Dzo kpo yi emenuwo dzi

SEPTEMBER 12, 2014
GERMANY

Wowɔ Ŋkuɖodziwɔna Aɖe Le Sachsenhausen Tsɔ De Bubu Yehowa Ðasefo Aɖe Si Nazitɔwo Wu Ŋu

Wowɔ Ŋkuɖodziwɔna Aɖe Le Sachsenhausen Tsɔ De Bubu Yehowa Ðasefo Aɖe Si Nazitɔwo Wu Ŋu

SELTERS, Germany—Le September 16, 2014 dzi la, Brandenburg Ŋkuɖodzi Ƒe Habɔbɔ awɔ wɔna vevi aɖe atsɔ aɖo ŋku kufia si wotso na August Dickmann hewui le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ me la ƒe ƒe 75 lia dzi. Aƒetɔ August Dickmann ye nye ame gbãtɔ si gbe asrafodɔwɔwɔ ɖe dzitsinya ta eye Nazitɔwo wui le dutoƒo le Xexemeʋa II me.

August Dickmann, ƒe 1936 lɔƒo.

Wolé Aƒetɔ Dickmann de ga le October 1937 me le Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ me le Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo me wòlé ɖe asi ta. Esi Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me ƒe ŋkeke etɔ̃ megbe la, adzamekpovitɔwo lé Aƒetɔ Dickmann eye wobia tso esi be wòade asi asrafogbalẽvi te ahazu Germanytɔwo ƒe asrafo. Esi Aƒetɔ Dickmann gbe la, wolée de ame ɖekɛ gaxɔ me eye gaxɔdzikpɔla bia tso SS-srafowo ƒe amegã si be wòaɖe mɔ na ye yeawu Aƒetɔ Dickmann le etɔ gamenɔlawo katã ŋkume. Le September 15, 1939 dzi la, wozi Yehowa Ðasefo alafa geɖe siwo dome Aƒetɔ Dickmann nɔvi kpamkpam Heinrich hã le la dzi be woakpɔ ewuwu teƒe. Le ŋkeke eve megbe la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times gblɔ tso Germany be: “Asrafowo da tu August Dickmann si xɔ 29 . . . wòku.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o “le eƒe mawusubɔsubɔ tae” wowui ɖo.

Le September 18, 1999 dzi la, wowɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe Sachsenhausen fuwɔamegakpɔ si me wònɔ tsã la ƒe gli aɖe ŋu tsɔ de bubu Yehowa Ðasefo 890 kple edzivɔ siwo wode ga le afi ma la ŋu. Wogawɔ ŋkuɖodzikpe bubu aɖe hã tsɔ de bubu Aƒetɔ Dickmann ŋu.

Woadze ŋkuɖodzizã 75 lia gɔme le afi si Aƒetɔ Dickmann ƒe ŋkuɖodzikpea le, eyome woava ƒo nuƒo aɖewo le afi si gamenɔlawo ƒe nuɖaƒe nɔ tsã. Wokpe amegã Detlef Garbe, ame si ɖo Neuengamme Fuwɔamegakpɔ Ƒe Ŋkuɖodzi, si ganye edzikpɔla la be wòava ƒo nuƒo le afi sia.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Germany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110