Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègabu Mɔkpɔkpɔ Gbeɖe O!

Mègabu Mɔkpɔkpɔ Gbeɖe O!

Ðe nènye Yehowa Ðasefo ƒe geɖee nye esia eye nèdi vevie be srɔ̃wò si mele Yehowa subɔm haɖe o la nava wɔ ɖeka kpli wò le tadedeagu vavãtɔ mea?

Alo dzi ɖe le ƒowò esi wòdze abe wò Biblia nusrɔ̃vi si tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me gbã la mete ŋu va xɔ nyateƒea o ta?

 Nuteƒekpɔkpɔ siawo siwo tso Britain la akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si tae mele be nàbu mɔkpɔkpɔ gbeɖe o. Àkpɔ ale si nàna “wò abolo nato tɔ dzi yii,” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be nàyi edzi akpe ɖe ame siwo meɖo to nyateƒea haɖe o la ŋu.—Nyagb. 11:1.

KUTRIKUKU—ENYE NU SI HIÃ VEVIE

Nu vevi aɖe si hiãe nye be nàku kutri. Ele be nàlé ɖe nyateƒea ŋu eye nàku ɖe Yehowa ŋu. (5 Mose 10:20) Nu mae Georgina wɔ. Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii le ƒe 1970 me la, dzi ku srɔ̃a Kyriacos vevie. Edze agbagba be yeana wòadzudzɔ nusɔsrɔ̃a, meɖea mɔ Yehowa Ðasefowo gena ɖe aƒea me o, eye wòtsɔa woƒe agbalẽ ɖe sia ɖe si wòkpɔ la ƒua gbe.

Esi Georgina dze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme la, dzi gaku Kyriacos ɖe edzi wu. Gbe ɖeka la, eyi Fiaɖuƒe Akpata me be yeahe nya. Esi nɔvinyɔnu aɖe de dzesii be Kyriacos doa Helagbe nyuie wu Eŋlisigbe ta la, eƒo ka na nɔviŋutsu Helagbedola aɖe si le hame bubu me be wòava na kpekpeɖeŋu. Dzi dzɔ Kyriacos ɖe ale si nɔviŋutsua wɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe ta, eye wòlɔ̃ kpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃a me ɣleti ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã. Gake Kyriacos va dzudzɔ nua sɔsrɔ̃.

Kyriacos gayi srɔ̃a Georgina yome titi dzi ƒe etɔ̃ sɔŋ. Egblɔ na srɔ̃a be yeadzo le egbɔ ne exɔ nyɔnyrɔ. Le ŋkeke si dzi Georgina axɔ nyɔnyrɔ la, edo gbe ɖa na Yehowa vevie be ye srɔ̃ nagadzo le ye gbɔ o. Esi Ðasefoawo va be yewoakplɔ Georgina ayi takpekpea la, Kyriacos gblɔ na wo be: “Mido ŋgɔ. Míatsɔ míaƒe ʋu adze mia yome.” Eva takpekpea nyateƒe, ese ŋdi me nuƒoawo katã eye wòkpɔ srɔ̃a ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe!

Ƒe 40 kloe megbe tso esime Georgina do go Ðasefowo zi gbãtɔ la, ekpɔ srɔ̃a Kyriacos wòxɔ nyɔnyrɔ mlɔeba

Ema megbe la, Kyriacos megatia srɔ̃a yome abe tsã ene o, eye vivivi la, ewɔ tɔtrɔ gãwo. Ƒe 40 kloe megbe tso esime Georgina do go Ðasefowo zi gbãtɔ la, ekpɔ srɔ̃a Kyriacos wòxɔ nyɔnyrɔ mlɔeba! Nu kae kpe ɖe Kyriacos ŋu? Egblɔ be: “Meva kpɔ dzidzɔ ɖe Georgina ŋu elabena edo dzi ŋutɔ.” Georgina gblɔ be: “Togbɔ be srɔ̃nye nɔ yonyeme tim hã la, meɖoe be nyemadzudzɔ Mawu subɔsubɔ akpɔ o. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, meyi edzi nɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye nyemebu mɔkpɔkpɔ gbeɖe o.”

ASIXƆXƆ SI LE AMENYENYE YEYEA ŊU

Nu bubu aɖe si akpe ɖe srɔ̃wò ŋue nye be nàdo amenyenye yeyea. Apostolo Petro xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, ale be ne wo dometɔ aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo.” (1 Pet. 3:1) Christine wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi, togbɔ be exɔ ƒe geɖe hafi srɔ̃a va xɔ nyateƒea hã. Esi Christine zu Ðasefo ƒe 20 kple edzivɔe nye esi va yi la, srɔ̃aŋutsu John ya mexɔ Mawu dzi se o. John medi be yeaƒo ye ɖokui ɖe subɔsubɔ aɖeke me o. Ke hã ekpɔ ale si Christine ya tsɔ dzo ɖe eƒe dzixɔse yeyea ŋui. John gblɔ be: “Mekpɔe be ena wòle dzidzɔ kpɔm wu. Eƒe nɔnɔme gava nyo ɖe edzi, edoa vevie nu, eye esia kpe ɖe ŋunye medo dzi le nɔnɔme sesẽ geɖe me.”

Christine mezi eƒe subɔsubɔ yeyea ɖe srɔ̃a dzi gbeɖe o. John gblɔ be: “Christine de dzesii le gɔmedzedzea ke be nuƒoƒo tso mawusubɔsubɔ ŋu mado dzidzɔ nam o, eya ta eɖe asi le ŋunye dzigbɔɖitɔe be nye ŋutɔ mava de dzesi nuwo.” Ne Christine kpɔ nyati aɖe le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me si wòkpɔ be ado dzidzɔ na srɔ̃a, abe esiwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya alo nuwɔwɔwo ŋu ene la, etsɔa wo fianɛ hegblɔna nɛ be, “Ewɔ nam be nyati sia xexlẽ ado dzidzɔ na wò.”

Le ƒe aɖewo megbe la, John xɔ dzudzɔ le dɔ me eye wòdze abɔdɔwɔwɔ gɔme. Fifia eƒe susu dze akɔ anyi be wòade ŋugble le agbe me nyabiase vevitɔwo ŋu; ete nyawo abe esia ene biabia eɖokui: ‘Ðe amegbetɔ dzɔ le eɖokui si le vo mea, alo ɖe wowɔ mí le susu aɖe ta?’ Gbe ɖeka, nɔviŋutsu aɖe si nɔ dze ɖom kple John la biae be, “Ðe nàdi be woasrɔ̃ nu kpli yea?” John gblɔ be: “Azɔ esi mete Mawu dzi xɔxɔ se la, melɔ̃ be wòasrɔ̃ nu kplim.”

Enyo ŋutɔ be Christine mebu mɔkpɔkpɔ o! Le gbedodoɖa na Mawu ƒe 20 sɔŋ be ye srɔ̃ hã naxɔ nyateƒea megbe la, John xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba. Fifia wole Yehowa subɔm ɖekae dzonɔamemetɔe. John gblɔ be: “Nu evee na meva xɔ nyateƒea—woawoe nye Ðasefoawo ƒe dɔmenyonyo kple xɔlɔ̃wɔwɔ. Eye ne srɔ̃wò nye Yehowa Ðasefo la, ekema srɔ̃ si dzi nàte ŋu aka ɖo, si ɖia anukware, si media eɖokui tɔ o ye nye ema su asiwò.” Ɛ̃, Christine wɔ ɖe nya siwo le 1 Petro 3:1 la dzi, eye nu nyuiwo do tso eme nɛ!

 NUKUAWO TSENA LE ƑE GEÐE MEGBE

Ke Biblia nusrɔ̃vi siwo megava tsɔa ɖe le nusɔsrɔ̃a me o le susu aɖe ta ya ɖe? Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” (Nyagb. 11:6) Ɣeaɖewoɣi la, exɔa ƒe geɖe hafi nyateƒea ƒe nukua tsina. Ke hã nusrɔ̃via ate ŋu ava kpɔ ale si gbegbe tete ɖe Mawu ŋu le vevie la adze sii mlɔeba. (Yak. 4:8) Ɛ̃, nu dodzidzɔname ate ŋu ava do tso wò agbagbadzedzewo me gbe ɖeka.

Bu Alice, si ʋu tso India yi England ŋu kpɔ. Le ƒe 1974 me la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Edoa Hindigbe, gake edi be yeƒe Eŋlisigbea nanyo ɖe edzi. Alice srɔ̃ nu hena ƒe aɖewo, eye wòde hamea ƒe kpekpe ʋɛ aɖewo le Eŋlisigbe me. Enya be nu si srɔ̃m yenɔ lae nye nyateƒea gake etsɔe abe dzidzɔdonamenu aɖe ko ene. Azɔ hã, eƒe susu katã le gakpɔkpɔ ŋu eye agbeɖuɖu vivia enu. Mlɔeba la, Alice dzudzɔ nua sɔsrɔ̃.

Anɔ abe ƒe 30 ene megbe la, Stella, si dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Alice la xɔ lɛta aɖe tso egbɔ. Lɛtaa xlẽ be: “Meka ɖe edzi be ado dzidzɔ na wò ŋutɔ be nànya be, ame si nèsrɔ̃ nu kple le ƒe 1974 me la xɔ nyɔnyrɔ le nutome gã takpekpe si wowɔ nyitsɔ laa me. Èwɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me. ȃã nyateƒea ƒe ku ɖe menye, eye togbɔ be nyemenɔ klalo ɣemaɣi be matsɔ ɖokuinye aɖe adzɔgbe na Mawu o hã la, nyateƒea ƒe ku si nèƒã la kpɔtɔ nɔ nye dzi kple susu me.”

Lɛta si Stella xɔ tso Alice gbɔ la xlẽ be: “Meka ɖe edzi be ado dzidzɔ na wò ŋutɔ be nànya be, ame si nèsrɔ̃ nu kple le ƒe 1974 me la xɔ nyɔnyrɔ le nutome gã takpekpe si wowɔ nyitsɔ laa me”

Nu kae na Alice va wɔ ŋgɔyiyi? Egblɔ be yeva lé blanui vevie le ye srɔ̃ ƒe ku megbe le ƒe 1997 me. Edo gbe ɖa na Mawu. Le miniti ewo megbe la, Ðasefo eve siwo doa Punjabigbe la va ƒo ʋɔ nɛ, eye wotsɔ trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? la nae. Alice se le eɖokui me be Mawu ɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu na ye, eye wòtso nya me be yeade ha kple Yehowa Ðasefowo. Gake, afi kae wòakpɔ wo le? Eva ke ɖe Punjabi hamea ƒe adrɛs si Stella tsɔ nae xoxoxo la ŋu. Alice yi Fiaɖuƒe Akpataa me eye nɔvi Punjabigbedolawo xɔe nyuie. Alice gblɔ be: “Lɔlɔ̃ si woɖe fiam la wɔ dɔ ɖe dzinye ɣeyiɣi didi aɖe, eye esia kpe ɖe ŋunye meɖu nye blanuilélea dzi.”

Edze kpekpeawo dede gɔme edziedzi eye wògadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake, esrɔ̃ Punjabigbe dodo kple exexlẽ hebi ɖe eme. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2003 me. Eƒo lɛta si wòŋlɔ na Stella la ta ale: “Akpe na wò kakaka be nèƒã nyateƒea ƒe ku mawo ɖe menye ƒe 29 ye nye esia, eye nèɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi nam be masrɔ̃.”

“Akpe na wò kakaka be nèƒã nyateƒea ƒe ku mawo ɖe menye ƒe 29 ye nye esia, eye nèɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi nam be masrɔ̃.”—Alice

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ siawo me? Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi wu ale si nèsusui hafi nyateƒea ƒe kuwo natsi, gake ne gbɔgbɔmedɔ le ame aɖe wum, evɔ wònye anukwaretɔ hebɔbɔa eɖokui la, Yehowa ana nukuawo natsi le eƒe dzi me. Ðo ŋku nya si Yesu gblɔ le eƒe kpɔɖeŋu aɖe me dzi: “Nuku la miena hetsina, gake ale si tututu wòdzɔna ya la, [nukuwulaa] menyana o. Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba [dona], emegbe ta si ŋu kutsetsea ava nɔ, eye mlɔeba kutsetse bliboa.” (Marko 4:27, 28) Nukua ŋutɔ “wɔna le eɖokui si” vivivi. Le nyateƒe me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖeke menya ale si esia dzɔna o. Eya ta yi edzi nàƒã nukua wòasɔ gbɔ. Àte ŋu ava ŋe nu wòasɔ gbɔ.

Eye mègaŋlɔ gbedodoɖa ƒe vevienyenye be o. Georgina kple Christine nɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa ɖaa. Ne èle “gbedodoɖa dzi ɖaa” eye mèbu mɔkpɔkpɔ gbeɖe o la, “le ŋkeke geɖewo megbe” la, àgakpɔ “abolo” si nèna wòto tɔ dzi yii la ake.—Rom. 12:12; Nyagb. 11:1.