Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Nu Siwo Kpena Ðe Sahara Dzogbe Dzi Ƒe Anyidi Ŋu Wònɔa Te Ðe Dzoxɔxɔ Nu

Nu Siwo Kpena Ðe Sahara Dzogbe Dzi Ƒe Anyidi Ŋu Wònɔa Te Ðe Dzoxɔxɔ Nu

ANYIDI si woyɔna be klosalonyidi (silver ant) nye Sahara dzogbe dzi lã siwo tea ŋu nɔa te ɖe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã nu wu la dometɔ ɖeka. Ne ŋdɔkutsua nu sẽ le ŋdɔ me le Sahara dzogbea dzi eye lã siwo léa anyidi sia ya di fafɛƒe be ɖo la, anyidi sia doa go afɔtsɔtsɔe tso eƒe do me va dia nuɖuɖu siwo ƒe aɖewoe nye nugbagbevi siwo ŋdɔkutsu sesẽa wu.

[50] μm

Bu nya sia ŋu kpɔ: Nu vevi siwo kpena ɖe anyidi sia ŋue nye fu tɔxɛ aɖewo siwo wòto ɖe dzime kple eƒe axa eveawo si kpɔa eta tso dzoxɔxɔa me kple eƒe dɔme si fu mele o. Anyidi sia ƒe fu, siwo nana eŋuti nɔa dzo dam abe klosalo ene la nye fu lɛlɛlɛ siwo me to si le dzogoe etɔ̃etɔ̃ me le eye womedzɔ ɖe wo nɔewo dzi tututu o. To lɔbɔe siwo ƒe didime sɔ kple fuawo siwo ŋku mate ŋu akpɔ o siwo dze ŋgɔ wo nɔewo la le anyidia ŋu gake wozrɔ̃ le egɔme. Dɔ evee fu siawo wɔna nɛ. Gbã la, enana wònyaa dzoxɔxɔ si tso ɣea gbɔ. Evelia, ekpena ɖe eŋu wòɖea asi le dzoxɔxɔ si gena ɖe lãme nɛ la ŋu. Eye wowɔ eƒe dɔme si fu mele o la be wòanya dzoxɔxɔ si le dodom tso anyigbaa me la ɖa ne ele zɔzɔm. *

[10] μm

Nu mawoe kpena ɖe Sahara dzogbe dzi ƒe anyidia ŋu wònɔa te ɖe dzoxɔxɔ si ƒe dzidze nyea Celsius 53.6 si nye esi nu ko wòate ŋu anɔ te ɖo la nu. Numekulawo le ŋku lém ɖe nugbagbevi sue sia ŋu eye wole agbagba dzem be yewoawɔ aŋɔ tɔxɛ siwo ate ŋu ana nuwo nanɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu, evɔ womazã yafamɔ̃wo nɛ o.

Nu kae nèsusu? Ðe nu siwo kpena ɖe Sahara dzogbe dzi ƒe anyidia ŋu wònɔa te ɖe dzoxɔxɔ nu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

^ mm. 4 Nu vevi bubu siwo kpena ɖe eŋu hãe nye nunyiame tɔxɛ siwo dzoxɔxɔ gbãgbãgbã metea ŋu gblẽna o, eƒe afɔ legbee siwo kɔnɛ ɖe dzi be eƒe dɔme mekaa ke xɔdzo gbãgbãgbã la o eye wonana wòƒua du kaba kple ale si wòbi ɖe mɔwo kpɔkpɔ dze sii me si kpena ɖe eŋu wòtoa mɔ kpuitɔ be wòaɖo eƒe do gbɔ kaba.