Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ƒe 2023 “Migbɔ Dzi Ði”! Ƒe Takpekpe Gã si wowɔ le Newburgh, New York, le Amerika

MAY 15, 2023
UNITED STATES

Ƒe 2023 “Migbɔ Dzi Ði”! Ƒe Takpekpe Gãwo Dze Egɔme

Ƒe 2023 “Migbɔ Dzi Ði”! Ƒe Takpekpe Gãwo Dze Egɔme

Tso March ƒe 2020 dzi la, míegava nɔ go dom ŋkume kple ŋkume le takpekpe gãwo me o, le corona dɔvɔ̃a ta. Le ƒe sia mea, woawɔ “Migbɔ Dzi Ði”! Takpekpe Gã 6,000 kple edzivɔ le xexea me godoo le gbegbɔgblɔ siwo wu 500 me. Wowɔ takpekpe siawo ƒe gbãtɔ tso May 12 va se ɖe 14 lia dzi, ƒe 2023.

Nɔvinyɔnu Khrystine Torres hã nɔ ame 1,800 kple edzivɔ siwo de takpekpe ma la dome. Wowɔ takpekpea le Yehowa Ðasefowo ƒe takpexɔ si le Newburgh, New York, le Amerika. Egblɔ be: “Esi zimenɔlaa gblɔ be: ‘Miawoe zɔ’ la, vavalawo katã si akpe kplokplokplo. Ame sia ame kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míegava kpe ta ake mlɔeba.” Nɔviŋutsu Duane Smith, si hã nɔ vavalawo dome la gblɔ be: “Ale si gbegbe amewo nɔ dzidzɔ kpɔm la wɔ nuku ŋutɔ. Edze ƒãa be dzi nɔ nɔviwo dzɔm be yewogava ƒo ƒu ɖekae.”

Nɔvinyɔnu Jessica Dolcemascolo, si xɔ nyɔnyrɔ le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea mede takpekpe gã siwo me míeva ƒoa ƒu ŋkume kple ŋkume le la kpɔ o. Ke esi wòva de takpekpe sia la, egblɔ be: “Dzidzɔ, lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu si teƒe mekpɔ la na mese le ɖokuinye me abe ɖe megava do go xɔ̃nye vevi aɖe si nyemegakpɔ kpɔ o ɣeyiɣi didi aɖee nye ema ene.” Nɔvinyɔnu Noemi Tinajero si xɔ ƒe 18 eye wòxɔ nyɔnyrɔ ɣeaɖeɣi do ŋgɔ le ƒe sia mea gblɔ be: “Àkpɔ xɔlɔ̃wo kple ƒomewo wole dzidzɔ kpɔm. . . . Ðeko wònɔ abe ɖe míenɔ xexe yeyea ɖɔm kpɔ ene.”

Nɔvinyɔnu siawo va ɖo takpekpewɔƒea le Newburgh le Fiɖa ŋdi

Ame geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe takpekpea ƒe tanyaa hã ŋu. Nɔviŋutsu Sam Huh gblɔ be: “Esesẽna na mía dometɔ geɖe be míagbɔ dzi ɖi. Eya ta ŋkuɖodzinya siawo va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabena woakpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu nyui si Yehowa ɖo. Nɔvinyɔnu Frenchie Smith gblɔ be: “Takpekpe gã sia na mesrɔ̃ ale si wòhiã be magbɔ dzi ɖi le nye agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Le wɔna bliboa mea, meva srɔ̃ nu vevi geɖe siwo aɖe vi nam.”

Ðikeke mele eme o be ame siwo katã si mɔnukpɔkpɔ su wode takpekpe gã sia ƒe gbãtɔ le Newburgh, le New York la kpɔ tutuɖo geɖe! Míawo, kple ame miliɔn bubu geɖe siwo le xexea me godoo míele mɔ kpɔm be míava se vivi na Biblia me nufiame siwo wodzra ɖo ɖi na mí.—Psalmo 122:1.