Dzo kpo yi emenuwo dzi

Afi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔa Ga Le Tsɔ Kpɔa Woƒe Dɔa Dzi?

Afi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔa Ga Le Tsɔ Kpɔa Woƒe Dɔa Dzi?

 Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo Yehowa Ðasefowo nana koŋue míetsɔ kpɔa dɔ siwo míewɔna le xexea me godoo la dzi. a Wodaa nudzɔɖakawo ɖe míaƒe kpekpewo me, eye woƒo nu tso mɔ bubu siwo dzi ame ate ŋu ato adzɔ nu la ŋu le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si ku ɖe Nudzɔdzɔwo ŋu. Le afi ma la, mɔnukpɔkpɔ li be ame natiae be yeadzɔ nu hena míaƒe xexea me godoo ƒe dɔa, na hame si me wòle, alo na evea siaa.

 Womekaa ga aɖeke na Yehowa Ðasefowo be woadzɔ alo biana tso wo si be woadzɔ nu ewolia o. (2 Korintotɔwo 9:7) Le míaƒe kpekpewo me la, womedzɔa ga le amewo si alo xɔa ga ɖe vava ta gbeɖe o, eye míaƒe hamemetsitsiwo mexɔa ga ɖe nyɔnyrɔnana, kunuwɔwɔwo, srɔ̃kpekpewo, alo subɔsubɔdɔ bubu aɖeke ta o. Mímetoa nu kpotoekpotoewo dzadzra ɖe ho gã dzi, nuŋeŋezãwo, azã kpeɖiwo ɖuɖu alo wɔna mawo tɔgbi dzi kpɔa ga o, eye míeɖea kuku na amewo be woadzɔ ga na mí hã o. Mimeɖea gbeƒã ame siwo dzɔ nu la ƒe ŋkɔwo gbeɖe o. (Mateo 6:2-4) Mímedoa boblo adzɔhawo ƒe nuwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒewo kple agbalẽwo me kple susu be míakpɔ ga tso wo gbɔ o.

 Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖe sia ɖe me la, wonaa nyatakaka hamea tso ga si wodzɔ kple ale si wowɔ eŋu dɔe la ŋu ɣleti sia ɣleti le woƒe kpekpewo siwo ame sia ame tea ŋu dena faa la me. Wotoa hame ɖe sia ɖe ƒe gakɔntawo ŋuti nuŋlɔɖiwo me edziedzi be woakpɔ egbɔ be wole ga si wodzɔ la zãm nyuie.—2 Korintotɔwo 8:20, 21.

Mɔ Siwo Dzi Nàte Ŋu Ato Adzɔ Nu

  •   Nudzɔɖakawo: Àte ŋu ada nudzɔdzɔwo ɖe nudzɔɖakawo me le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo alo teƒe bubu siwo míewɔa kpekpewo le la me, nudzɔdzɔawo ate ŋu anye ga ŋutɔ loo alo gaxɔgbalẽvi.

  •   Nudzɔdzɔ to Internet dzi: Le dukɔ geɖe me la, àte ŋu awɔ míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye “Donate to Jehovah’s Witnesses” la ŋu dɔ atsɔ adzɔ nu ne èzã credit card, debit card alo elektrɔnik mɔnu bubu. b Ðasefo aɖewo ɖonɛ koŋ ‘dzraa nane ɖo’ ɣleti sia ɣleti eye wotoa mɔnu siawo dometɔ ɖeka dzi dzɔa nu.—1 Korintotɔwo 16:2.

  •   Nudzɔdzɔ siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo. Le nudzɔdzɔ aɖewo gome la, ele be woawɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu do ŋgɔ alo axɔ wo ŋuti ɖaŋuɖoɖowo tso senyalawo gbɔ. Nudzɔdzɔ ƒe mɔnu siawo tɔgbi ate ŋu ana woaɖe adzɔ si nànɔ xexem dzi akpɔtɔ na wò le miaƒe dukɔa me. Ame geɖe kpɔe be eɖe vi na yewo esi yewova nya nu geɖe tso nunana ƒe ɖoɖo si ana woanɔ nu dzɔm esime wole agbe alo esi ana woƒe nunana nayi na ame si wotia, ne womegava li o la ŋu. Ne èdi be yeawɔ mɔnu siwo gbɔna la dometɔ aɖe ŋu dɔ adzɔ nu la, míeɖe kuku xɔ nyatakaka tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me la gbɔ:

    •   ga siwo le gadzraɖoƒe

    •   insurance (alo assurance)

    •   xɔwo kple anyigbawo

    •   ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒewo

    •   domenyinuwo

 Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nudzɔdzɔ ƒe mɔnu siwo le miaƒe dukɔa me ŋu la, kpɔ míaƒe nyatakakadzraƒea ƒe akpa si nye “Donate to Jehovah’s Witnesses.”

a Edzɔa dzi na ame aɖewo siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã be yewoadzɔ nu be woatsɔ ado alɔ míaƒe dɔa.

b Kpɔ video si nye Ale Si Míawɔ Adzɔ Nu To Elektrɔnikmɔ̃ Dzi be nànya ale si nàwɔ adzɔ nu to Internet dzi.