Dzo kpo yi emenuwo dzi

Míetso Nya Me Be Míanɔ Agbe Tsɛ

Míetso Nya Me Be Míanɔ Agbe Tsɛ

 Madián kple Marcela nye atsu kple asi aɖe si le Colombia ƒe du si nye Medellín me, eye nu de wo dzi ŋutɔ le agbe me. Madián nɔ dɔ nyui aɖe wɔm eye fetua nyo, esia na be wonɔ aƒe gã aɖe me. Gake nane dzɔ si na wogbugbɔ ŋku lé ɖe nu si wòle be wòanɔ vevie na wo wu le agbe me la ŋu esi wonye Yehowa Mawu subɔlawo ta. Wogblɔ be: “Le ƒe 2006 mea, míede ‘Na Wò Ŋku Dzi Nadza’ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa. Takpekpea ƒe nuƒo geɖe de dzi ƒo na mí be míanɔ agbe tsɛ ale be míate ŋu asubɔ Mawu bliboe. Míede dzesii le takpekpe bliboa me be nu siwo woxlɔ̃ nu mí be mímegawɔ oa, sɔŋ ko wɔm míenɔ. Míeƒlea nu sia nu si nya kpɔ na mí, ne mehiã mí o gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣia, míeƒlea wo agbanae, esia wɔe be fe geɖe va nɔ mía ŋu.”

 Le takpekpea vɔ megbea, atsu kple asi sia nyɔ le wo ɖokui me, eye woɖoe be yewoanɔ agbe tsɛ. Wogblɔ be: “Míeɖe míaƒe gazazãwo dzi kpɔtɔ. Míeʋu yi aƒe sue aɖe me, míedzra míaƒe ʋua eye míeƒle dzokeke.” Azɔ hã, wodzudzɔ fiasegãwo me yiyi, ne woagayi naneke kpɔ ge wòadzro wo kaka woayi eƒle ge o. Wozãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ gblɔa Biblia me gbedeasia na woƒe nutoa me tɔwo. Wodze xɔ̃ mɔɖela vevi siwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ fiaa nu amewo tso Yehowa ŋu. a

 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, Madián kple Marcela tso nya me be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Eya ta woʋu yi kɔƒe nuto sue aɖe me be yewoavae kpe asi ɖe hame aɖe ŋu. Hafi woaʋua, Madián ɖe asi le eƒe dɔa ŋu. Eƒe dɔmemegã mese susu si tututu tae wòdi be yeaɖe asi le dɔ gbagbe ma ŋu o. Eya ta esi Madián nɔ nu me ɖem nɛa, ebiae be: “Ga geɖe le asiwò, gake ɖe nèle dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔa?” Eɖo eŋu be yeme dzidzɔ kpɔm o, elabe kuxi geɖewo li yemele ta kpɔm na o. Eya ta Madián gblɔ nɛ be, “Menye ga geɖe kpɔkpɔ ye le vevie o. Nu si le vevie ye nye be nànya nu si nana nèkpɔa dzidzɔ. Nu si nana nye kple srɔ̃nye míekpɔa dzidzɔe nye nufiafia amewo tso Mawu ŋu, eye míedi be míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Esia tae míedi be míazã ɣeyiɣi geɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.”

 Madián kple Marcela le dzidzɔ vavãtɔ kpɔm eye woƒe dzi dze eme elabe Mawu subɔsubɔe nye nu vevitɔ na wo le agbe me. Wole subɔsubɔm le hame siwo me hiahiã geɖe le ƒe 13 sɔŋ ye nye esia le Colombia ƒe nuto aɖewo me. Eye fifia, wonye mɔɖela veviwo eye wole dzidzɔ kpɔm ale gbegbe.

a Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewoe ɖoa mɔɖela veviwo be woaɖe gbeƒã ɣeyiɣiawo katã le nuto aɖewo me. Alɔdzedɔwɔƒea naa ga sue aɖe wo be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ.