Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Ana Nye Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu?

Aleke Mawɔ Ana Nye Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu?

Sɔhɛwo Biana Be

Aleke Mawɔ Ana Nye Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu?

“Ne nu geɖewo li nàwɔ le suku, le dɔme, alo le mia kple xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo dome la, ate ŋu awɔe be nàŋlɔ Mawu, ame si le vevie wu la, be ɣeaɖewoɣi.”—Faviola, 15, United States.

“MINƆ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17) “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.” (Romatɔwo 12:12) “[Mina] Mawu nanya miaƒe didiwo.” (Filipitɔwo 4:6) Ne Kristotɔe nènye la, anɔ eme godoo be ènya ŋɔŋlɔ mawo nyuie. Ànya se egɔme hã be gbedodoɖae nye dzeɖomɔnu wɔnukutɔ kekeake si li. Wò ya bu eŋu kpɔ ko—le ŋkeke alo zã ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me la, àte ŋu aƒo nu na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la faa! Eye Biblia gblɔ be: ‘Eɖoa to mí.’ *1 Yohanes 5:14.

Ke hã, abe sɔhɛ si ƒe nya dze le ŋgɔdonyaa me ene la, ɖewohĩ gbedodoɖa nyea nu sesẽ na wò hã. Ne nenemae la, nu kae nàte ŋu awɔ? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò be (1) nàde dzesi kuxia, (2) nàɖo taɖodzinu aɖe koŋ ku ɖe wò gbedodoɖawo ŋu, eye (3) nànya ale si nàʋu gbedodoɖa ƒe “ʋɔtru” la be nàte ŋu aɖo wò taɖodzinua gbɔ.

Gbã la, na míade dzesi kuxia. Nu kae sesẽna na wu le gbedodoɖa ŋu? Ŋlɔ ŋuɖoɖoa ɖe ete.

․․․․․

Afɔ evelia si nàɖee nye taɖodzinu aɖe ɖoɖo na ɖokuiwò. Tia taɖodzinu si gbɔ nàdi be yeaɖo la le esiwo le ete la dome, alo ŋlɔ wò ŋutɔ tɔwò ɖe afi si woŋlɔ ɖo be “Bubu.”

□ Madi be mate ŋu anɔ gbe dom ɖa edziedzi wu.

□ Madi be mana nye gbedodoɖawo naku ɖe nu vovovowo ŋu wu.

□ Madi be nye gbedodoɖawo nanye esiwo tso dzi me wu.

□ Bubu

“Ʋɔtru” La Ʋuʋu

Gbedodoɖa le abe ʋɔtru aɖe si nàte ŋu aʋu ɣesiaɣi ene. Gake sɔhɛ geɖewo agblɔ be yewomeʋua ʋɔtru sia edziedzi alo kabakaba ale si wòle be yewoawɔe o. Ne nenemae wòle le gowòme la, mègana ta o! Ède dzesi kuxia heɖo taɖodzinu na ɖokuiwò xoxo. Nu si ko hiã fifiae nye safui si nàtsɔ aʋu ʋɔtrua. Bu mɔxenu siwo nàte ŋu ado goe kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu wo dzi la ŋu kpɔ.

Mɔxenu: ŊUÐEÐI. “Ɣeaɖewoɣi la, nu gbogbo siwo gbɔ wòle be makpɔ wɔnɛ be meɖea ŋu ɖi le gbedodoɖa ŋu.”—Preeti, ƒe 20, Britain.

Safuia: “Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.”—Efesotɔwo 5:15, 16.

Aɖaŋuɖoɖo: Tia ɣeyiɣi si asɔ na wò nyuie hena gbedodoɖa gbe sia gbe la do ŋgɔ. Àte ŋu aŋlɔe ɖi abe ale si ko nèŋlɔa ɖoɖo vevi aɖewo ɖi bene yeate ŋu aɖo ŋku wo dzi ene. Yoshiko si le Japan, si xɔ ƒe 18 la gblɔ be: “Ne nyemeɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi hena gbedodoɖa o la, nu bubuwo wɔwɔ va xɔa nye ɣeyiɣiwo katã.”

Mɔxenu: SUSU ƑE NU ÐEKA ŊU MANƆMANƆ. “Ne mele gbe dom ɖa la, nye susu dzona le nya siwo gblɔm mele dzi henɔa tsatsam le nu vovovowo dzi.”—Pamela, ƒe 17, Mexico.

Safuia: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.”—Mateo 12:34.

Aɖaŋuɖoɖo: Ne wò susu gakpɔtɔ nɔa tsatsam kokoko la, anyo be nàna wò gbedodoɖawo nanɔ kpuie—va se ɖe esime wò susu te ŋu va le nu ɖeka ŋu nɔm wu. Aɖaŋuɖoɖo bubu: Do gbe ɖa tso nu siwo ŋu wò dzi ku ɖo la ŋu. Ƒe 14 vi Marina si le Russia gblɔ be: “Esi mege ɖe nye ƒewuiwo me la, meva te ŋugbledede tso nyateƒe si wònye be gbedodoɖa nye nuƒoƒo kple Mawu ŋutɔŋutɔ la ŋu vevie. Esia ʋãm mete ŋu ʋu nye dzi nɛ faa le gbedodoɖa me.”

Mɔxenu: NYA ÐEKA TƆGBI GBƆGBLƆ. “Meva kpɔe be nya ɖeka tɔgbiwo ko megblɔna le nye gbedodoɖawo me.”—Dupe, ƒe 17, Benin.

Safuia: “Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 77:13.

Aɖaŋuɖoɖo: Ne wò gbedodoɖawo va zu ko abe nya ɖeka tɔgbiwo gbɔgblɔ wo ŋu mabumabui ene la, dze agbagba nàŋlɔ nu nyui aɖe si Yehowa wɔ na wò gbe sia gbe la ɖi. Eye da akpe na Yehowa ɖe nu nyui ma ta. Ne èwɔ esia hena kwasiɖa ɖeka la, ana nàdo gbe ɖa tso nu yeye vovovo adre ŋu nya ɖeka tɔgbiwo magblɔmagblɔe. Wɔ alea le nu bubu siwo dzɔna gbe sia gbe la hã gome. Bruno si le Brazil, si xɔ ƒe 21 la gblɔ be: “Ne mele gbe dom ɖa la medzea agbagba tsɔa nye susu ɖoa nu siwo dzɔ le ŋkekea me dzi.” Samantha, si le United States, si xɔ ƒe 18 hã wɔna nenema ke. Egblɔ be: “Medzea agbagba ɖoa ŋku nu siwo dzɔ egbea, siwo to vovo na esiwo dzɔ le ŋkeke bubuwo dzi la dzi, eye nu mawo ŋue medoa gbe ɖa tso. Esia na meƒo asa na nya ɖeka tɔgbiwo gbɔgblɔ ɣesiaɣi.”

Mɔxenu: ÐIKEKE. “Ɣeaɖeɣi esi medo gbe ɖa tso kuxi aɖe si do mo ɖa le suku ŋu la, kuxia meɖɔ ɖo o. Le nyateƒe me la, kuxi geɖewo gava do mo ɖa boŋ. Megblɔ be, ‘Nu ka tae maganɔ gbe dom ɖa ɖo? Yehowa mele esem o ɖe!’”—Minori, ƒe 15, Japan.

Safuia: “Ne tetekpɔa va la, [Yehowa Mawu] ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.”—1 Korintotɔwo 10:13.

Aɖaŋuɖoɖo: Kakaɖedzi le nu ɖeka sia ŋu: Yehowa nye ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3) Eya ta ne èdo gbe ɖa tso nane ŋu la, wò susu neganɔ mɔ ɖeka aɖe si nu nèsusui be Yehowa aɖo eŋu to la dzi o. Le esi nànɔ ale si nèsusui be ŋuɖoɖoa avae lalam la, dze agbagba nàkpɔ mɔ bubu si nu ŋuɖoɖoa anya va le xoxo la boŋ. Nyateƒe si wònye be èkpɔtɔ le dzi dom abe Kristotɔ ene la ɖee fia be Yehowa ɖo wò gbedodoɖawo ŋu—menye to kuxia ɖeɖeɖa me o, ke boŋ to ŋusẽdodo wò be nàte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu me.—Filipitɔwo 4:13.

Mɔxenu: ŊUKPE. “Ne mebu nya si nye sukuhatiwo agblɔ ne wokpɔm mele gbe dom ɖa le ŋdɔnuɖuɣiwo ŋu la, ekpea ŋu nam ŋutɔ.”—Hikaru, ƒe 17, Japan.

Safuia: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu.’—Nyagblɔla 3:1.

Aɖaŋuɖoɖo: Togbɔ be gbedodoɖa le ɖoɖoezizi me ŋuɖɔɖotɔe ate ŋu awɔ dɔ nyui ɖe ame aɖewo dzi hã la, mehiã kokoko be nàna wòadze na amewo be èle gbe dom ɖa o. Le kpɔɖeŋu me, gbe kpui si nuteƒewɔla Nexemiya do ɖa le Fia Artaxsasta ŋkume la nye gbe si wòdo ɖa le ɖoɖoezizi me, eye nuŋlɔɖia megblɔ be fia la nya kura gɔ̃ hã be Nexemiya nɔ gbe dom ɖa o. (Nexemiya 2:1-5) Wò hã àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa le ɖoɖoezizi me, evɔ amewo manya be èle gbe dom ɖa o.—Filipitɔwo 4:5.

Mɔxenu: SESE LE AME ÐOKUI ME BE YEMEDZE O. “Nye kuxiwo le nyanya na Yehowa xoxo. Ne wo tsɔtsɔ ti kɔ nam la, ewɔ nam be anɔ nenema le eya hã gome! Mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be nyemedze aƒo nu nɛ o.”—Elizabeth, ƒe 20, Ireland.

Safuia: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’—1 Petro 5:7.

Aɖaŋuɖoɖo: Zã mawunyakpukpui siwo gbɔna nàtsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ to numekukuwɔwɔ kple ŋugbledede tso wo ŋu me: Luka 12:6, 7; Yohanes 6:44; Hebritɔwo 4:16; 6:10; 2 Petro 3:9. Mawunyakpukpui siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be Yehowa dina be yease wò nyawo, eye be mehiã be nànye ameŋkuta aɖe le mawusubɔsubɔ me hafi wòaɖo to wò o. Hakpala David—si to dzimaɖitsitsi kple xaxa geɖewo me la—gblɔ kakaɖedzitɔe be ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.’ *Psalmo 34:19.

Nyateƒe si wònye be Yehowa ŋutɔ ɖoa to wò gbedodoɖawo la fia be etsɔa ɖe le eme na wò. Nicole si le Italy, si xɔ ƒe 17 la gblɔ be: “Yehowa metsɔe de mawudɔlawo si be woase míaƒe gbedodoɖawo na ye o. Edze ƒãa be esi wònye eya ŋutɔe sea míaƒe gbedodoɖawo ta la, wole vevie nɛ ale gbegbe.”—g08 11-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Esi wònye be menye gbeɖiɖi ƒe kadodowo dzie Wɔla la nɔa te ɖo hafi sea nya o ta la, ate ŋu ‘ase’ nya siwo míagblɔ le dzi me le ɖoɖoezizi me kura gɔ̃ hã.—Psalmo 19:15.

^ mm. 32 Ne èsena le ɖokuiwò me be Mawu meɖoa to yeƒe gbedodoɖawo o, le nu vɔ̃ gã aɖe si nèwɔ ta la, dze agbagba nàgblɔe na dziwòlawo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “[yɔ] hamemetsitsiwo woava [na kpekpeɖeŋu wò].” (Yakobo 5:14) Hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ƒomedodo nyui nagava ɖo mia kple Mawu dome ake.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nu kawoe le vevie na Yehowa siwo ŋu nàte ŋu ado gbe ɖa le?

▪ Nu siwo ka ame bubuwo kawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa le na Yehowa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Gbedodoɖa le abe ame ƒe gbe sia gbe nuwɔnawo ŋuti nuŋlɔɖi si me nyawo le nyanya na mia kple Yehowa ɖeɖe ko ene.”—Olayinka, Nigeria.

“Tsɔe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le asiwò si nèna nu geɖe. Eye gbe ɖeka ko, xɔ̃wò ma dzudzɔ nuƒoƒo na wò. Nenemae Yehowa ase le eɖokui me ne èdzudzɔ gbedodoɖa nɛ.”—Chinta, Australia.

“Mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be mesɔ be maɖe nye seselelãmewo agblɔ o. Gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be naneke megblẽ le eŋu be ame nàɖe eƒe dzidzɔ, blanuiléle, kple nuteɖeamedziwo agblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me o. Fiafia la, nye seselelãmewo ŋuti nukpɔsusu nyui va su asinye.”—Amber, United States.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ne wò gbedodoɖa ƒe ʋɔtrua le dodo la, zã safui siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me nàtsɔ aʋui