Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?

Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ŋkɔ le ame sia ame si. Ðe mesɔ be ŋkɔ nanɔ Mawu hã si oa? Ame nɔewo ŋkɔnyanya kple eyɔyɔ wɔa kpa vevie aɖe le xɔlɔ̃kadodowo me. Ðe mele be wòanɔ alea le xɔlɔ̃wɔwɔ kple Mawu hã gome oa?

 Mawu gblɔ le Biblia me be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.” (Yesaya 42:8) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo, abe “Mawu ŋusẽkatãtɔ,” “Aƒetɔ Dziɖulagã” kple “Wɔla” le Mawu si hã la, ede bubu esubɔlawo ŋu esi wòbia tso wo si be woayɔ ye ŋkɔ ŋutɔ.—1 Mose 17:1; Dɔwɔwɔwo 4:24; 1 Petro 4:19.

 Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me le 2 Mose 6:3. Afi ma gblɔ be: “Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene; ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.”

 Yehowa ye nye ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔe le Eʋegbe me ƒe alafa geɖewoe nye esia. Togbɔ be agbalẽnyala geɖewo lɔ̃a “Yahweh” zazã hã la, Yehowa ye ame akpa gãtɔ ya zãna. Hebrigbe mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa gbãtɔ ɖo. Le gbe sia me la, woxlẽa nu tso ɖusime yia miame me, eye mele abe Eʋegbe ene o. Le Hebrigbea me la, xaxagbeɖiɖi ene, siwo nye יהוה ye wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe. Amewo lɔ̃a Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene mawo, siwo nye YHWH le míaƒe ŋɔŋlɔdzesi nu la yɔyɔ be Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene.