Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | SƆDOLA ENEAWO, ALE SI WO ŊU NYAA KA WÒE

Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?

Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?

Edze abe sɔdola eneawo ƒe nyaa wɔ moyaa eye wòɖi vɔvɔ̃ ene, gake mele be wòanɔ alea o. Nu ka tae? Elabena Biblia kple nu siwo le dzɔdzɔm fifia le xexea me kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si sɔdola ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na. Eye togbɔ be woƒe sɔdodoa na be afɔkuwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi hã la, ate ŋu anye nya nyui na wò kple wò ƒomea. Le mɔ ka nu? Gbãa, na míakpɔ nu si sɔdola ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na.

AME SI LE SƆ ƔI LA DOM

Ŋutegaa dze egɔme ale: “Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe, eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale aʋa dzi ɖum be yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.”—Nyaɖeɖefia 6:2.

Ame kae le sɔ ɣi la dom? Biblia-gbalẽ ma si nye Nyaɖeɖefia kee ɖe ame si wònye fia, eƒo nu tso ame sia si nye sɔdola le dziƒo ŋu emegbe be eyae nye “Mawu Ƒe Nya La.” (Nyaɖeɖefia 19:11-13) Yesu Kristoe wotsɔ dzesideŋkɔ si nye Nya La na elabena eyae nye Mawu ƒe nyanuɖela. (Yohanes 1:1, 14) Wogayɔe be “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” eye woɖɔe be “Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ.” (Nyaɖeɖefia 19:11, 16) Eme kɔ be enye fia si wona ŋusẽe be wòanye aʋakalẽtɔ eye mezãa eƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu o. Ke hã nyabiase aɖewo fɔ ɖe te.

Ame kae na ŋusẽ Yesu be wòaɖu aʋa dzi? (Nyaɖeɖefia 6:2) Nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖe si me wotsɔ Mesia la sɔ kple “amegbetɔvi” si Yehowa Mawu * ŋutɔ “Ame si li tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke” la, ‘tsɔ dziɖuɖu, bubu kple fiaɖuƒe na.’ (Daniel 7:13, 14) Esia fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae na ŋusẽ kple gome Yesu be wòaɖu dzi eye wòadrɔ̃ ʋɔnu. Sɔ ɣi la sɔ na aʋa dzɔdzɔe si wɔm Mawu ƒe Vi la le elabe zi geɖe la Ŋɔŋlɔawo zãa amadede ɣi wòtsia tre ɖi na dzɔdzɔenyenye ƒe dzesi.—Nyaɖeɖefia 3:4; 7:9, 13, 14.

Ɣekaɣie sɔdolawo dze woƒe sɔdodoa gɔme? De dzesii be sɔdola gbãtɔ, Yesu, dze eƒe sɔdodoa gɔme esi wòxɔ fiakuku. (Nyaɖeɖefia 6:2) Ɣekaɣie woɖɔ fiakuku na Yesu hetsɔe ɖo Fia le dziƒo? Menye esi wòtrɔ yi dziƒo le eƒe ku megbe teti ye o. Biblia gblɔ be esi wòyi dziƒo la elala hena ɣeyiɣi aɖe. (Hebritɔwo 10:12, 13) Yesu na dzesi siwo eyomedzelawo akpɔ siwo akpe ɖe wo ŋu woanya ɣeyiɣi si eƒe lala la awu enu kple ɣeyiɣi si wòadze fiaɖuɖu gɔme le dziƒo. Yesu gblɔ be le yeƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedze la, xexea me ƒe nɔnɔmewo anɔ gbegblẽm ɖe edzi. Aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve kple dɔ vɔ̃wo ava. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:10, 11) Esi Xexemeʋa I dze egɔme le ƒe 1914 me la, eva dze kɔtɛ be amegbetɔwo va ge ɖe ɣeyiɣi sesẽ siwo Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me le anyigba dzi.—2 Timoteo 3:1-5.

Gake nu ka tae nɔnɔmeawo menyo ɖe edzi o ke boŋ gbegblẽm koe wole ɖe edzi tso esime woɖo Yesu fia le ƒe 1914 me? Elabe ɣemaɣi la, dziƒoe Yesu dze fiaɖuɖu gɔme le, menye anyigba dzie o. Aʋa dzɔ le dziƒo eye Yesu, si woyɔna be Mikael, si nye Fia yeye si woɖo le dziƒo la nya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12) Esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi afi sia ta la, dzi le ekum vevie tso ɣemaɣi elabe enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye. Nyateƒee, eteƒe madidi o Mawu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye wòatsrɔ̃ Satana ɖa le anyigba dzi. (Mateo 6:10) Azɔ na míakpɔ ale si sɔdola etɔ̃ mamlɛawo ɖo kpe edzi be míele ɣeyiɣi sesẽ si nye “ŋkeke mamlɛawo” me la ɖa. To vovo na sɔdola gbãtɔ si nye ame ŋutɔŋutɔ la, etɔ̃ siwo kplɔe ɖo ya le tsitre ɖi na nu siwo adzɔ le xexea me godoo.

AME SI LE SƆ DZĨ LA DOM

“Eye sɔ bubu aɖe do, ebiã hɛ̃, eye woɖe mɔ na ame si bɔbɔ nɔ edzi la be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, ne amewo nawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã aɖe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 6:4.

Sɔ sia dola le tsitre ɖi na aʋawɔwɔ. De dzesii be menye dukɔ ʋɛ aɖewo me koe wòaɖe ŋutifafa le o, ke boŋ anyigba bliboa katã dzie. Zi gbãtɔ le ŋutinya me la, aʋa aɖe dzɔ le xexea me katã le ƒe 1914 me. Xexemeʋa evelia dzɔ kplɔe ɖo eye egblẽ nu wu. Akɔntabubu aɖewo gblɔ be tso ƒe 1914 me la ame siwo ku le aʋawɔwɔwo kple ʋunyaʋunya siwo me wozãa tu kple lãnuwo le la wu miliɔn 100! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aʋa gblẽ nu le ame gbogbo aɖewo ŋu.

Nu kae ɖee fia be aʋawɔwɔwo bɔ ŋutɔ le míaƒe ŋkekea me? Zi gbãtɔ le ŋutinya me la, edze abe amegbetɔwo ate ŋu atsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi ene. Xexea me ƒe ŋutifafa habɔbɔwo abe Dukɔ Ƒoƒuawo ene gɔ̃ hã mete ŋu tɔ te ame si le sɔ dzĩ la dom o.

AME SI LE SƆ YIBƆ LA DOM

“Mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la lé nudanu ɖe asi. Mese gbe aɖe abe nu gbagbe eneawo domee wòɖi le ene gblɔ be: ‘Lu kuart ɖeka naxɔ denario ɖeka, eye ƒo kuart etɔ̃ naxɔ denario ɖeka; eye mègawɔ vɔ̃ aɖeke ami kple wain o.’”—Nyaɖeɖefia 6:5, 6.

Sɔ sia dola le tsitre ɖi na dɔwuame. Míekpɔe le afi sia be nuɖuɖu ave ale gbegbe be lu kuart ɖeka (Lita 1.08) axɔ denario ɖeka si nye ŋkeke blibo ƒe fetu le ƒe alafa gbãtɔ me! (Mateo 20:2) Gaku sia ke ate ŋu aƒle ƒo si womebuna ɖe naneke me o la, kuart etɔ̃ (Lita 3.24). Ðe nuɖuɖu sue ma ade ƒome si me amewo sɔ gbɔ ɖo nua? Eya ta woxlɔ̃ nu amewo be woawɔ nu siwo nye gbe sia gbe nuɖuɖuwo abe ami kple wain, siwo nye nuɖuɖu siwo bɔ ɣemaɣi gɔ̃ hã ŋu dɔ vivivi.

Ðe míekpɔ kpeɖodzi be tso ƒe 1914 me la, ame si le sɔ yibɔ la dom la yi eƒe sɔdodoa dzia? Ɛ̃! Ame siwo ade miliɔn 70 sɔŋ ye ku le dɔwuame ta le ƒe alafa 20 lia me. Numekuku aɖe gblɔ be: “ame miliɔn 805, si nye ame ɖeka le asieke ɖe sia ɖe me le xexea me la mekpɔ nu nyui ɖu le ƒe 2012-2014 me o.” Nyatakaka bubu gblɔ be, “Ne wotsɔ ame siwo AIDS, asrã kple yɔmekpe wuna ƒe sia ƒe ƒo ƒui la, ame siwo dɔwuame ya wuna la sɔ gbɔ wu kura.” Togbɔ be wodze agbagba geɖe be woalé dɔwuame nu hã la, ame si le sɔ yibɔa dom la kpɔtɔ le sɔa dom.

AME SI LE SƆ SI FU KPII LA DOM

“Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ aɖe si fu kpii, eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ŋkɔe nye Ku. Eye Tsiẽƒe le eyome tututu. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi legbe, dɔwuame, dɔvɔ̃ wuame kple anyigbadzilã wɔadãwo awu amewoe.”—Nyaɖeɖefia 6:8.

Sɔ enelia dola le tsitre ɖi na ku le dɔvɔ̃ kple nu bubuwo ta. Le ƒe 1914 megbe teti la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã wu ame gbogbo aɖewo. Ame siwo ade miliɔn 500, si fia be ame ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me, ye xɔ dɔvɔ̃ sia ɣemaɣi!

Gake Spaniatɔwo ƒe dzamezã la nye dɔ vɔ̃awo ƒe gɔmedzedze ko. Eŋutinunyalawo bu akɔnta be sakpatedɔa wu ame miliɔn alafa geɖe le ƒe alafa 20 lia me. Va se ɖe egbea la, AIDS, asrã kple yɔmekpe tsoa ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi togbɔ be woyi ŋgɔ le atikewɔnyawo me hã.

Eɖanye aʋawɔwɔ, dɔwuame loo alo dɔvɔ̃wo o, emetsonua nye ɖeka, ku. Tsiẽƒe si meɖia ƒo o la le ame geɖe mim, mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔmee.

ƔEYIƔI NYUIWO LE ŊGƆ GBƆNA!

Eteƒe madidi o, xaxa siwo me tom míele la nu ayi. Ðo ŋku nya sia dzi: Yesu do “go yi ɖale aʋa dzi ɖum” tso ƒe 1914 me, eye wònya Satana ɖo ɖe anyigba dzi, gake Yesu mewu eƒe aʋadziɖuɖu la nu ɣemaɣi o. (Nyaɖeɖefia 6:2; 12:9, 12) Esusɔ vie Yesu aɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖa eye wòatsrɔ̃ ame siwo de Abosam dzi le Armagedon-ʋa la me. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Menye ɖeko Yesu aɖe sɔdola etɔ̃ mamlɛawo ɖa o, ke aɖɔ nu siwo wogblẽ la katã ɖo. Aleke wòawɔe? Na míade ŋugble le ŋugbe siwo Biblia do la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Ŋutifafa axɔ ɖe aʋawɔwɔ teƒe. Yehowa atsi ‘aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Aŋe dati, eye wòafli akplɔwo kakɛkakɛe.’ (Psalmo 46:9) Ke ame siwo lɔ̃a ŋutifafa ya la, “dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.

Dɔwuame nu ayi eye nuɖuɖu abɔ. “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

Eteƒe madidi o Yesu aɖɔ nu siwo sɔdola etɔ̃ mamlɛawo gblẽ la katã ɖo

Ame sia ame anɔ lãmesẽ blibo me eye agbe mavɔ axɔ ɖe dɔvɔ̃ kple ku teƒe. Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ena míekpɔ nu dodzidzɔname siwo adzɔ le etsɔme ne eva zu Fia la ƒe kpɔɖeŋuwo. Ewɔ nu siwo ana ŋutifafa nanɔ anyi, ena nuɖuɖu ame akpewo nukutɔe, eda dɔ na dɔnɔwo eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Mateo 12:15; 14:19-21; 26:52; Yohanes 11:43, 44.

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woafia wò le wò Biblia me ale si nàwɔ adzra ɖo ne sɔdolaawo wu woƒe sɔdodoa nu. Àdi be woava srã ye kpɔ be nàsrɔ̃ nu geɖea?

^ mm. 7 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.