadua ƒe nutoa me ƒe akpa gãtɔ hã va da asi ɖe ɖoɖo sia dzi ɣeyiɣi aɖee nye esia, eye kɔdzi siwo le nuto bubuwo me hã le ɖoɖo wɔm be yewo hã yewoadze egɔme.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Berlingske hã gblɔ ale si Ðɔkta Morten Bagge Hansen, si nye numekula kple ʋu siwo amewo nana la dzraɖoƒe dzi kpɔla le Rigshospitalet kɔdzi gblɔ be ale si woɖe ʋudodo dzi kpɔtɔ zã le Denmark la nye “ŋgɔyiyi gã aɖe si aɖe vi gbogbo aɖe na dɔnɔwo.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wogblɔ le Denmark Radio dzi kple nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Kristeligt Dagblad hã me be Ðɔkta Astrid Nørgaard, si nye Atikewɔlawo ƒe Amegã le Rigshospitalet kɔdzi, gblɔ be “Yehowa Ðasefowo tɔ manɔmee la, mímaɖo afi si míeɖo fifia le dɔwɔwɔ na amewo ʋumadomadoe ƒe nyawo me o.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Denmark: Erik Jørgensen, tel. +45 59 45 60 00