Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Woafa Akɔ Na Wò—Wò Hã Fa Akɔ Na Amewo

Na Woafa Akɔ Na Wò—Wò Hã Fa Akɔ Na Amewo

Esi mí katã míenye ame madeblibowo ta la, míedzea dɔ; ɣeaɖewoɣi enyea dɔléle sesẽwo gɔ̃ hã. Ne edzɔ alea la, nu kawoe kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi?

Nu vevi siwo kpena ɖe mía ŋu dometɔ ɖekae nye akɔfafa si míekpɔna tso ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo kple haxɔsetɔwo gbɔ.

Xɔlɔ̃ lɔ̃ame ƒe nya fakɔnamewo ate ŋu anɔ abe dɔmi si daa gbe le ame ŋu henana ame ƒe lãme hayana ene. (Lod. 16:24; 18:24; 25:11) Gake menye ale si amewo afa akɔ na mí ŋu koe mí Kristotɔ vavãwo míetsia dzi ɖo o. Ke boŋ míetsia dzi ɖe ale si míawo hã “míato akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi afa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la” hã ŋu. (2 Kor. 1:4; Luka 6:31) Antonio, si nye nutome gã dzikpɔla le Mexico, kpɔ nya sia ƒe vevienyenye dze sii.

Esi ɖɔktawo kpɔ ʋu me kansa, si nye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe, le Antonio ŋu la, eƒe dzi gbã vevie. Ke hã, edze agbagba be yeaɖu yeƒe blanuiléle dzi. Nu kae wòwɔ? Edzea agbagba ɖoa ŋku Fiaɖuƒehawo dzi hedzia wo be yeanɔ emenyawo sem ahanɔ ŋugble dem le wo ŋu. Nu bubu siwo hã fa akɔ nɛ geɖe ye nye kokoƒoƒo na Yehowa kple Biblia la xexlẽ.

Gake Antonio va de dzesii be, nu vevi siwo kpe ɖe ye ŋu la dometɔ ɖekae nye haxɔsetɔwo ƒe akɔfaname. Egblɔ be: “Ne dzi ɖe le nye kple srɔ̃nye ƒo la, míeyɔa hamemetsitsi aɖe si nye míaƒe ƒometɔ wòva doa gbe ɖa kpli mí. Esia faa akɔ na mí ŋutɔ, eye wònana míaƒe dzi dzea eme.” Egblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, le míaƒe ƒometɔwo kple haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, míete ŋu ɖu blanuilélea dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.” Aleke gbegbe wòdaa akpe ɖe xɔlɔ̃ lɔ̃ame lébename siawo tae nye esi!

Nu bubu si kpena ɖe ame ŋu le xaxaɣiwoe nye gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe Mawu do. Apostolo Petro gblɔ be “nunana faa” ye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye. (Dɔw. 2:38) Esia dze kɔtɛ esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame gbogbo aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Gbɔgbɔ kɔkɔea nye nunana si kpɔtɔ li na mí katã egbea. Enye nunana si mavɔ akpɔ o; eya ta nu ka tae màyi ebiabia dzi be woana wò le agbɔsɔsɔ me o?—Yes. 40:28-31.

TSƆ ÐE LE EME NA AME SIWO LE FU KPEM LA VEVIE

Apostolo Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖewo me, edze ŋgɔ ku ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. (2 Kor. 1:8-10) Gake Paulo mevɔ̃na na ku o. Enya be Mawu le megbe na ye, eye esia fa akɔ nɛ geɖe. Egblɔ be: “Woayra mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu kple Fofo, ame si nye dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (2 Kor. 1:3, 4) Paulo mena eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui o. Ke boŋ nu siwo me wòto la kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ veveseɖeamenu, si na wòsu te be wòafa akɔ na ame bubu siwo ɖo xaxa me.

Esi Antonio va haya la, ete ŋu gatrɔ yi eƒe mɔzɔzɔdɔa dzi. Togbɔ be etsɔa ɖe le haxɔsetɔwo me xoxoxo hã la, le nudzɔdzɔ sia megbe la, eya kple srɔ̃a wodze agbagba etɔxɛe be yewoasrã nɔvi siwo dze dɔ la akpɔ ahado ŋusẽ wo. Le kpɔɖeŋu me, esi Antonio yi ɖakpɔ Kristotɔ aɖe si dze dɔ vevie ɖa la, ede dzesii be kpekpeawo dede megadzroa nɔviŋutsu sia o. Antonio ɖe eme be: “Menye ɖe nɔviŋutsua melɔ̃ Yehowa alo nɔviawo o, ke boŋ eƒe dɔlélea ye kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ale gbegbe be wòle sesem le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o.”

Nu siwo Antonio wɔ tsɔ de dzi ƒo na nɔviŋutsu sia si dze dɔ la dometɔ ɖekae nye be, ebia tso esi be wòado gbe ɖa le kpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me. Togbɔ be nɔviŋutsua se le eɖokui me be yemedze o hã la, elɔ̃ ɖe edzi. Antonio gblɔ be: “Edo gbea ɖa nyuie ŋutɔ, eye ema megbe la, eƒe nɔnɔme trɔ enumake. Ekpɔe be viɖe gale ye ŋu.”

Nyateƒee, mí katã míedoa dzi le fukpekpewo me, woɖanye suewo alo gãwo o. Gake abe ale si Paulo gblɔe ene la, esia ana míasu te afa akɔ na ame bubu siwo hã le xaxawo me tom. Eya ta mina míatsɔ ɖe le fu siwo kpem mía nɔvi Kristotɔwo le me, eye míafa akɔ na wo le mía Mawu Yehowa sɔsrɔ̃ me.