Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Me Nyateƒea Fiafia Amewo

Xlẽ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yehowa Ðasefowo si esime wole Mawu ƒe Nya la kple eme nyateƒea fiam ame geɖe ale si wòanya wɔ la ŋu.

Ale Si Wode Dzi Ƒo Na Kɔdzidɔwɔla Aɖewo

Aleke dɔnɔdzikpɔlawo kple kɔdzidɔwɔla bubuwo kpɔ akɔfafa le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia me?

Woyi Edzi Nɔ Gbeƒã Ðem Le Dɔvɔ̃a Ƒe Ɣeyiɣia Me

Nɔviwo yi edzi le dzidzɔ kpɔm eye wole mɔnu vovovowo dzi tom le Biblia me gbedeasia gblɔm na amewo tsɔ le akɔ fam na wo le xexea me godoo.

Tsiɖɔɖɔ Aɖe He Nya Nyui Vɛ

Le tsidzadza gã aɖe megbea, Nicaragua ƒe kɔƒe aɖewo me tɔwo kpɔ kpekpeɖeŋu tso teƒe aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o.

Woɖo Nyɔnu Ŋkunɔ Aɖe Ƒe Gbedodoɖawo Ŋu

Mingjie do gbe ɖa be yeake ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu. Nu kae na wò ka ɖe edzi be woɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu?

Biblia Nusɔsrɔ̃ Ðeka Dzi Ðe Edzi Va Zu Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe

Yehowa Ðasefo siwo le Guatemala dze agbagba tsɔ Biblia me nyateƒea yi na Kekchigbe dolawo.

Subɔsubɔhakplɔla La Kpɔ Ŋuɖoɖo Na Eƒe Biabiawo

Esi subɔsubɔhakplɔla aɖe kple srɔ̃a ƒe vi dze dɔ heku la, wofa avi vevie. Gake eteƒe medidi o, wote woƒe biabia siwo ku ɖe ku ŋu la ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo kpɔkpɔ.

Mɔzɔzɔ Yi Maroni Tɔsisia Ƒe Nutowo Me

Ðasefo 13 yi ɖaɖe gbeƒã Biblia me gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame la na ame siwo le Amazon ƒe avetsuwo me le Anyiehe Amerika.

Poliswo Nɔ Joseph Ŋu

Aleke polis aɖewo siwo le ƒukpo sue aɖe dzi la kpe ɖe Yehowa Ðasefo aɖewo ŋu woɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia?

Wotɔ Hena Kpekpeɖeŋu

Nu kae na sɔhɛ atɔ̃ aɖewo dze agbagba kpe ɖe wo havi aɖe ŋu togbɔ be sno nɔ dzadzam eye yame fa miamiamia gɔ̃ hã?

“Anukwareɖiɖi Sue Aɖe”

Xlẽ nu tso nu si tae Yehowa Ðasefo aɖe si le South Africa ku kutri di ŋutsu aɖe si gblẽ eƒe akplo ɖe kɔfinoƒe aɖe ʋuu va ke ɖe eŋu la ŋu.

“Mewɔa Nu Si Mate Ŋu Awɔ”

Togbɔ be Irma xɔ ƒe 90 kloe hã la, eŋlɔa lɛta na amewo tso Biblia me nyawo ŋu, eye lɛta mawo wɔa dɔ ɖe ame geɖe siwo xɔ wo la dzi.

Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo

Xlẽ nu tso ale si Biblia kpe ɖe ƒome aɖe ŋu wo dome va le vivim eye wole dzidzɔ kpɔm wu la ŋu.

“Nu Yeye Kurae Wònye!”

Video siwo le jw.org nyatakakadiƒea le vi ɖem na kpovitɔwo, suku ƒe aɖaŋuɖolawo kple ame bubuwo.

Dɔmenyonuwɔna Ðeka Aɖe

Aleke dɔmenyonuwɔna ɖeka aɖe kpe ɖe ame aɖe si tsitre ɖe nyateƒea ŋu tsã la ŋu wòva tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me?

Mègabu Mɔkpɔkpɔ Gbeɖe O!

Mègabu mɔkpɔkpɔ gbeɖe be ame aɖe mate ŋu ava xɔ nyateƒea o. Xlẽ nu tso ame aɖewo siwo va wɔ esia kple nu si tae ŋu.

Hulda Ðo Eƒe Taɖodzinua Gbɔ

Aleke Hulda wɔ te ŋu ƒle tablɛt si akpe ɖe eŋu le kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me?

Amekpekpedɔ Aɖe Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Do Ŋgɔ Nyuie La Tse Ku

Kpɔ ale si nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si le Chile ku kutri ma wɔna tɔxɛ aɖe ƒe amekpegbalẽvi na ame siwo katã doa Mapudungun le eƒe suku.

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Nu Ayi Ŋgɔ Wu Amewo Ƒe Dzedzemea?

Nu kae va do tso eme esi Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ dzi ɖi ƒo nu na ŋutsu aƒemanɔsitɔ aɖe si mekɔa mo ɖe ame o eye melɔ̃na be ame nade ha kpli ye o?