Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Italy

Le ƒe 2011 me la, gasɔ siwo wodzra le Italy sɔ gbɔ wu ʋu siwo wodzra. Wogblɔ be nu siwo gbɔ wòtso la dometɔ aɖewoe nye ganyawo ƒe sesẽ, mɔ̃memi ƒe asixɔxɔ kple ale si ʋudzadzraɖo xɔ asie. Gake gasɔ ya dzadzra ɖo mexɔ asi boo o, ezazã le bɔbɔe, eye wòdea ame dzi hã.

Armenia

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Armenia dziɖuɖua be etu afɔkpo ɖekakpui 17, siwo katã nye Yehowa Ðasefowo, ƒe gomenɔamesi. Ðekakpui siawo gbe be yewomawɔ kpekpeɖeŋunadɔ si dziɖuɖua bia tso yewo si si asrafomegãwo axɔ ŋgɔ na la o. Wobia tso dziɖuɖua si be wòaxe nugblẽfe kple gã siwo ɖekakpui 17-awo gblẽ le senyawo me la na wo.

Japan

Zi geɖe la, Internet dzi hahoo kadodowo wɔa akpa aɖe le ɖevi siwo dzea nu vlo wɔlawo si me la me. Ðevi siawo ƒe 63 le alafa me dzilawo mexlɔ̃ nu wo tso afɔku ma ŋu o. Le nya 599 siwo gbɔ wokpɔ me la, nu vlo wɔla 74 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be ɖeviwo gbɔ dɔdɔ tae yewozãa Internet dzi hahoo kadodowo ɖo.

China

Be China-dugã geɖe naɖe ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe mɔ dzi fũu dzi akpɔtɔ la, woɖe ʋu agbɔsɔsɔ me si woade agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ la dzi kpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, wode se le fiadu Beijing me be ʋu 240,000 koe woade agbalẽ me le ƒe ɖeka me. Le ƒe 2012 ƒe August me la, ame 1,050,000 kpɔ gome le lotodada si woɖo be woatsɔ ade ame 19,926 siwo aɖui la ƒe ʋu agbalẽ me la me, si fia be lotoa dala 1 le 53 me ƒe ʋu koe woade agbalẽ me.