Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Konstantino

Konstantino

Konstantino nye Romatɔwo ƒe fiagã gbãtɔ si gblɔ be yezu Kristotɔ. Eto esia me kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe xexemeŋutinya dzi. Eva zu Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha si wolé fui tsã la me tɔ eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔha sia dzi hekpe asi ɖe eŋu woɖo Kristodukɔa anyi. Eya ta The Encyclopædia Britannica gblɔ be yeaɖi Kristotɔnyenye va zu “hadome kple dunyahehe ƒe dɔwɔnu sesẽtɔ kekeake” si kpɔ ŋusẽ ɖe xexemeŋutinya dzi.

NU KA TAE nàtsɔ ɖe le Roma-fiagã aɖe si nɔ anyi le blema la ƒe ŋutinya me? Ne ètsɔ ɖe le Kristotɔnyenye me la, ke nyae be Konstantino ƒe dunyahehe kple eƒe subɔsubɔnuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe sɔlemeha geɖewo ƒe dzixɔsewo kple woƒe nuwɔnawo dzi va se ɖe egbe. Na míakpɔ ale si esia dzɔe la ɖa.

WOÐO SƆLEMEHAWO LE SE NU HEZÃ WO

Le ƒe 313 me la, Konstantino nɔ Ɣetoɖoƒe Roma-fiaɖuƒea dzi ɖum esime Likinio kple Maximino hã nɔ Ɣedzeƒe fiaɖuƒea dzi ɖum. Konstantino kple Likinio siaa na ablɔɖe woƒe dukɔmeviwo be woate ŋu asubɔ woƒe mawuwo faa, eye ablɔɖe sia su Kristotɔwo hã si. Konstantino kpɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha ta eye wòsusui be subɔsubɔha sia awɔe be yeƒe fiaɖuƒea nawɔ ɖeka. *

Eya ta medzɔ dzi na Konstantino kura be mama le sɔlemehawo dome o. Esi wòdi vevie be yeana sɔlemehawo ƒe nu nasɔ ta la, edze agbagba ɖo dzixɔse si wòbu be eyae nye adodoea anyi eye wòzii ɖe wo dzi. Ele na bisiɔpwo be woaɖe asi le woƒe subɔsubɔdzixɔse aɖewo ŋu. Eye bisiɔp siwo lɔ̃ wɔ esia megaxea adzɔ o, eye fiagã la naa ga geɖe wo. Blemaŋutinyaŋlɔla Charles Freeman gblɔ be: “Kristotɔwo ƒe dzixɔse siwo wogblɔ be enye adodoea nana ame ƒe asi sua dziƒo kple anyigbadzikesinɔnu gbogbo aɖewo siaa dzi.” Ale wɔ  sɔlemehakplɔlawo zu ame xɔŋkɔwo le xexemenyawo me. Blemaŋutinyaŋlɔla A.H.M. Jones gblɔ be: “Ekpɔ sɔlemehaa ta gake eɖu aƒetɔ hã ɖe edzi.”

“Ekpɔ sɔlemehaa ta gake eɖu aƒetɔ hã ɖe edzi.”—A.H.M. Jones, blemaŋutiŋlɔla

KRISTOTƆNYENYE KAE WOÐO ANYI?

Kristotɔnyenye si do tso Konstantino kple bisiɔpwo ƒe ɖekawɔwɔ mee nye xɔse-vi-ɖe-bo-vi-ɖe. Nenema ko wòate ŋu adzɔe, elabe menye mawusubɔsubɔ vavã dimee fiagã la nɔ o ke boŋ ale si ɖekawɔwɔ nanɔ subɔsubɔhawo dome ye nɔ vevie nɛ. Ele eme nenema elabe eya ŋutɔ hã trɔ̃subɔdukɔ ƒe fiae wònye. Blemaŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena Konstantino “ɖoe koŋ nɔa evedomesi le eƒe nuwɔnawo kple dziɖunyawo me” le esi wòdi be yeadze trɔ̃subɔlawo kple Kristotɔwo siaa ŋu ta.

Togbɔ be Konstantino gblɔna be Kristotɔ akuakuae yenye hã la, eƒe afɔ ɖeka nɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha me eye evelia nɔ trɔ̃subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ekaa ɣletivimefa hekpɔa gome le afakaka ƒomevi bubu siwo Biblia tsri la hã me. (5 Mose 18:10-12) Le Konstantino ƒe Ŋkuɖodzikpe si le Roma dzi la, wota Konstantino wònɔ vɔ sam na legbawo. Eyi edzi taa ɣemawu ƒe nɔnɔme ɖe gakuwo dzi tsɔ dea bubu eŋu, eye wòdo ɣemawu la subɔsubɔ ɖe ŋgɔ. Le Konstantino ƒe tsitsime la, ena wòtu gbedoxɔ na eya kple eƒe ƒomea le Umbria si nye Italy-du sue aɖe la me, eye wòɖo trɔ̃nuwo be woasubɔ le afi ma.

Konstantino he eƒe mawutsideta abe “Kristotɔ” ene ɖe megbe va se ɖe esime wòsusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo wòaku le ƒe 337 me hafi. Agbalẽnyala geɖewo susui be ehe eƒe mawutsideta ɖe megbe ale be Kristotɔwo kple trɔ̃subɔla siwo le eƒe fiaɖuƒea me la siaa nade eƒe dziɖuɖua dzi. Le nyateƒe me la, eƒe agbenɔnɔ kple eƒe mawutsideta hehe ɖe megbe fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te nenye be exɔ Kristo dzi se vavã. Gake kakaɖedzi le nu ɖeka ya ŋu: Sɔlemeha si Konstantino ɖo anyi le se nu la va zu dunyahehe kple mawusubɔsubɔ ƒe habɔbɔ sẽŋu aɖe, enye habɔbɔ si trɔ ɖa le Kristo yome heku ɖe xexea ŋu. Evɔ Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yohanes 17:14) Sɔlemeha sia si và xexea goŋgoŋ azɔ la mee sɔlemeha gbogbowo do tso hekaka ɖe anyigba la dzi.

Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Mele be míaxɔ sɔlemeha aɖeke ƒe nufiafiawo dzi ase ko o, ke boŋ ehiã be míado woƒe nufiafiawo kpɔ be wosɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu hã.1 Yohanes 4:1.

^ mm. 6 Ame geɖe meda asi ɖe edzi be Kristotɔ akuakuae Konstantino nye o, eye numekugbalẽ aɖe gblɔ be esia ƒe akpa aɖe anya tso “ale si wòdze ƒãa be eɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu aɖewo ŋu le eƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu gɔ̃ hã” gbɔ.