Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 100

Paulo Kple Timoteo

Paulo Kple Timoteo

Timoteo nye sɔhɛ aɖe si nɔ Listra hamea me. Fofoa nye Helatɔ eye dadaa nye Yudatɔ. Timoteo dada Eunike, kple mamaa Lois, fia nui tso Yehowa ŋu tso eƒe ɖevime.

Esi Paulo ɖi tsa yi Listra le eƒe mɔzɔzɔ evelia me la, ede dzesii be Timoteo lɔ̃ nɔviawo eye wòdi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Paulo kpe Timoteo be wòazɔ mɔa kpli ye. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Paulo na hehe Timoteo be wòazu gbeƒãɖela bibi kple ame si bi le nya nyuia fiafia me.

Gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ Paulo kple Timoteo le afi sia afi si woyi. Gbe ɖeka le zã aɖe me la, ŋutsu aɖe gblɔ na Paulo le ŋutega me be wòava Makedonia ava kpe ɖe yewo ŋu. Eya ta Paulo, Timoteo, Sila kple Luka yi ɖaɖe gbeƒã le afi ma eye woɖo hamewo.

Le Makedonia ƒe du si nye Tesalonika me la, ŋutsu kple nyɔnu geɖe va zu Kristotɔwo. Gake Yudatɔ aɖewo nɔ ŋu ʋãm Paulo kple eƒe zɔhɛwo. Woƒo gbevuha aɖe nu ƒu eye wohe nɔviawo yi dua me dziɖulawo gbɔ henɔ ɣli dom be: ‘Ame siawo tsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu!’ Paulo kple Timoteo siaa ƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta wosi yi Beroia le zã me.

Ame siwo le Beroia la, di vevie be yewoasrɔ̃ nya nyuia, eye Helatɔ kple Yudatɔ siwo le afi ma la va zu xɔsetɔwo. Gake esi Yudatɔ aɖewo siwo tso Tesalonika la he zitɔtɔ vɛ la, Paulo dzo yi Atene. Timoteo kple Sila tsi Beroia be yewoado ŋusẽ nɔviawo. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Paulo na Timoteo trɔ yi Tesalonika be wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woanɔ te ɖe ale si wonɔ wo yome tim vevie la nu. Emegbe Paulo dɔ Timoteo be wòasrã hame geɖewo kpɔ eye wòade dzi ƒo na wo.

Paulo gblɔ na Timoteo be: ‘Ame siwo di be yewoasubɔ Yehowa la, woati wo yome.’ Woti Timoteo yome eye wodee gaxɔ me ɖe eƒe xɔse ta. Ekpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔa su ye si be yeaɖee afia be yewɔa nuteƒe na Yehowa.

Paulo gblɔ na Filipitɔwo be: ‘Mele Timoteo dɔm ɖe mi. Afia ale si miazɔ le nyateƒea me la mi, eye wòana hehe mi le subɔsubɔdɔa me.’ Paulo nyae be yeate ŋu aɖo ŋu ɖe Timoteo ŋu. Wowɔ dɔ ɖekae abe xɔlɔ̃wo kple hatisubɔlawo ene ƒe geɖe.

“Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. Elabena ame susɔeawo katã la, woawo ŋutɔwo tɔ ko dim wole, menye Yesu Kristo tɔ o.”—Filipitɔwo 2:20, 21