Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Blanuiléledɔ

Blanuiléledɔ

Nu kae nye blanuiléledɔ?

“Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m eye ŋkeke bliboa mele yiyim le nuxaxa me.”—Psalmo 38:6, Agbenya La.

NYA SIWO NUMEKULAWO GBLƆNA

Mí katã míeléa blanui ɣeaɖewoɣi, gake blanuiléledɔ ya nana wɔna vɔna le ame ŋu eye wònana ame megatea ŋu wɔa eƒe gbe sia gbe dɔwo ale si dze o. Ele be míanya be ɖɔktawo katã ƒe nu mesɔ le nu si nye blanuiléle kple blanuiléledɔ gome o. Ke hã míate ŋu agblɔe wòasɔ be nu tena ɖe ame aɖewo dzi vevie eye ɣeaɖewoɣi la, wobua fɔ wo ɖokuiwo vevie hesusunɛ be yewomele bo aɖeke nu o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Woƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu siwo dzi nu te ɖo vevie la ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Xana ‘xa nu vevie,’ si gɔme woɖe le Biblia aɖewo me be eƒe “dzi gbã” kple elé “blanui vevie.” (1 Samuel 1:10) Ɣeaɖeɣi la, nu te ɖe nyagblɔɖila Eliya dzi ale gbegbe be wòdo gbe ɖa na Mawu be wòaɖe yeƒe agbe ɖa.1 Fiawo 19:4

Wogblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woaƒo nu “na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nyagbɔgblɔ “luʋɔ siwo lé blanui” ate ŋu afia ame siwo “agbemekuxiwo do agba na hena ɣeyiɣi aɖe.” Edze ƒãa be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la gɔ̃ hã lé blanui ɣeaɖewoɣi.

 Ame si le blanuiléledɔ lém la ƒe vodadae wònyea?

“Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae.”—Romatɔwo 8:22.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia fia nu be aglã si atsu kple asi gbãtɔ dze la gbɔe wòtso be míeléa dɔ. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 51:7 gblɔ be: “Vodada me wodzim ɖo, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.” Eye Romatɔwo 5:12 hã gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam si nye amegbetɔ gbãtɔ] dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” Esi míenyi blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ ta la, mí katã míeléa dɔ eye nu tena ɖe mía dzi. Ale wɔ Biblia gblɔ be, “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae.” (Romatɔwo 8:22) Ke hã Biblia na mɔkpɔkpɔ aɖe mí si dɔdala aɖeke mate ŋu ana o, eyae nye be Mawu do ŋugbe be yeana xexe yeye si me ŋutifafa anɔ nava eye dɔléle kple seselelãmedɔwo, siwo dometɔ ɖekae nye blanuiléledɔ, katã nu ayi.Nyaɖeɖefia 21:4.

Aleke nàwɔ anɔ te ɖe blanuiléledɔ nu?

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”Psalmo 34:19.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Màte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nɔnɔmewo dzi ɣesiaɣi o, eye nu madeamedziwo adzɔ ɖe mía dzi ɣeaɖewoɣi godoo. (Nyagblɔla 9:11, 12) Ke hã àte ŋu aɖe afɔ aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nuteɖeamedziwo nagakpe dziwò o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be ame siwo le dɔ lém la hiã atikewɔlawo. (Luka 5:31) Eya ta ne èléa blanui wògbɔa eme la, anyo be nàdi atikewɔlawo ƒe mɔ. Biblia na míenya hã be gbedodoɖa le vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 55:23 gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” Menye nu si ana ame nase le eɖokui me be yekpɔ gbɔdzɔe dzro aɖe koe gbedodoɖa nye o, ke boŋ enye nuƒoƒo ŋutɔŋutɔ kple Yehowa Mawu ame si “tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.”Psalmo 34:19.

Ate ŋu aɖe vi na wò hã be nàɖe wò dzimenyawo agblɔ na xɔ̃wò vevi aɖe. (Lododowo 17:17) Daniela si nye Yehowa Ðasefo gblɔ be: “Haxɔsetɔ aɖe de dzi ƒo nam xɔlɔ̃wɔwɔtɔe be míaɖo dze tso nye blanuiléledɔa ŋu. Togbɔ be menɔ sisim le dzeɖoɖo sia nu ƒe geɖee nye ema hã la, meva kpɔe be ɖe wòle be maɖo dze tso nya sia ŋu nɛ xoxoxo. Nye dzi dze eme ale gbegbe le dzeɖoɖo ma megbe.”