Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 25, 2019
GERMANY

Berlin, Germany—Ƒe 2019 “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O”! Dukɔwo Dome Takpekpe

Berlin, Germany—Ƒe 2019 “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O”! Dukɔwo Dome Takpekpe
  • Ŋkeke Siwo Dzi Wowɔe Le: June 14-16, 2019

  • Teƒe Si Wowɔe Le: Olympic Stadium le Berlin, Germany

  • Gbe Siwo Me Wowɔe Le: Eŋlisigbe, Germangbe, Russiagbe

  • Vavalawo Ƒe Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ: 37,115

  • Nyɔnyrɔxɔlawo Ƒe Xexlẽme: 255

  • Ame Siwo Tso Duta Ƒe Xexlẽme: 5,000

  • Alɔdzedɔwɔƒe Siwo Wokpe: Brazil, Britain, Canada, Ecuador, Finland, Greece, Poland, Scandinavia, Slovenia, United States

  • Nuteƒekpɔkpɔ: Wowɔ ɖoɖo ɖe tsaɖiɖi hã ŋu na vavalawo, eya ta wovɛ ɖi tsa le tsaɖiƒe xɔŋkɔ si nye Pergamon Blemanudzraɖoƒea le Berlin. Esi teƒea dzɔla aɖe kpɔ mía nɔviwo wole tsa ɖim le teƒea la, egblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe elabe xɔse aɖeke mele wo si o. Gake edze ƒãa be xɔse le miawo ya si, eye lɔlɔ̃ hã le mia dome.” Dzɔla bubu aɖe hã gblɔ be: “Ne amewo abe miawo ene va afi sia la, ɣeyiɣia ƒua du kaba ŋutɔ, eye dzi dzɔm be mewɔ dɔ wògbɔ game si wòle be makpã hafi la dzi.”

 

Nɔviwo le wòezɔ dom na vavala siwo tso duta la le yameʋudzeƒe

Nɔviwo le ha dem ɖekae le gbadzaƒe aɖe si le takpekpewɔƒea ŋu

Vavala aɖewo le foto ɖem, ɖewo do dukɔ siwo me wotso la ƒe awuwo

Nɔviŋutsu Samuel Herd, si nye Dɔdzikpɔha me tɔ la, le Memleɖagbe ƒe nuƒo mamlɛtɔ ƒom

Vavalawo le nuƒo aɖe sem le Eŋlisigbe me hele nuŋlɔɖiwo wɔm esime takpekpea le edzi yim. Vavala eve tsɔ mɔ̃vi de to me hele nuƒoa sem le gbe bubu me

Nɔviwo le ame siwo le nyɔnyrɔ xɔm le Memleɖagbe la kpɔm

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔla siwo va takpekpea la le baibai wɔm na vavala bubuwo le Kwasiɖagbe wɔnaa ƒe nuwuwu

Olimpik Bɔlƒoƒe si le Berlin, si wotu le 1936 me la, ƒe foto si woɖe le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Le ƒe 1990 me la, wowɔ Berlin dukɔwo dome takpekpe ɖedzesi aɖe le bɔlƒoƒe sia, le Berlin Glia ƒe mumu vɔ megbe

Vavalawo le dutoƒoɖaseɖiɖidɔ wɔm le Brandenburg Gate xɔŋkɔ la ŋgɔ le Berlin dugã me

Vavalawo kpe ta le Colonnade Courtyard, si gogo Pergamon Blemanudzraɖoƒea

Ame siwo va ƒo ƒu hena fiẽsi ƒe wɔna la le akpe sim le wɔnaa ƒe nuwuwu