Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe woava drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo gbe aɖe gbea?

Ðe nàgblɔ be

  • Ɛ̃

  • Ao

  • Nyemenya oa?

Nya Si Biblia Gblɔ

“Menyae nyuie be Yehowa aʋli ame tsɛwo ta, eye wòadrɔ̃ nya na ame dahewo.” (Psalmo 140:12) Mawu Fiaɖuƒea ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame le anyigba dzi.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • Mawu le nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim le xexea me fifia la kpɔm, eye aɖɔ wo ɖo.—Nyagblɔla 5:8.

  • Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na amewo le anyigba dzi eye esia ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ.—Yesaya 32:16-18.

Ðe Mawu bua ame ƒomevi aɖewo be wonyo wu bubuwoa?

Ame aɖewo xɔe se be Mawu yra ame ƒomevi aɖewo eye wòƒo fi de bubuwo, eye ame bubuwo hã xɔe se be Mawu wɔa nu ɖe amewo katã ŋu sɔsɔe. Nu kae nèsusu?

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Le Mawu gbɔa, amewo katã sɔ.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • “Nya nyui” aɖe le Biblia me na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.”—Nyaɖeɖefia 14:6.