Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukoko—Nu Si Nàte Ŋu Ana Amewo

Nukoko—Nu Si Nàte Ŋu Ana Amewo

NE AME aɖe ko nu ŋɔnyɔe na wò la, aleke nèwɔa nui? Anɔ eme godoo be àko nu nɛ. Eye ana dzi nadzɔ wò hã godoo. Nyateƒee ne xɔlɔ̃wo alo ame siwo míenya o gɔ̃ hã ko nu na mí la, ewɔnɛ be míawo hã míekoa nu na wo eye dzi dzɔa mí. Nyɔnua aɖe si ŋkɔe nye Magdalena gblɔ be: “Srɔ̃nye Georg si ku la lɔ̃a nukoko. Ne mekpɔ eƒe ŋkume la, meɖea dzi ɖi.”

Ne ame aɖe ko nu tso dzi me la, efia be dzi le edzɔm eye wòɖe dzi ɖi. Mewɔ nuku o be nyati aɖe si habɔbɔ aɖe (Association for Psychological Science) ta ɖe agbalẽ si nye Observer me le internet dzi gblɔ be: “Ðe wowɔ mí be míako nu.” Nyatia gblɔ kpee be, vidzĩwo gɔ̃ hã “koa nu ne ame aɖe ko nu na wo.” Nyatia gagblɔ be: “Menye ɖeko amewo dea dzesi nu si ta ame aɖe ko nu ko evɔ o, ke ekpena ɖe ame ŋu wònyaa nu si wòle be eya hã nawɔ.” *

Numekula siwo le Harvard Yunivɛsiti le Amerika la lé ŋku ɖe ale si dɔnɔ tsitsiwo wɔa nu ɖe ale si wo dzi kpɔlawo ɖoa moe ŋu la ŋu. Numekulawo gblɔ be ne edze le mo na dɔnɔdzikpɔlawo be “wotsɔ ɖe le eme na wo, do vivi ɖe wo ŋu, wole vevie na wo eye wose veve ɖe wo nu la,” dɔnɔawo ƒe dzi dzea eme, wohayana eye woƒe susu wɔa dɔ nyuie wu. Gake esi dɔnɔdzikpɔlawo gbe nu siawo wɔwɔ na dɔnɔawo la, dɔnɔawo ƒe nɔnɔmea nyra ɖe edzi.

Ne èko nu la aɖe vi na wò ŋutɔ hã. Numekukuwo ɖee fia be vi siwo wòɖena dometɔ aɖewoe nye be enana dzi ɖoa ame ƒo, dzi dzɔa ame eye wòɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna. Gake moyɔyɔ ya ɖe wògblẽa nu le ame ŋu.

NUKOKO “NANA DZI ÐOA ƑONYE”

Magdalena si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la nye Yehowa Ðasefo le Xexemeʋa Evelia wɔɣi. Wokplɔ eya kple eƒe ƒomea me tɔ bubu aɖewo de fuwɔamegaxɔ me le Ravensbrück, Germany le esi wogbe be yewomawɔ nu si Nazitɔwo bia tso wo si o ta. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, dzɔlaawo gbena na mí be míagaƒo nu na gamenɔla bubuwo o. Gake womekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe míaƒe nukoko ya dzi o. Ne mekpɔ nɔnye kple nɔvinyenyɔnu wole nu kom la, enana dzi ɖoa ƒonye eye wòdoa ŋusẽm be mado dzi.”

Ðewohĩ àsusu be gbe sia gbe dzimaɖitsitsiwo na wòsesẽna be yeanɔ nu kom. Nu siwo ŋu bum míele ye kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi. (Lododowo 15:15; Filipitɔwo 4:8, 9) Eya ta togbɔ be asesẽ hã, ɖe manyo be nànɔ nu siwo nyo kple nu siwo tua ame ɖo ŋu bum oa? * Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa kpe ɖe ame geɖe ŋu wokoa nu. (Mateo 5:3; Filipitɔwo 4:6, 7) Le nyateƒe me la, nya ‘dzidzɔ’ kple nya bubu siwo ɖii la dze zi alafa geɖe le Biblia me! Ðe manyo be nàtee kpɔ axlẽ axa ɖeka alo eve gbe sia gbe oa? Ðewohĩ, wò hã àte ŋu anɔ nu kom ɣesiaɣi.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mègalala be ame bubuwo nako nu na wò hafi nàwɔe o. Ko nu na ame aɖe be nàna dzi nadzɔ eya hã. Bu nukoko si Mawu na wò be enye nu si ado dzidzɔ na wò ŋutɔ kple ame siwo akpɔ wò nànɔ nu kom la siaa.

^ mm. 3 Biblia gblɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be Mawu le nu kom. Psalmo 119:135 gblɔ be: “Ko nu ɖe wò subɔla.”—Etenuŋɔŋlɔ.

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Ðe ‘Nètua Aglo Atraɖiia’?” si dze le November 2013 ƒe Nyɔ! me.