Dzo kpo yi emenuwo dzi

UNITED STATES

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le United States

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le United States
  1. JUNE 17, 2002—United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gaɖo kpe afia siwo wotso le ƒe 1940-awo me be gome le Yehowa Ðasefowo si le se nu be woaɖe gbeƒã na amewo la dzi (Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. v. Village of Stratton)

  2. AUGUST 1998—Yehowa Ðasefo siwo le United States ƒe xexlẽme va gbɔ miliɔn ɖeka ŋu

  3. APRIL 15, 1992—Esi wodrɔ̃ Pater kple srɔ̃a dome nyaa vɔa, Ohio Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegã aɖewo ƒe nyametsotsowo dzi hetso afia be mesɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒe sue aɖe tso nya me be woanɔ te ɖe subɔsubɔha si me dzila aɖe le dzi axɔ ɖeviwo le esi ana ame kemɛa ne srɔ̃tɔawo dome klã o (Pater v. Pater)

  4. OCTOBER 30, 1985—Mississippi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia be le ame ŋutɔ ƒe nya ƒe gomenɔamesiwo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe taa, ame ate ŋu agbe be woagado ʋu na ye o (In re Brown)

  5. AUGUST 31, 1972—Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe aɖe (District of Columbia Court of Appeals) tso afia be ele be setɔwo nase egɔme be gome le ame tsitsi nɔŋute si be wòagbe be woagado ʋu na ye o (In re Osborne)

  6. NOVEMBER 30, 1953—United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia na Yehowa Ðasefo aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla be mɔɖeɖe li be wòagbe be yemaɖo asrafohaa me o le dɔ si wòwɔna ta (Dickinson v. United States)

  7. ƑE 1944—Yehowa Ðasefowo yome titi dzi ɖe kpɔtɔ

  8. JUNE 14, 1943—United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe nyametsotso si wòwɔ va yi le Gobitis ƒe ʋɔnunyaa me, eye wòtso afia be ne wozi sukuvi Ðasefowo dzi be woado gbe na aflaga ahadzi dukɔa ƒe ha la, esia nye woƒe gomenɔamesiwo tete ɖe anyi (West Virginia State Board of Education v. Barnette)

  9. MAY 3, 1943—United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe se si bia tso Yehowa Ðasefowo si be woaxe fe hafi woaɖe mɔ na wo woama agbalẽwo la me (Murdock v. Pennsylvania)

  10. JUNE 3, 1940—United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be ele kokoko be sukuviwo nado gbe na aflaga le dziɖuɖu ƒe sukuwo me (Minersville School District v. Gobitis); le ema yomea wova nɔ Ðasefowo yome tim vevie

  11. MAY 20, 1940—Zi gbãtɔ si United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia be ele be setɔwo katã nade bubu Dukplɔse Me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ si ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu la ŋuti. Gakpe ɖe eŋua, Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia be Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔ mehea tɔtɔ vanɛ o (Cantwell v. Connecticut)

  12. MARCH 28, 1938—United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe se si bia be Yehowa Ðasefowo naxɔ mɔɖeɖe tso setɔwo gbɔ hafi ama woƒe agbalẽwo la me (Lovell v. City of Griffin)

  13. JULY 26, 1931—Biblia Nusrɔ̃viwo tsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo

  14. MAY 14, 1919—Wote fli ɖe nya siwo wotsɔ ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe akametiwo ŋu la me; emegbe wotso afia be womeɖi fɔ hafi o

  15. JUNE 20, 1918—Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe akametiwo hede wo gaxɔ me, elabe wotso wo nu be wota agbalẽ tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe aʋa si nɔ edzi yim la ŋu

  16. MARCH 4, 1909—Wotrɔ ŋkɔ na dɔwɔha si nye Peoples Pulpit Association wòva nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., eye wodee agbalẽ me le se nu

  17. JANUARY 31, 1909—Biblia Nusrɔ̃viwo ɖe woƒe dɔwɔƒegã la yi Brooklyn, le New York

  18. DECEMBER 15, 1884—Woɖo dɔwɔha si wova yɔna emegbe be Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, eye wodee agbalẽ me le se nu

  19. ƑE 1880-AWO ME—Biblia Nusrɔ̃viwo ɖo woƒe dɔwɔƒegã ɖe Allegheny, le Pennsylvania

  20. JULY 1879—Woɖe magazine si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ ɖe go

  21. ƑE 1870—Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛwo ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe Allegheny, le Pennsylvania, eye wova yɔa wo be Biblia Nusrɔ̃viwo