Dzo kpo yi emenuwo dzi

Philippines Fotowo—Gbãtɔ (Tso February 2014 Va Se Ðe May 2015)

Philippines Fotowo—Gbãtɔ (Tso February 2014 Va Se Ðe May 2015)

Yehowa Ðasefowo le xɔ yeyewo tum le woƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Quezon City, Philippines, hele asi trɔm le xɔ siwo li xoxo hã dometɔ aɖewo ŋu. Esi wònye Japan alɔdzedɔwɔƒea ye le agbalẽwo tam na Philippines fifia ta, wole asi trɔm le xɔ si me Philippines agbalẽtaƒea nɔ tsã la ŋu be wòazu Kɔmpiutadɔwɔƒe, Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒe (Xɔtudɔ Dzikpɔƒe), Nuwo Dzraɖoƒe, Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒe, kple Gbegɔmeɖeƒe. Dɔ siwo wowɔ le xɔ si me agbalẽtaƒea nɔ tsã kple xɔ bubuwo ŋu tso February 2014 va se ɖe May 2015 me la dometɔ aɖewo ƒe fotowoe nye esia. Wowɔ ɖoɖo be woawu dɔa nu le October 2016 me.

Ale si Philippines alɔdzedɔwɔƒea anɔ ne wotui vɔ. Xɔ siwo tum wole kple esiwo ŋu wole asi trɔm le dometɔ aɖewoe nye:

  • Xɔ 4 lia (Xɔdɔmewo)

  • Xɔ 5 lia (Nyaléleɖemɔ̃dzi Dɔwɔƒe, Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒe)

  • Xɔ 6 lia (Anyigbadzadzraɖo Dɔdzikpɔƒe, Ʋudzraɖoƒe, Gakpodɔwɔƒe)

  • Xɔ 7 lia (Kɔmpiutadɔwɔƒe, Xɔtudɔ Dzikpɔƒe, Nuwo Dzraɖoƒe, Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒe, Gbegɔmeɖeƒe)

February 28, 2014—Xɔ 7 lia

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le nu futufutu si woava de xɔawo me be wòana dzoxɔxɔ nanɔ xɔa me la dem kotoku me be fafa nagalée o. Wodo awu tɔxɛ siwo awɔe be ŋuti mafie wo o.

April 2, 2014—Xɔ 7 lia

Dɔwɔlawo wu afi si woava nɔ Filipino Tokunɔgbe me videowo lém ɖe mɔ̃ dzi le la ƒe xɔmesasrãa nu. Do siwo woɖe ɖe xɔmesasrãa ŋu mee woava de nu siwo axɔ yafamɔ̃ ƒe yawo ava xɔa me.

October 21, 2014—Quezon City xɔtuƒea

Wole do ɖem le afi si woava wɔ tsifafanamɔ̃ gã aɖe ɖo. Tsifafanamɔ̃ yeye sia mee tsinono fafɛ atso ayi afi sia afi le alɔdzedɔwɔƒea.

December 19, 2014—Afɔtoƒe si woaɖe to yame ayi Xɔ 1, 5, kple 7 lia gbɔ

Woaɖe afɔmɔ yeye sia to yame ayi xɔ gãtɔawo katã gbɔ; Xɔ Gbãtɔ, afi si nuɖuƒea le, hã le eme. Afɔmɔ sia aɖe vi na ame 300 kple edzivɔ siwo wɔa dɔ le Xɔ 7 lia me la ŋutɔ.

January 15, 2015—Xɔ 5 lia

Nukpekpekɔmɔ̃ gã sia le xɔgbanuwo kɔm yi xɔa ta. Dɔwɔla siwo tso dua me la tsɔa nukpekpekɔmɔ̃ vovovowo va wɔa dɔ woxea fe na wo.

January 15, 2015—Xɔ 5A (Xɔŋuxɔe)

Xɔ 5 lia ƒe xɔŋuxɔe sia anye dzisasrã eve si ƒe kekeme kple didime siaa anye meta 125, eye nugododeƒe eve, atrakpuitoƒe, kple dziƒoxɔliamɔ̃ ye anɔ eme. Nugododeƒeawo kple atrakpuitoƒea wɔwɔ ɖe xɔŋuxɔea me awɔe be woazã teƒe si nu siawo axɔ ne Xɔ 5 lia ŋutɔ mee wowɔ wo ɖo la atsɔ awɔ nu bubu. Dziƒoxɔliamɔ̃a wɔwɔ ɖe xɔŋuxɔea me le esi teƒe be woawɔe ɖe Xɔ 5 lia ŋutɔ me awɔe be dziƒoxɔliamɔ̃a ƒe gbeɖeɖe maɖe fu na nyaléleɖemɔ̃dzidɔwɔƒea o.

January 15, 2015—Xɔ 5A (Xɔŋuxɔe)

Dɔwɔlawo le gakpo siwo dzi woakɔ kɔnkreti ɖo dem; wole agbadɔ sue sia ƒe vɔvɔli te be ŋdɔ si le vevem ganagana nagaɖu wo o. Ŋdɔ me dzoxɔxɔ te ŋu yia dzi abe Celsius 29 sɔŋ ene le January me, eye wòyia dzi abe Celsius 34 sɔŋ ene le April me.

March 5, 2015—Xɔ 5 lia

Dɔwɔla aɖewo tsɔ ati yeyewo le xɔgbati siwo li xoxoa kpem be woasẽ ŋu ɖe edzi. Ati sesẽ yeye 800 sɔŋ ye wozã na Xɔ 5 lia sia.

March 17, 2015—Xɔ 5 lia

Wotsɔ sofi le kɔnkreti blum be woatsɔ awɔ dɔ sue aɖe. Ame siwo va le asi kpem ɖe xɔtudɔa ŋu la dometɔ 100 kple edzivɔwo nye amedzro siwo tso Australia, Canada, France, Japan, New Zealand, South Korea, Spain, United States, kple dukɔ bubuwo me.

March 25, 2015—Xɔ 5 lia

Wole Xɔ 5 lia gbam; afi siae Gbegɔmeɖeƒea nɔ tsã. Fifia wole asi trɔm le eŋu be wòazu Nyaléleɖemɔ̃dzi Dɔwɔƒe kple Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒe.

May 13, 2015—Xɔ 5 lia

Gakpodɔwɔla aɖe tsɔ gakpotsomɔ̃ le gakpo siwo woatsɔ atu ɔfiswo tsom.