Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Nusɔsrɔ̃ Ðeka Dzi Ðe Edzi Va Zu Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe

Biblia Nusɔsrɔ̃ Ðeka Dzi Ðe Edzi Va Zu Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe

 Marta si nye Yehowa Ðasefo aɖe le Guatemala le Kekchigbe srɔ̃m ale be yeate ŋu agblɔ Biblia me gbedeasia na Kekchigbe dolawo. Gbe ɖeka ekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ dodom tso kɔ aɖe dzi. Esi Marta kpɔ ŋutsua la, ede dzesii be anya tso Kekchigbe dolawo ƒe kɔƒe totroe aɖe me; evɔ Yehowa Ðasefowo meɖea gbeƒã le afi ma edziedzi o. Ete ɖe ŋutsua ŋu eye wòdo Kekchigbe ɖeka eve siwo wòsrɔ̃ la nɛ.

 Marta do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ŋutsua gbɔ. Ŋutsua lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia gake egblɔ na Marta be ga mele ye si yeaxe fe ɖe Biblia sɔsrɔ̃a ta o. Marta ɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefowo mexɔa ga le amewo si ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ta o. Egblɔ nɛ hã be yewoate ŋu asrɔ̃ nua to fon dzi eye eƒe ƒome bliboa hã ate ŋu anɔ eme. Ŋutsua lɔ̃ ɖe edzi. Ŋutsua tea ŋu doa Spaingbe eye wòxlẽnɛ hã, eya ta Marta tsɔ Spaingbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖeka nɛ. Enae Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si le Kekchigbe me hã. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, Marta te Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋutsua, srɔ̃a kple wo vi eveawo to fon dzi. Wosrɔ̃a nua zi eve le kwasiɖaa me. Marta gblɔ be: “Esi nyemese Kekchigbea nyuie o ta, míesrɔ̃a nua le Spaingbe me eye ŋutsua ɖea eme na srɔ̃a ɖe Kekchigbea me. Ðeviawo ya se Spaingbe.”

 Pastɔe ŋutsua nye le woƒe sɔleme. Eya ta enɔ nu siwo srɔ̃m wònɔ le Biblia me la fiam eƒe hameviwo. Hameviawo kpɔ dzidzɔ ɖe nu yeye siwo fiam wòle wo la ŋu eye wobiae be afi kae wòsrɔ̃a nu yeye siawo tsoe mahã. Esi wòɖe eme na wo be Yehowa Ðasefo aɖee srɔ̃a Biblia kpli yea, hameviawo hã te pastɔa gbɔ vava ɖeka ɖeka le nua srɔ̃ɣi va nɔ nua srɔ̃m. Eteƒe medidi o, hamevi siwo anɔ abe 15 ene va nɔa nusɔsrɔ̃a me to fon dzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Le ɣeyiɣi aɖe megbea wotsɔa nuƒomɔ̃ aɖe dana ɖe fon la gbɔ ale be nyawo nate ŋu aɖi nyuie yewoase.

 Esi Marta ka Biblia nusɔsrɔ̃a ta na eƒe hamemetsitsiwo la, hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka yi vae srã nusrɔ̃viawo kpɔ le kɔƒea me. Hamemetsitsia kpe wo be woava se dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔla a aƒo le kɔƒe aɖe me. Ehiã be woaɖo ʋu gaƒoƒo ɖeka emegbe woazɔ afɔ gaƒoƒo eve sɔŋ hafi aɖo kɔƒe ma me. Gake nusrɔ̃viawo lɔ̃ be yewoava eye wo ame 17 ye va gbe ma gbe.

 Le kwasiɖa aɖewo megbea, nutome sue dzikpɔla kple Ðasefo bubu aɖewo yi nusrɔ̃viawo gbɔ le kɔƒea me eye wonɔ afi ma ŋkeke ene. Le ŋdiwo me la, wokpɔa Kekchigbe me video siwo le jw.org, eye wosrɔ̃a agbalẽ gbadza si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? Eye le ŋdɔwo me la, wokpɔa JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo. Nutome sue dzikpɔlaa wɔ ɖoɖo hã be Biblia nufiala nanɔ nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe si.

 Le ŋkeke ene mawo me la, Ðasefoawo ɖe gbeƒã le Kekchigbe dolawo ƒe kɔƒe bubu siwo le nutoa me la me eye wokpe kɔƒeawo me tɔwo na kpekpe tɔxɛ aɖe si woawɔ. Ame siwo wokpe la dometɔ 47 ye va kpekpea, eye nɔviawo doe ɖe wo gbɔ be, woana woanɔ Biblia srɔ̃m kple wo dometɔ ɖe sia ɖe. Ƒome wuiɖekɛ lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo.

 Ɣleti ʋee aɖewo megbea, hamemetsitsiwo wɔ ɖoɖo be yewoanɔ kpekpe wɔm le kɔƒe gbãtɔa me kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe. Fifia, ame abe 40 ene ye dea kpekpeawo edziedzi. Eye esi nɔviawo wɔ Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ame 91 ye va.

 Esi Marta ɖo ŋku ale si nu bliboa dze egɔme kple ale si wòva yi la, egblɔ be: “Meda akpe na Yehowa ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣia, ewɔna nam be nyemate ŋu awɔ geɖe o. Gake dɔwɔnuwoe míenye le Mawu si me. Eyae nya nu si le kɔƒea me tɔ mawo ƒe dzi me eye wòte wo ɖe eƒe amewo ŋu. Yehowa lɔ̃ wo vevie.”

a Nutome sue dzikpɔla nye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla si sraa hame siwo ade 20 kpɔ na ɖeka ɖeka. Hame siawo ƒo ƒu wɔ nutome sue ɖeka.