Dzo kpo yi emenuwo dzi

Amerikatɔwo Ƒe Kɔmamae Yehowa Ðasefowo Nyea?

Amerikatɔwo Ƒe Kɔmamae Yehowa Ðasefowo Nyea?

 Míaƒe dɔwɔƒegã le United States le Amerika. Ke hã, menye Amerikatɔwo ƒe kɔmamae míenye o, le susu siwo gbɔna ta:

  •   Ame aɖewo ɖea kɔmama gɔme be enye ƒuƒoƒo aɖe si ma ɖa tso subɔsubɔha si li xoxoxo la ŋu. Yehowa Ðasefowo mema ɖa tso subɔsubɔha aɖeke ŋu o. Ke boŋ míesena le mía ɖokui me be míegbugbɔ Kristotɔnyenye si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la ɖo anyi ake.

  •   Yehowa Ðasefowo le woƒe subɔsubɔdɔa dzi vevie le dukɔ siwo wu 230 me. Eɖanye dukɔ ka ke mee míele o, míetsɔa míaƒe bubu gãtɔ naa Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, ke menye na United States dziɖuɖua alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke o.—Yohanes 15:​19; 17:​15, 16.

  •   Biblia dzie míetu míaƒe nufiafiawo katã ɖo, ke menye subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo le United States ƒe agbalẽwo dzie o.​—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

  •   Yesu Kristo ye nye mía kplɔla, ke menye amegbetɔ aɖekee o.​—Mateo 23:​8-10.