Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | HANS KRISTIAN KOTLAR

Nu Gbagbewo Ŋuti Nunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Nu Gbagbewo Ŋuti Nunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Le ƒe 1978 me la, Ðɔkta Hans Kristian Kotlar dze eƒe agbemedɔ gbãtɔ abe dzɔdzɔmeŋutinunyala ene gɔme le Norwegian Radium Hospital. Ekua nu me tso dzɔdzɔmenuwo ŋu. Eku nu me tso kansadɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete hã ŋu. Ɣemaɣi la, eva di vevie be yeanya ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ. Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso eƒe numekukuwo kple eƒe mawudzixɔse ŋu.

Nu kae na nètsɔ ɖe le ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ kple nu si tae míele agbe ɖo la me?

Tɔ́nye nye Katolikotɔ eye Nɔnye nye Protestanttɔ. Gake wometsɔa mawusubɔsubɔ nu vevie o. Esime menye ŋutsuvi dzaa la, medea ŋugble tso nu si tae míele agbe ɖo la ŋu, eye mexlẽ agbalẽwo tso Buddha Subɔsubɔha, Hindu Subɔsubɔha kple Islam Subɔsubɔha ŋu. Mebia Mawu gɔ̃ hã kpɔ be wòana manya nyateƒe la.

Le ƒe 1970 ƒe ƒeawo me la, wova wɔ ŋgɔyiyi ɖedzesi geɖewo le lãmenugbagbeviwo ŋuti nunya me, eye mesusui be esia ate ŋu ana woava nya ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ. Nu gbagbewo ƒe lãmenugbagbeviwo ƒe wɔwɔme wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eya ta metiae be masrɔ̃ nu tso nu gbagbewo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, nufialawo dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si, eye mexɔ woƒe nyawo dzi se.

Nu ka tae nètsɔ ɖe le Biblia me?

Yehowa Ðasefo eve va míaƒe aƒe me gbe ɖeka. Togbɔ be wodo vivi ɖe ŋunye hã la, meblu ɖe wo ta, eye megblɔ be nyemedi be mase woƒe nyawo o. Srɔ̃nye se mía ŋkɔ, eye wògblɔ nam be: “Srɔ̃nye Hans Kristian, mèwɔe nyuie o. Menye wòe dina be yeanya nu si ta míele agbe ɖo oa?” Mekpɔe be eƒe nya le eme; ŋu kpem. Ale wɔ mesi du dze Ðasefoawo yome. Esi míenɔ dze ɖom la, megblɔ na wo be medi be manya nenye be Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya.

Aleke wowɔ nui?

Woxlẽ nya si Biblia gblɔ tso afi si dzɔdzɔmeŋusẽ si le xexea me la dzɔ tso la ŋu nam. Mawunyakpukpui si woxlẽ nam la gblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo? . . . Wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.” * Nya sia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Eye susu le eme hã be míaxɔe ase be Nunyala aɖe kokoko gbɔe dzɔdzɔmeŋusẽ  si na nuwo le ɖoɖo nu le xexea me la tso.

Ðe susu si le asiwò tsã be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si la trɔa?

Vivivi la, meva nɔ dzesi demee be kpeɖodzi boo aɖeke mele ame siwo fiaa nu be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si ƒe nufiafia vovovoawo ŋu o. Le nyateƒe me la, wonye nya siwo wokpa be woatsɔ aɖee afia be ɖe nu gbagbewo ƒe lãmenu siwo ƒe wɔwɔme wɔ nuku, abe woƒe dɔlélenutsiŋutete ene la, dzɔ le vo me. Zi ale si meyi edzi le nu srɔ̃m tso dɔlélenutsiŋutete ŋu la, zi nenemae mekpɔnɛ be eƒe wɔwɔme de ŋgɔ eye wòwɔa dɔ nyuie ŋutɔ. Eya ta nye numekukuwo na meƒo nya ta be Wɔla nyanu aɖee wɔ nu gbagbewo.

Nye numekukuwo na meƒo nya ta be Wɔla nyanu aɖee wɔ nu gbagbewo

Àte ŋu agblɔ nu siwo ɖo kpe edzi be ɖe wowɔ nu gbagbewo la dometɔ aɖewo na mía?

Dɔlélenutsiŋutete ƒe wɔwɔme kple eƒe dɔwɔwɔ keke ta eye wowɔ wo wonye ŋutilãtakpɔnuwo koŋ tso dɔlékui vovovowo si me. Ŋutilãtakpɔnu siawo le hatsotso eve me eye wowɔa dɔ aduadu. Hatsotso gbãtɔ hona ɖe dɔlékui siwo ge ɖe ŋutilã me ŋu le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me. Gake exɔa ŋkeke geɖe hafi hatsotso evelia hona ɖe dɔlékuiawo ŋu eye wòdzidzea dɔlékuiawo pɛpɛpɛ hedzea wo dzi abe ale si wodzidzea aŋutrɔ hedanɛ ene. Ŋutilãtakpɔnu ƒe hatsotso evelia sia me tɔwo ɖoa ŋku nu dzi ŋutɔ. Eya ta ne dɔlékui mawo ke gage ɖe ŋutilã me le ƒe aɖewo megbe gɔ̃ hã la, wodea dzesi wo hehoa aʋa ɖe wo ŋu enumake. Dɔlélenutsiŋutetea wɔa dɔ nyuie ale gbegbe be míenyana kura be dɔlékuiwo ge ɖe míaƒe ŋutilã me eye takpɔnuwo wɔ avu kpli wo o. Eye nu si gawɔ nukue nye ale si dɔlélenutsiŋutetea tea ŋu dea vovototo nu siwo tso gota ge ɖe lã me kple lãmenugbagbevi alafa geɖe siwo le míaƒe lã me la dome.

Gblɔe na mí, nu kae dzɔna ne dɔlékui aɖe ge ɖe ŋutilã me?

Dɔlékuiwo toa míaƒe dzitodzito, nuɖuɖu, aɖiɖɔtoe kple ŋutigbalẽ me gena ɖe míaƒe lã me. Ne míaƒe dɔlélenutsiŋutetea de dzesii be dɔlékuiwo ge ɖe míaƒe lã me la, enana be ŋutilãtakpɔnu geɖewo hoa aʋa ɖe dɔlékuiawo ŋu ɖe wo nɔewo yome. Ŋutilãtakpɔnu ɖe sia ɖe ƒe hoho nana be bubu si sẽ wui hona ɖe eyome hewɔa avu kple dɔlékuiawo vevie. Ale si nu sia yia edzii la gɔme sese mele bɔbɔe o!

Ke ɖe míate ŋu agblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya na nègaxɔ Mawu dzi se wua?

Nenema tututue! Ale si míaƒe dɔlélenutsiŋutete sẽ ŋu kple ale si eƒe dɔwɔwɔ de ŋgɔe la ɖo kpe edzi be Wɔla nyanu lɔ̃ame aɖee wɔ nuwo. Magblɔ kpee be dzɔdzɔmeŋutinunya na hã be megaxɔ Biblia dzi se wu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 17:22 gblɔ na mí be “dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana.” Numekulawo va de dzesii be míaƒe seselelãmewo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dɔlélenutsiŋutete ƒe dɔwɔwɔ nyuie dzi. Nuxaxa ate ŋu ana be míaƒe ŋutilãtakpɔnuwo nagbɔdzɔ.

Mia tɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe mexɔ Mawu dzi se o, nu ka gbɔe wòtso?

Susu vovovowo tae. Abe ale si wònɔ le gonyeme ene la, ɖeko wo dometɔ aɖewo xɔa nu siwo wofiaa wo le suku dzi sena. Ðewohĩ wosusuna be kpeɖodzi sẽŋuwo le nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la ŋu. Wo dometɔ geɖe hã mebua tame boo tso ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ la ŋu o. Eɖe fu ŋutɔ! Ðe wòle be woabia nya geɖe tso nufiafia sia ŋu hafi.

Nu ka tae nèva zu Yehowa Ðasefo?

Yehowa Ðasefowo ƒe amedzrowɔwɔ kple ale si woxɔ ŋugbe si Wɔlaa do ku ɖe etsɔme nyui aɖe ŋu dzi se la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. * Ðe wokua nyawo me tsitotsito hekpɔa kpeɖodzi na wo hafi xɔa wo dzi sena, ke menye nyakpakpa alo nususugblɔwo dzie woxɔna sena o. *