Dzo kpo yi emenuwo dzi

Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Le Xɔtudɔwo Wɔm Le Tuxedo

Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Le Xɔtudɔwo Wɔm Le Tuxedo

Esusɔ miniti 15 ŋdi ga 7 naƒo le Tuxedo le New York. Yame le blɔ, eye tsikpewo le ta si le dziƒoxɔ tuɖedziene si le afi ma xa la dzi, eye ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo le gegem ɖe xɔa me. Wodo dɔwɔwuwo kple dɔwɔfɔkpawo eye wozɔ mɔ ŋdi sia tso amedzrodzeƒewo kple aƒe siwo le nutoa me kpakple dua ƒe teƒe bubuwo le Patterson, Wallkill, kple Brooklyn gɔ̃ hã, si anɔ abe kilometa 80 ƒe didime ene va.

Gake hafi egbea naɖo la, ame siawo dometɔ akpa gãtɔ tso Amerika ƒe teƒe vovovowo kple du bubuwo gɔ̃ hã me va. Wotsɔ wo ɖokuiwo na faa va be yewoawɔ dɔ le afi sia, ɖewo hena kwasiɖa ɖeka, ɖewo hã kwasiɖa ade eye bubuwo hã ɣeyiɣi si didi wu ema. Woawo ŋutɔ wotsɔ woƒe kotokumega ɖo ʋu va evɔ womaxe fe na wo ɖe dɔ siwo woawɔ la ta o. Gake dzi dzɔ wo be yewova afi sia.

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 120 ye le afi sia egbea, eye woƒe agbɔsɔsɔme adzi ɖe edzi le ɣleti siwo gbɔna la me. Woge ɖe nuɖuxɔa me va nɔ anyi ɖe kplɔ̃wo ŋu; ame ewo ye nɔa kplɔ̃ ɖeka ŋu. Wo dometɔ geɖe wɔ kɔfi le nonom esime halã mème le ʋeʋẽm lilili tso dzodoƒea. Le ŋdi ga 7 pɛpɛpɛ la, wokpɔ Biblia me dzodzroa le television siwo woda ɖe xɔa me ƒe teƒeteƒewo la dzi. Le miniti wuiatɔ̃ megbe la, kplɔ̃ŋusubɔlawo tsɔ ŋdinuɖuɖu vɛ. Wotsɔ halã mème, dzogbɔ, koklozi kple abolo vɛ. Nuɖuɖua sɔ gbɔ.

Esi wodo gbe ɖa le nuɖuɖua ƒe nuwuwu vɔ la, dɔ kpã azɔ. Ame siwo nye xɔtulawo nɔ dze ɖom dzidzɔtɔe, kuku le ta na wo, woɖɔ gaŋkuiwo kple awu siwo ana woakpɔ wo nyuie le viviti me gɔ̃ hã, eye wobla alidziblanu si ŋuti woti dɔwɔnu gbogbo aɖewo ɖo.

Dɔ si dze ŋgɔ woe nye be woatrɔ teƒe sia si nye Tuxedo Agbalẽwɔƒe tsã la wòazu nudzraɖoƒe hena Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la tutu le Warwick, si medidi tso afi sia gbɔ o. Wole xɔ dɔmewo kple dɔwɔxɔwo, dɔwɔƒewo kple nudzraɖoƒewo tum ɖe xɔ siwo le afi ma xoxo la me. Le Braɖa, March 12, 2013 dzi la, dziɖuɖudɔwɔƒe si kpɔa xɔtunyawo gbɔ da asi ɖe Tuxedo xɔtudɔa dzi.

Aleke woxɔa ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo ne wova ɖo dɔwɔƒe sia? William si tso New Jersey gblɔ be: “Ne èva ɖo la, nɔvi siwo le vavalawo xɔƒea agblɔ nu vevi siwo hiã la na wò​—afi si wò xɔ dɔme le, afi si nàto ayi xɔa me kple ale si nàzã safuiawo. Ame sia ame lɔ̃na faa kpena ɖe ame ŋu. Ne èva ɖo Tuxedo la, woana nàdo go miaƒe dɔŋgɔnɔla le ŋdinuɖuɖu vɔ megbe, eye aɖe nu siwo wòle be nàwɔ la me na wò.”

Aleke dɔwɔwɔ le afi sia nɔna? Aƒenɔ si ŋkɔe nye Yajaira kple srɔ̃a tso Puerto Rico va le kpekpem ɖe ame siwo dea ʋɔtruwo kple ame siwo wɔa dɔ tso gliawo ŋu la ŋu. Egblɔ be: “Míefɔna ŋdi ga 4 kple afã. Míedzraa míaƒe xɔ me ɖo, noa kɔfi eye míeyina ɖaɖoa bɔs si akɔ mí la. Nu tia kɔ na mí le ŋkekea ƒe nuwuwu, gake nukoko dzi ko míenɔna. Ame sia ame nɔa dzidzɔ kpɔm.”

Ave domee Warwick ƒe anyigba la le. Aƒetɔ Zach kple srɔ̃a Beth siwo tso Minnesota le dɔ wɔm kple ame siwo le Warwick ƒe anyigbaa dzi dzram ɖo. Esi wobia Beth be nu ka tae wòva afi sia ɖo hã la, egblɔ be: “Míeka ɖe edzi be taɖodzinu nyui aɖeke megale agbe me si nyo wu Yehowa subɔsubɔ o. Míedi be míazã míaƒe aɖaŋuwo le eƒe subɔsubɔdɔa me.”