Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kae Nye Yehowa?

Ame Kae Nye Yehowa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Yehowae nye Mawu vavã si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me, eyae nye nuwo katã Wɔla. (Nyaɖeɖefia 4:11) Nyagblɔɖila siwo ŋkɔe nye Abraham kple Mose subɔ eya amea, eye Yesu hã subɔe. (1 Mose 24:27; 2 Mose 15:1, 2; Yohanes 20:17) Eyae nye “anyigba blibo la katã” ƒe Mawu, ke menye dukɔ ɖeka aɖe ko tɔ o.—Psalmo 47:2.

 Biblia na míenya be Yehowa ye nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖeka kolia. (2 Mose 3:15; Psalmo 83:18) Ŋkɔ sia tso Hebrigbe me dɔwɔnya “evaa eme” me, eye agbalẽnyalagã geɖewo gblɔ be ŋkɔa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Gɔmeɖeɖe sia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe ɖoƒe abe Wɔla kple Ame si nana be eƒe tameɖoɖo vaa eme ene la nyuie ŋutɔ. (Yesaya 55:10, 11) Biblia gakpe ɖe mía ŋu míenya Ame si tutu Yehowa nye, vevietɔ míenya nu tso eƒe nɔnɔme vevitɔ si nye lɔlɔ̃ ŋu.—2 Mose 34:5-7; Luka 6:35; 1 Yohanes 4:8.

 Ŋkɔ Yehowa nye Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo nye יהוה (YHWH) siwo wozãna na Mawu la gɔme ɖeɖe ɖe Eʋegbe me. Mímenya ale si tututu woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa le Hebrigbe si wodona le blema la me o. Ke hã, woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ le Eʋegbe me be “Yehowa” tso gbe aɖe gbe ke, eye le Eŋlisigbe me la, edze zi gbãtɔ le William Tyndale ƒe Biblia si wota le ƒe 1530 me la me. a

Nu ka tae mímenya ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa le blema Hebrigbea me o?

 Womeŋlɔa ablɔɖegbeɖiɖiwo le blema Hebrigbea me o, ke xaxagbeɖiɖiwo ko woŋlɔna. Ne Hebritɔwo le nu xlẽm la, woawo ŋutɔ wotea ŋu yɔa ablɔɖegbeɖiɖi siwo hiã la bɔbɔe. Gake esi wowu Hebri Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Xoxoa”) ŋɔŋlɔ nu la, aʋatsodzixɔsewo na be Yudatɔ aɖewo de se be mesɔ be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ o. Eya ta ne wole mawunyakpukpui siwo me Mawu ƒe ŋkɔa dze le xlẽm la, wotsɔa nyagbɔgblɔ siwo dometɔ aɖewoe nye “Aƒetɔ” alo “Mawu” ɖɔlinɛ. Le ƒe alafa geɖe megbe la, aʋatsodzixɔse sia va kaka eye ale si woyɔa ŋkɔa la bu keŋ. b

 Ame aɖewo susui be ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa lae nye “Yahwé,” eye ame bubuwo hã do susu bubuwo ɖa. Woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa le agbalẽ xatsaxatsa aɖe si wofɔ le Ƒukukua me si dzi Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe akpa aɖe le le Helagbe me be Iao. Helagbe me agbalẽŋlɔla gbãtɔwo hã gblɔ be ele be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔa be Iae, I·a·beʹ kple I·a·ou·eʹ, gake womate ŋu aɖo kpe edzi be ŋkɔ siawo dometɔ aɖee woyɔ na Mawu le blema Hebrigbe me o. c

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa dede Biblia me ŋu

 Susu totro: Ne “Yehowa” dze le Biblia aɖe me la, ke ɖe wotsɔ ŋkɔ sia kpe Biblia me nyawo.

 Nyateƒea: Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa dze zi 7,000 aɖewo le Biblia me. d Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia geɖe me madzemadzee, eye wotsɔ bubuŋkɔ siwo dometɔ aɖee nye “Aƒetɔ” ɖɔlinɛ.

 Susu totro: Mehiã be ŋkɔ tɔxɛ aɖeke nanɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la si o.

 Nyateƒea: Mawu ŋutɔ na eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia-ŋlɔlawo wozã eƒe ŋkɔa zi akpe geɖe, eye wòde se hã be ye subɔlawo nazã ŋkɔ ma. (Yesaya 42:8; Yoel 2:32; Malaki 3:16; Romatɔwo 10:13) Le nyateƒe me la, Mawu bu fɔ aʋatsonyagblɔɖila siwo dze agbagba be yewoana amewo naŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ be la.​—Yeremiya 23:27.

 Susu totro: Le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, ele be woaɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia me.

 Nyateƒea: Enye nyateƒe be Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo gbe be yewomayɔ Mawu ƒe ŋkɔa o ya. Gake womeɖe ŋkɔa ɖa le woƒe Bibliawo me o. Gake vevietɔ wue nye be Mawu medi be míalé amegbetɔwo ƒe kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple eƒe sededewo o la me ɖe asi o.​—Mateo 15:​1-3.

 Susu totro: Mele be woaŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖe Biblia me o elabe ame aɖeke menya ale si tututu woyɔe le Hebrigbea me o.

 Nyateƒea: Tamebubu alea afia be Mawu le mɔ kpɔm be gbe vovo dolawo katã nayɔ eƒe ŋkɔa le mɔ ɖeka nu. Ke hã, Biblia ɖee fia be Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema siwo nye gbe vovo dolawo la yɔa ŋkɔ tɔxɛwo le mɔ vovovowo nu.

 Le kpɔɖeŋu me, bu Israel-viwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la Yosua ƒe ŋkɔa ŋu kpɔ. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo doa Hebrigbe yɔa Yosua be Yehoh·suʹa, evɔ Helagbedolawo ya ayɔe be I·e·sousʹ. Woŋlɔ ale si woyɔa Yosua ƒe ŋkɔa le Helagbe me ɖe Biblia me, eye esia fia be Kristotɔwo ɖe afɔ si me nunya le si nye be woaŋlɔ ŋkɔ tɔxɛwo le ale si ame akpa gãtɔ yɔa wo le wo degbea me la nu.​—Dɔwɔwɔwo 7:45; Hebritɔwo 4:8.

 Woate ŋu aɖe afɔ ma ke le Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖeɖe hã gome. Togbɔ be ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋutɔŋutɔ le vevie hã la, ŋkɔa dede afi siwo tututu wòdze le le Biblia me ya gale vevie sãsãsã wu.

a Tyndale zã Mawu ƒe ŋkɔa ƒe gɔmeɖeɖe si nye “Iehouah” le Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔ siwo gɔme wòɖe me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Eŋlisigbea trɔ, eye wotrɔ asi le Mawu ƒe ŋkɔa ŋɔŋlɔ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1612 me la, Henry Ainsworth zã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Iehovah” le Psalmowo ƒe agbalẽ blibo si gɔme wòɖe la me. Gake esi wòtrɔ asi le agbalẽ sia ŋu le ƒe 1639 me la, ezã ŋkɔa ƒe ŋɔŋlɔ si nye “Jehovah” boŋ. Nenema kee le American Standard Version Biblia si wota le ƒe 1901 me me la, wozã “Jehovah” le afi siwo katã Mawu ƒe ŋkɔa dze le le Hebrigbe me nuŋlɔɖiawo me.

b New Catholic Encyclopedia, Tata Evelia, Babla 14, axa 883-​884 gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi le Aboyomeyiyia megbe la, wova te bubu tɔxɛ aɖe dede ŋkɔ Yahwé ŋu, eye woɖɔlii nɛ kple nya si nye ADONAI alo ELOHIM.”

c Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le Megbenyawo A4, “Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me,” le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me.

d Kpɔ Theological Lexicon of the Old Testament, Babla 2, axa 523-​524.