Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Melé Blanuia?

Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Melé Blanuia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃, elabe “Mawu, ame si faa akɔ na ame siwo ŋu nu te la” gbɔe kpekpeɖeŋu nyuitɔ kekeake tsona.​—2 Korintotɔwo 7:6.

Ale si Mawu kpena ɖe ame siwo lé blanui ŋui

  •   Ŋusẽ. Mawu ‘ado ŋusẽ’ wò. Esia mefia be aɖe wò kuxiawo katã ɖa o, ke boŋ aɖo wò gbedodoɖawo ŋu ne èdo gbe ɖa nɛ be wòado ŋusẽ ye yeanɔ te ɖe kuxia nu. (Filipitɔwo 4:13) Ka ɖe edzi be ele klalo be yease wò gbedodoɖawo, elabe Biblia gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Le nyateƒe me la, Mawu ate ŋu ase gbe siwo nàdo ɖa nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu, nenye be mete ŋu gblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ o hã.​—Romatɔwo 8:26, 27.

  •   Kpɔɖeŋu nyuiwo. Biblia-ŋlɔla aɖe do gbe ɖa na Mawu be: “Yehowa, [nye nuxaxa ƒe] globoƒe mele yɔwòm tso!” Hakpala sia kpɔ akɔfafa le eƒe blanuilélea me esi wòɖo ŋku edzi be Mawu lɔ̃na faa tsɔa míaƒe vodadawo kea mí. Eya tae wògblɔ na Mawu be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame ka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.”​—Psalmo 130:1, 3, 4.

  •   Mɔkpɔkpɔ. Tsɔ kpe ɖe ale si Mawu faa akɔ na mí egbeae ŋu la, edo ŋugbe be yeaɖe kuxi siwo katã nana míeléa blanui la ɖa keŋkeŋ. Ne ŋugbedodo ma va eme la, “womagaɖo ŋku tsãtɔwo [siwo dome blanuiléledɔ hã le] dzi, alo woava ame ƒe ta me o.”—Yesaya 65:17.

 De Dzesii: Togbɔ be mí Yehowa Ðasefowo míelɔ̃ ɖe edzi be Mawu naa kpekpeɖeŋu ame siwo lé blanui hã la, míeyia kɔdzi ne míele dɔ, siwo dometɔ ɖekae nye blanuiléledɔ sesẽ, lém. (Marko 2:17) Ke hã míekafua dɔdamɔnu aɖeke be eyae nyo wu o, eye míebunɛ be ame ŋutɔe atso nya me le nya mawo ŋu.