Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 30

Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Esi ŋkutsalawo tso Israel yi Yeriko dua me la, wonɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rahab ƒe me. Yeriko-fia see eye wòdɔ asrafowo ɖe Rahab ƒe me. Rahab ɣla ŋkutsalawo ɖe xɔ ta eye wòna asrafoawo ti wo yome to afi bubu. Egblɔ na ŋkutsalaawo be: ‘Makpe ɖe mia ŋu elabena menya be Yehowa li kpli mi eye miaxɔ anyigba sia godoo. Meɖe kuku, mido ŋugbe nam be miakpɔ nye ƒomea ta.’

Ŋkutsalaawo gblɔ na Rahab be: ‘Míele ŋugbe dom na wò be míawɔ nu vevi aɖeke ame siwo katã le wò aƒea me la o.’ Wogblɔ nɛ be: ‘Sa ka dzĩ ɖe wò fesre nu eye míakpɔ wò ƒomea ta.’

Rahab na ŋkutsalawo ɖiɖi kple ka to eƒe fesre nu ɖe anyigba. Woyi ɖe toawo dzi eye wobe ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi trɔ yi Yosua gbɔ. Emegbe Israel-viwo tso Yordan-tɔsisia eye wodzra ɖo ɖe anyigbaa xɔxɔ ŋu. Yeriko ye nye du gbãtɔ si dzi woɖu. Yehowa gblɔ na wo be woazɔ aƒo xlã dua zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbea, wozɔ ƒo xlã dua zi adre. Eyome nunɔlawo ku woƒe kpẽawo eye asrafoawo do ɣli sesĩe ale si woate ŋui. Dua ƒe gliawo mu gbloo! Gake Rahab ƒe aƒe si le glia dzi ya memu o. Rahab kple eƒe ƒomea tsi agbe elabena Rahab xɔ Yehowa dzi se.

Ðe menye nenema kee wobu Rahab . . . hã ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔwo me, esi wòxɔ ame dɔdɔawo nyuie hena woto mɔ bubu dzo oa?”—Yakobo 2:25