Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Faa Akɔ Na Mí Le Míaƒe Tetekpɔwo Katã Me

Yehowa Faa Akɔ Na Mí Le Míaƒe Tetekpɔwo Katã Me

“Akɔfafawo katã ƒe Mawu [la] faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.”—2 KOR. 1:3, 4.

HADZIDZI: 38, 56

1, 2. Aleke Yehowa faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo me, eye kakaɖedzi kae eƒe Nyaa na mí?

ÐEKAKPUI aɖe si míayɔ be Eduardo, si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum, la gblɔ nya aɖe si nɔ fu ɖem nɛ la na hamemetsitsi srɔ̃tɔ si ŋkɔe nye Stephen. Eduardo nɔ nya si Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 7:28 be, “Ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ xaxa le ŋutilã me” ŋu bum. Ebia hamemetsitsia be, “Nu kae nye ‘xaxa’ si ŋu nya wogblɔ le kpukpui sia me, eye aleke mawɔ anɔ te ɖe enu ne meɖe srɔ̃?” Hafi Stephen naɖo nyaa ŋu la, ehe Eduardo ƒe susu yi nya bubu aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ la dzi. Eyae nye be Yehowae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo [alo ‘xaxawo’] katã me.”—2 Kor. 1:3, 4, etenuŋɔŋlɔ.

2 Vavãe, Yehowa nye Fofo lɔ̃ame, eye efaa akɔ na mí le ɣeyiɣi sesẽwo me. Ðewohĩ, edzɔ enuenu be esi nèɖo nɔnɔme sesẽwo me la, Mawu kpe ɖe ŋuwò hefia mɔ wò to eƒe Nya la dzi. Míate ŋu aka ɖe edzi be edi be yeakpe ɖe mía ŋu eme nanyo na mí, abe ale si wòwɔe na esubɔlawo le blema ene.—Xlẽ Yeremiya 29:11, 12.

3. Biabia kawo mee míadzro?

3 Zi geɖe la, ne míenya nu si gbɔ míaƒe kuxiwo alo xaxawo tso la, enɔa bɔbɔe be míanɔ te ɖe wo nu. Eye aleae wòle le xaxa siwo me srɔ̃tɔwo kple ƒomewo tona hã gome. Ekema, nu kawoe ate ŋu ana srɔ̃tɔwo kple ƒomewo nakpɔ “xaxa le ŋutilã me”? Biblia me kpɔɖeŋu kple egbegbe tɔ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ akɔfafa? Esia nyanya akpe ɖe mía ŋu míado dzi.

NU SIWO NYEA “XAXA LE ŊUTILÃ ME”

4, 5. Nu siwo nana srɔ̃tɔwo kpɔa “xaxa le ŋutilã me” la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Esi Mawu wɔ nyɔnu gbãtɔa vɔ la, ekplɔe vɛ na ŋutsu la eye wòna wòzu srɔ̃a. Eyome Yehowa gblɔ be: “Esia tae ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye woazu ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Ke hã, esi ame aɖeke mede blibo o ta la, ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, woado go kuxiwo godoo. (Rom. 3:23) Le kpɔɖeŋu me, hafi nyɔnua naɖe srɔ̃ la, anya nɔ fofoa ƒe kpɔkplɔ te. Gake Mawu ƒe Nya la gblɔ be ne ŋutsu kple nyɔnu woɖe wo nɔewo la, ŋutsua va zu nyɔnua ƒe ta. (1 Kor. 11:3) Esia menɔa bɔbɔe na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu yeye aɖewo o. Le Biblia ƒe nya nu la, ele be srɔ̃nyɔnua nalɔ̃ ɖe edzi be yele ye srɔ̃ te azɔ, ke menye ye dzilawo te o. Azɔ hã, masɔmasɔwo ate ŋu aɖo srɔ̃tɔawo kple wo lɔ̃xowo alo wo towo dome, si awɔe be woakpɔ xaxa le ŋutilã me.

5 Nu bubu aɖe si tea ŋu nana srɔ̃tɔwo tsia dzimaɖi ye nye ne srɔ̃nyɔnua gblɔ na srɔ̃a be, “Mefɔ fu.” Togbɔ be esia nyea dzidzɔnya hã, zi geɖe la, ehea xaxawo vanɛ. Woate ŋu anɔ wo ɖokuiwo biam be, Ðe nu sia nu ayi nyuie le fufɔɣia, eye ne yewodzi ɖevia vɔ la, ɖe wòanɔ lãmesẽ mea? Anɔ susu me na wo hã be yewoƒe gazazãwo adzi ɖe edzi. Le ɖevia dzidzi vɔ megbe la, ahiã be atsu kple asia nawɔ tɔtrɔ aɖewo. Vidadaa va zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe beléle na via ŋu. Ne edzɔ alea la, srɔ̃ŋutsu aɖewo sena le wo ɖokui me be yewo srɔ̃ gblẽ yewo ɖi le esi vidadaa ƒe susu katã le via ŋu ta. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nu geɖewo gava kpɔ vifofoa ŋkume. Eƒe agbawo gasɔ gbɔ wu tsã, elabe ƒomea dzi ɖe edzi, eye ele be wòakpɔ ƒomea me tɔ yeyea ƒe nuhiahiãwo hã gbɔ ahalé be nɛ.

6-8. Aleke agbea nɔna na atsu kple asi si le vi dim be yewoadzi gake womete ŋu le vi dzim o?

6 Xaxa bubu aɖe ɖea fu na srɔ̃tɔ aɖewo. Wodi vevie be yewoadzi vi, gake womete ŋu le vi dzim o. Ne srɔ̃nyɔnua mele fu fɔm o la, esia ate ŋu aɖe fu nɛ vevie. Togbɔ be srɔ̃tɔ siwo si vi le kple esiwo medzi vi o siaa mevo tso dzimaɖitsitsiwo me o hã la, vimadzimadzi nyea “xaxa le ŋutilã me” na srɔ̃tɔ siwo le didim be yewoadzi vi gake womete ŋu le vi dzim o. (Lod. 13:12) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, enyea ŋukpe be ame natsi ko. Rahel, si nye Yakob srɔ̃, xa nu vevie esi wòkpɔe be yemedzi vi o evɔ ye nɔvinyɔnua ya dzi viwo. (1 Mose 30:1, 2) Zi geɖe la, amewo biaa dutanyanyuigblɔla siwo le dukɔ siwo me amewo lɔ̃a vidzidzi le me be nu ka tae womedzi vi o mahã. Ne dutanyanyuigblɔlawo ƒe numeɖeɖea me kɔ eye susu le eme gɔ̃ hã la, ameawo gagblɔna be, “Oo, míado gbe ɖa ɖe mia ta sea!”

7 Bu kpɔɖeŋu bubu sia ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si le England la di vevie be yeadzi vi gake menɔ fu fɔm o. Mlɔeba, eva tsi gbɔ vidzidzi ŋu. Egblɔ be esia te ɖe ye dzi ŋutɔ, elabena eva kpɔe be yeƒe didia mava eme le nuɖoanyi sia me o. Eya kple srɔ̃a wotso nya me be yewoaxɔ vi anyi. Ke hã, exa nu hena ɣeyiɣi aɖe. Egblɔ be: “Menyae be ame bubu ƒe vi nyinyi mesɔ kple ale si ame ŋutɔ nasi vi adzi o.”

8 Ele eme be Biblia gblɔ be woakpɔ nyɔnu Kristotɔ “ta dedie to vidzidzi me” ya. (1 Tim. 2:15) Gake esia mefia be vidzidzi alo vi ƒe amesinɔnɔ ana ame nakpɔ agbe mavɔ o. Nu si wòfia boŋ ye nye be, ne viwo le nyɔnu aɖe si wòalé be na eye aƒedzikpɔkpɔ ƒe dɔ bubuwo hã le edzi la, esia ate ŋu ana be mava tsɔ amenyagbɔgblɔ kple nudede ame bubuwo ƒe nya me aɖo dɔe o. (1 Tim. 5:13) Ke hã, esia mefia be avo keŋkeŋ tso xaxa siwo me srɔ̃tɔwo kple ƒomewo tona la me o.

Aleke ame si srɔ̃ ku la awɔ akpɔ akɔfafa? (Kpɔ memama 9, 12)

9. Nu ka tae ame srɔ̃ ƒe ku hã nye xaxa le ŋutilã me?

9 Xaxa bubu aɖe li si ate ŋu ava srɔ̃tɔwo dzi, si mevaa susu me na ame geɖe o. Eyae nye ame srɔ̃ ƒe ku. Ɛ̃, xaxa si srɔ̃tɔ geɖe kpɔ ye nye be, wo srɔ̃ si gbɔ womelɔ̃a nu le o la va ku gblẽ wo ɖi. Anɔ eme be srɔ̃tɔ si le agbe la mesusui kpɔ be yeato xaxa sia me le nuɖoanyi sia me o. Ke hã, Kristotɔwo ka ɖe ŋugbe si Yesu do ku ɖe ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu la dzi. (Yoh. 5:28, 29) Aleke mɔkpɔkpɔ sia ɖea vi na srɔ̃tɔ si le agbe la? Enana wòkpɔa akɔfafa geɖe. Aleae mía Fofo lɔ̃ame la gatoa eƒe Nyaa dzi kpena ɖe ame siwo le nu xam la ŋu hefaa akɔ na wo. Azɔ na míadzro ale si mawusubɔla aɖewo kpɔ akɔfafa tso Yehowa Mawu gbɔ kpakple ale si esia ɖe vi na woe la me.

ALE SI MÍAKPƆ AKƆFAFA LE XAXAƔIWO

10. Aleke Hana wɔ kpɔ akɔfafa esime wònɔ xaxawo me tom? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Hana, si nye Elkana srɔ̃ si wòlɔ̃na vevie la to nɔnɔme sesẽ aɖe me. Etsi ko esime Elkana srɔ̃ bubu si nye Penina ya dzi viwo. (Xlẽ 1 Samuel 1:4-7.) Penina ɖea alɔme le Hana ŋu le eƒe kotsitsia ta, eye enɔ esia wɔwɔ dzi “ƒe sia ƒe.” Esia gbãa dzi na Hana eye wòléa blanui vevie. Edi akɔfafa tso Yehowa gbɔ esi wòdo gbe ɖa nɛ tso eƒe nɔnɔmea ŋu. Biblia gblɔ be, ‘edo gbe ɖa eteƒe didi le Yehowa ŋkume.’ Ðe wònɔ mɔ kpɔm be Yehowa nawɔ yeƒe biabiaa dzi na yea? Anya kpɔ mɔ nenema. Aleke kee wòɖale o, “megaɖo nublanuimo azɔ o.” (1 Sam. 1:12, 17, 18) Eka ɖe edzi be Yehowa ana yeadzi vi loo alo ato mɔ bubu aɖe dzi afa akɔ na ye.

11. Aleke gbedodoɖa ana míakpɔ akɔfafa?

11 Zi ale si míekpɔtɔ nye ame madeblibowo eye míele xexe sia si dzi ɖum Satana le me la, xaxawo kple tetekpɔwo ava mía dzi godoo. (1 Yoh. 5:19) Gake aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be Yehowa nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu”! Gbedodoɖa nye mɔ aɖe si dzi míato akpɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ ne míele xaxawo alo tetekpɔwo me tom. Hana do gbe ɖa hegblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa. Nenema kee, ne míele tetekpɔwo me tom la, menye ɖeko míaƒo nu tso ale si míele sesem le mía ɖokui me ŋu na Yehowa ko o. Ele be míaƒo koko nɛ vevie, ɛ̃, ele be míado gbe ɖa vevie agblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ.—Flp. 4:6, 7.

12. Nu kae kpe ɖe Hana si nye ahosi la ŋu wòkpɔ akɔfafa?

12 Ne míelé blanui vevie le esi míedzi vi o, alo le mía srɔ̃ ƒe ku ta gɔ̃ hã la, míate ŋu akpɔ akɔfafa. Nyɔnunyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Hana la nɔ agbe le Yesu ƒe ŋkekea me. Srɔ̃a ku le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe adre pɛ ko megbe. Biblia megblɔ be vi nɔ wo si o. Esi Hana xɔ ƒe 84 gɔ̃ hã la, nu kae wòkpɔtɔ nɔ wɔwɔm? Luka 2:37 gblɔ be: “Eƒe afɔ metsona le gbedoxɔa me gbeɖe o, eye wònɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe dzi zã kple keli, etsia nu dɔna henɔa kokoƒoƒo dzi.” Ɛ̃, Hana kpɔ akɔfafa kple dzidzɔ siaa le Yehowa subɔsubɔ me.

13. Gblɔ ale si xɔlɔ̃ vavãwo tea ŋu faa akɔ ame si le nu xam ne edzɔ be ƒometɔwo gblẽe ɖi la ƒe kpɔɖeŋu.

13 Ne míedea ha kplikplikpli kple mía nɔvi Kristotɔwo la, míekpɔa xɔlɔ̃ vavãwo kple zɔhɛ nyuiwo. (Lod. 18:24) Paula ɖoa ŋku edzi be esi yexɔ ƒe atɔ̃ la, yexa nu ŋutɔ esime ye nɔ dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Menɔ bɔbɔe nɛ kura ɣemaɣi o. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ann, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe le hamea me la de dzi ƒo nɛ ale gbegbe; etsɔ ɖe le eme nɛ eye wòkpe ɖe eŋu be wòasubɔ Yehowa. Paula gblɔ be: “Togbɔ be nye kple Ann míenye ƒometɔwo o hã, ale si wòtsɔ ɖe le eme nam la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Eƒe kpekpeɖeŋua wɔe be meyi edzi subɔ Yehowa.” Paula gakpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paula nɔ trɔ gbɔ va hamea me eye esia na dzi dzɔ Paula ale gbegbe. Ann hã kpɔ dzidzɔ, elabena ɖeko wòva le na Paula abe nɔa si kpe ɖe eŋu le mawusubɔsubɔ me ene.

14. Yayra kawoe ame siwo faa akɔ na amewo la akpɔ?

14 Ne míetsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe la, esia tea ŋu wɔnɛ be míawo ŋutɔwo hã míekpɔa gbɔdzɔe vie tso míaƒe xaxawo me. Nɔvinyɔnu srɔ̃tɔwo kple esiwo mekpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o siaa nyae be dzidzɔ gãe wònyena na yewo be yewoanye Mawu ƒe hadɔwɔlawo le nya nyuia gbɔgblɔ na amewo me. Woƒe taɖodzinue nye be yewoade bubu Mawu ŋu to eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã kpɔe be gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me nana yewoƒe dzi dzea eme. Mí katã míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli nanɔ mía dome le hamea me ne míetsɔa ɖe le eme na amewo le míaƒe anyigbamamaa kple hamea siaa me. (Flp. 2:4) Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le esia gome. Eva zu abe “vidada” ene na Tesalonika hamea me tɔwo; eye enɔ abe fofo ene hã na wo.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 11, 12.

AKƆFAFA NA ƑOMEA

15. Ame kawo koŋ ƒe agbae wònye be woafia nu ɖeviwo tso Yehowa ŋu?

15 Nu bubu aɖe si ŋu wòle be míalé ŋku ɖoe nye akɔfafa na ƒomewo kple kpekpe ɖe woamawo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖela yeyewo biaa nɔvi kpɔnuteƒewo be woafia nu yewo viwo tso Yehowa ŋu, alo asrɔ̃ Biblia kpli wo gɔ̃ hã. Le Ŋɔŋlɔawo nu la, dzilawo koŋ ƒe agbae wònye be woafia nu wo viwo ahahe wo. (Lod. 23:22; Ef. 6:1-4) Le go aɖewo me la, ehiã be ame bubuwo nakpe ɖe wo ŋu, eye eɖea vi hã. Ke hã, esia mefia be dzilawo naɖe ta le agba si le wo dzi be woahe wo viwo la te o. Dzeɖoɖo kple wo viwo edziedzi le vevie.

16. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na ame siwo le kpekpem ɖe ɖeviwo ŋu?

16 Ne dzila aɖe bia be woana nɔvi aɖe nasrɔ̃ Biblia kple ye viwo la, mele be ame si le nua srɔ̃m kple ɖeviawo la nabui be yeva xɔ ɖe dzilawo teƒe o. Ɣeaɖewoɣi la, wotea ŋu biana tso nɔvi Ðasefo aɖe si be wòasrɔ̃ nu kple dzila siwo mele nyateƒea me o ƒe viwo. Gake ele be wòanɔ susu me na Ðasefo si le nua srɔ̃m kple ɖeviawo la be, kpekpeɖeŋu ko nam yele ɖeviawo be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu, ke yemeva xɔ ɖe dzilawo teƒe o. Eye ne wowɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃ sia tɔgbi ŋu la, nunya le eme be woasrɔ̃ nu kple ɖeviawo le woƒe aƒe me esime wo dzilawo alo Ðasefo kpɔnuteƒe aɖe le eteƒe, alo woasrɔ̃ nua le afi si amewo ate ŋu anɔ wo kpɔm le. Esia awɔe be ame aɖeke masusui vodadatɔe be wole agbe si mesɔ o nɔm o. Míekpɔa mɔ be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dzilawo ŋutɔwo ava tsɔ agba si le wo dzi le Mawu ŋkume be woafia nu wo viwo tso Mawu ŋu.

17. Aleke viwo ate ŋu anye akɔfafa na ƒomea?

17 Vi siwo va nya Mawu vavã la helɔ̃e eye wozɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi la ate ŋu anye akɔfafa na ƒomea. Mɔ si nu woawɔ esia lee nye be woade bubu wo dzilawo ŋu ahakpe ɖe wo ŋu le nu sia nu si me wohiã woƒe kpekpeɖeŋu le la me. Ne wowɔ nuteƒe na Yehowa la, woate ŋu anye akɔfafatsoƒe na ƒome bliboa. Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Set ƒe dzidzimevi Lamek subɔ Yehowa. Ƒome ƒe ta sia gblɔ tso viaŋutsu Noa ŋu be: “Ame sia ana míakpɔ akɔfafa tso míaƒe dagbadagbawo kple dɔ sesẽ siwo míetsɔa míaƒe asiwo wɔna me le esi Yehowa ƒo fi de anyigba la ta.” Nyagblɔɖi ma va eme esime Mawu ɖe fiƒode ma ɖa le Tsiɖɔɖɔa megbe. (1 Mose 5:29; 8:21) Nenema kee egbea, vi siwo léa fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la ate ŋu anye akɔfafa na woƒe ƒometɔwo, elabena woakpe ɖe wo ŋu woado dzi le xaxa siwo me tom wole fifia la me, eye woakpe ɖe wo ŋu woatsi agbe le nu si lolo wu Tsiɖɔɖɔa me.

18. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi togbɔ be míele xaxawo kple tetekpɔwo me tom hã?

18 Gbedodoɖa, ŋugbledede le Biblia me kpɔɖeŋuwo ŋu kple hadede kplikplikpli kple Yehowa ƒe amewo le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu fifia be woakpɔ akɔfafa le woƒe xaxawo katã me. (Xlẽ Psalmo 145:18, 19.) Ne míeɖoa ŋku edzi be Yehowae nye Akɔfafatsoƒe vavãtɔ la, esia ana dzi nanɔ mía ƒo be míado dzi le xaxa ɖe sia ɖe si me míato fifia kple etsɔme siaa la me.