Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Ðe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Esi nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 50-awo me la se be kansa le ye ŋu la, egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be tohehee wònye nam.” Eɖo ŋku nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ƒe geɖe do ŋgɔ la dzi heƒo nya ta be: “Anye Mawue to esia dzi le gbɔgblɔm nam be mewɔ nu vɔ̃.”

NE AME geɖewo ɖo nɔnɔme sesẽwo me la, wosena le wo ɖokui me be Mawue le to hem na yewo le nu gbegblẽ aɖe si yewowɔ va yi la ta. Ne kuxiwo va do agbogbo ɖe wo dzi le vo me eye wotɔtɔ le wo ɖokui me la, wofaa konyi be: “Nu ka tae wònye dzinyee nu sia adzɔ ɖo? Nu kae mewɔ si na wòle be nu sia nadzɔ ɖe dzinye?” Ðe wòle be míaƒo nya ta be míaƒe kuxiwo nye kpeɖodzi be Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu oa? Ðe kuxi siwo vaa mí ame ɖekaɖekawo dzi nye tohehe tso Mawu gbɔa?

Mawusubɔla Wɔnuteƒewo To Nɔnɔme Sesẽwo Me

Bu nu si Biblia gblɔ tso ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu kpɔ. Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko la, eƒe nunɔamesiwo katã nu yi le vo me. Eyome ya ʋuduʋudu aɖe ƒo hewu via ewoawo katã. Ema megbe kpuie la, dɔ vɔ̃ɖi nyɔŋu aɖe va dze eya ŋutɔ dzi. (Hiob 1:13-19; 2:7, 8) Nɔnɔme sesẽ mawo na Hiob do ɣli be: “Mawu ƒe asi ƒom.” (Hiob 19:21) Edze ƒãa be Hiob se le eɖokui me be Mawue nɔ to hem na ye, abe ale si ko ame geɖe sena le wo ɖokui me egbea ene.

Ke hã, Biblia ɖee fia be, hafi nɔnɔme sesẽ mawo nava Hiob dzi la, Mawu ŋutɔ gblɔ tso eŋu be “enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 1:8) Ŋudzedzekpɔɖeameŋunya siawo si Mawu gblɔ tso Hiob ŋu la ɖee fia kɔtɛ be nɔnɔme sesẽ siwo va edzi la menye tohehe tso Mawu gbɔ o.

Le nyateƒe me la, ame dzɔdzɔe siwo to nɔnɔme sesẽwo me ƒe ŋutinyawo le Biblia me taŋ. Togbɔ be Mawu subɔla wɔnuteƒee Yosef nye hã la, wodee gaxɔ me madzemadzee hena ƒe geɖe. (1 Mose 39:10-20; 40:15) “Lãmegbegblẽ enuenu” ɖe fu na Kristotɔ wɔnuteƒe Timoteo. (1 Timoteo 5:23) Wowɔ fu Yesu Kristo si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la kura gɔ̃ hã vevie, eye wòku le vevesese helĩhelĩ me mlɔeba. (1 Petro 2:21-24) Eya ta anye vodada be míaƒo nya ta be fukpekpewo nye Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu ƒe dzesi. Ke ne menye Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tsona o, eye wòanye ame bubu aɖee la, ke ame kae?

Nu Siwo Gbɔ Míaƒe Fukpekpewo Tsona

Biblia ɖee fia be Satana Abosam ye he fukpekpewo va Hiob dzi. (Hiob 1:7-12; 2:3-8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖee fia be Satana koŋ gbɔe kuxi siwo le mía dzi vam egbea la tso esime wògblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Esi Satana nye “xexe sia dzi ɖula” ta la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi woƒoa wo ɖokuiwo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo hea fukpekpe kple dzigbãnya manyagblɔwo vɛ la wɔwɔ me.—Yohanes 12:31; Psalmo 37:12, 14.

Ke hã, mele be míanɔ fɔ bum Abosam ɖe fukpekpe ɖe sia ɖe si va mía dzi la ta o. Le nu vɔ̃ kple blibomademade si dome míenyi ta la, míewɔa nyametsotso manyomanyo siwo tea ŋu hea kuxiwo vaa mía dzi. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Le kpɔɖeŋu me, bu ame aɖe si ŋutɔ ɖoe gbe nuɖuɖu nyuie eye meɖina ɖe eme nyui hã o ŋu kpɔ. Ne agbenɔnɔ sia va he lãmesẽkuxi aɖewo va edzi mlɔeba la, ɖe wòle be wòabu fɔ Abosam ɖe esia ta? Ao, nyametsotso maɖɔʋu si ame sia wɔ la me tsonu vɔ̃woe nye ema ŋem wòle. (Galatiatɔwo 6:7) Le go ma me la, ɖeko wòle abe ale si Biblia me lododo aɖe gblɔe ene be: “Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na.”—Lododowo 19:3.

Mlɔeba la, ele be míanya be afɔku siwo dzɔna ɖe mía dzi la dometɔ geɖe nyea “azãgbe kple nuɖiɖeame” me tsonuwo. (Nyagblɔla 9:11) Bu eŋu kpɔ be ame aɖee nye ema le vo me ko tsi te dzadza hele eƒom. Ne ɖeko tsia aƒoe vie alo ametia katã aƒo tsi kpenyee la, anɔ te ɖe afi si wòle hafi tsia te dzadza dzi. Nenema kee le “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” siawo si me míele me la, kuxi sue aɖewo ate ŋu atrɔ kpata ahe nɔnɔme sesẽ geɖewo ava ame dzi. (2 Timoteo 3:1-5) Ale si gbegbe nɔnɔme sesẽ mawo akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii la anɔ te ɖe ɣeyiɣi si me nua dzɔ kple nɔnɔme siwo me tom míele, siwo ŋu míate ŋu awɔ nu boo aɖeke, alo naneke kura le o la dzi. Ðe esia fia be nenema koe nɔnɔme sesẽwo anɔ mía dzi vam ɖaa?

Kuxiwo Katã Nu Ayi Kpuie

Dzidzɔtɔe la, Yehowa Mawu ahe kuxiwo katã ava nuwuwui kpuie. (Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 1:3; 21:3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖo la, eɖee fia be yetsɔa ɖe le eme na mí to “nufiafia” kple “akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me” nana mí me, bene míate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi fifia ahanɔ mɔ kpɔm na etsɔmeyayra wɔnuku siwo tu aƒe. (Romatɔwo 15:4; 1 Petro 5:7) Ɣemaɣi la, ame siwo nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume la anɔ agbe tegbee le xexe yeye aɖe me, afi si kuxi aɖeke magado nuƒo na wo le o.—Psalmo 37:29, 37.—g09 01-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ame vɔ̃ɖiwo koe toa nɔnɔme sesẽwo mea?—Hiob 1:8.

▪ Ðe wòle be míabu fɔ Abosam ɖe míaƒe kuxiwo katã ta?—Galatiatɔwo 6:7.

▪ Ðe fukpekpewo anɔ anyi ɖaa?—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

“Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11