Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mɔzɔzɔ Yi Maroni Tɔsisia Ƒe Nutowo Me

Mɔzɔzɔ Yi Maroni Tɔsisia Ƒe Nutowo Me

 Ame geɖe siwo tso dukɔ, to kple gbegbɔgblɔ vovovowo me la le Amazon ƒe avetsu siwo le Anyiehe Amerika la me, eye nuto sia sa ɖe aga tso dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo la gbɔ. Eya ta le July 2017 me la, Yehowa Ðasefo 13 zɔ mɔ yi Maroni Tɔsisia kple eƒe alɔdze siwo le ɣedzeƒe gome le French Guiana. Kple taɖodzinu ka? Be yewoatsɔ Biblia me gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame la ayi na ame siwo le tɔsisia ƒe nutowo me.

Dzadzraɖo Ðe Mɔzɔzɔa Ŋu

 Ɣleti ɖeka do ŋgɔ na mɔzɔzɔ sia si xɔ ŋkeke 12 la, nɔvi siwo katã ayi la de kpekpe aɖe si wowɔ na wo. Winsley gblɔ be, “Woƒo nu tso ale si nutoa me le, nutoa me ƒe ŋutinya kple ale si míawɔ adzra ɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu la na mí.” Nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ nugo si me tsi mate ŋu age ɖe o la ɖe asi eye wotsɔ mudɔ kple aba si wotsina ɖe yame la de eme. Mɔzɔzɔa bia be woaɖo yameʋu zi eve agaɖo akrowo hã gaƒoƒo geɖe.

Claude kple Lisette

 Aleke ame siwo wotia la se le wo ɖokui me? Claude kple Lisette siwo le woƒe ƒe 60-awo me la lɔ̃ ɖe amekpekpe sia dzi enumake. Claude gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, gake magavɔ̃ vie hã. Mese nu geɖe tso afɔku siwo le tɔsisia ƒe afi siwo wɔa adã la ŋu.” Nu bubuwo ŋue Lisette ya tsi dzi ɖo, egblɔ be: “Mebu tame tso ale si mawɔ ado Amerika-Indiatɔwo ƒe gbeawo, evɔ nyemese wo o la ŋu.”

 Nɔviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mickaël hã se le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Míenya nu geɖe tso Wayanatɔwo ŋu o, eya ta meku nu me le Internet dzi tsɔ srɔ̃ woƒe gbedonamewo kple nya ʋɛ aɖewo.”

 Shirley, si yi kple srɔ̃a Johann, la ŋlɔ gbe vovovo siwo ame siwo le nutoa me dona la da ɖi. Egblɔ be: “Míewɔ video siwo le gbe geɖe siwo wodona le afi ma la ƒe kɔpiwo le jw.org, eye míedi agbalẽ si me woŋlɔ Wayanagbe me nya aɖewo ɖo hã ɖe asi.

Amerika-Indiatɔwo Gbɔ Ðoɖo

 Le Braɖa, July 4 lia dzi la, nɔviawo ɖo yameʋu le Saint-Laurent du Maroni yi Maripasoula, si nye du sue aɖe le French Guiana ƒe nutotroewo me.

 Le ŋkeke ene me la, woɖo akrowo yi ɖaɖe gbeƒã na kɔƒe siwo le Maroni Tɔsisia ƒe dzigbenutowo me la me tɔwo. Roland si nye nɔvi siwo yi la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míekpɔe be Amerika-Indiantɔwo tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me ŋutɔ. Nyabiase geɖewo le wo si eye wo dometɔ aɖewo di be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo.”

 Le kɔƒe aɖe me la, Johann kple Shirley do go atsu kple asi aɖe siwo ƒe ƒometɔ aɖe wu eɖokui nyitsɔ laa koe nye ema. Johann gblɔ be: “Míeɖe video si nye Amerikatɔ Akuakua Ke Ðe Wɔlaa Ŋu,” si le JW Nyakakadɔwɔƒea la na wo. Videoa wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Wotsɔ woƒe e-mail adrɛs na mí elabe wodi be yewoanya nu geɖe.”

 Kɔƒe diditɔ kekeake si woyi le tɔsisia ƒe dzigbe ye nye Antécume Pata. Le afi ma la, kɔƒea me fia na teƒe Ðasefoawo, siwo ŋu ɖeɖi te, la be woatsi adɔ. Wole tsi hã le tɔsisia me abe ale si ko kɔƒea me tɔwo wɔnɛ ene.

 Esi Ðasefoawo dzo le afi ma la, woyi kɔƒe si woyɔna be Twenké la me, eye le afi ma la, kɔƒea me tɔwo nɔ woƒe ame vevi siwo ku la fam. Éric, si nye ame siwo wɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu la dometɔ ɖeka, gblɔ be: “Kɔƒea me fia ɖe mɔ na mí be míayi ame siwo le nu xam la gbɔ faa aɖafa akɔ na wo. Fia la kple eƒe ƒomea kpɔ dzidzɔ ɖe mawunyakpukpui siwo míexlẽ na wo le Wayana Biblia me la ŋu. Eye míeɖe video siwo ku ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si ŋugbe Biblia do la ŋu na wo.”

Wova Ðo Grand-Santi Kple Apatou

 Woɖo yameʋu gaƒoƒo afã tso Maripasoula va du sue aɖe si le Grand-Santi si le tɔsisia ƒe anyime la me. Le Braɖa kple Kuɖagbe la, Ðasefoawo gblɔ Biblia me gbedeasia na dua me tɔwo. Le Yawoɖagbe la, Ðasefoawo gayi mɔzɔzɔa dzi yi kɔƒe si nye Apatou, si hã le Maroni Tɔsisia ƒe anyime la me; mɔzɔzɔ sia xɔ gaƒoƒo atɔ̃ kple afã.

Maroni Tɔsisia kple Amazon ƒe avetsuwo ƒe akpa si le Maripasoula kple Grand-Santi dome

 Esi wòsusɔ ŋkeke ɖeka ne woawu woƒe mɔzɔzɔa katã nu la, Ðasefoawo yi Maroontɔwo ƒe kɔƒe siwo le avea me la me; ame siawo nye Afrika kluvi siwo wokplɔ va Anyiehe Amerika esime dukɔ si nye Suriname la nɔ wo dzi ɖum la ƒe dzidzimeviwo. Ðasefoawo wɔ kpekpe aɖe le agbadɔ gã aɖe si wowɔ koŋ hena kpekpe sia la te le avea me eye wokpe ame sia ame be wòava. Claude gblɔ be: “Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi ame gbogbo aɖewo va. Ŋdi ma koe míekpe wo!” Karsten ye ƒo dutoƒonuƒoa si ƒe tanyae nye “Agbea Katã Koe Nye Sia?” le Aukangbe me. Emae nye zi gbãtɔ si wòzɔ mɔ yi nuto totroe ma me. Ame 91 ye tso kɔƒe vovovoawo me va kpekpea.

“Míele Klalo Be Míagayi Ake!”

 Mlɔeba la, Ðasefoawo trɔ gbɔ va Saint-Laurent du Maroni. Ale si ameawo xɔ Ðasefoawo nyuie eye wolɔ̃ xɔ agbalẽ gbogbowo hekpɔ video geɖe siwo Yehowa Ðasefowo wɔ la wɔ dɔ ɖe wo katã dzi ale gbegbe.

 Lisette gblɔ be: “Nyemenya ale si tututu maɖɔ dzidzɔ si mekpɔ esi mekpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me o.” Cindy hã lɔ̃ ɖe edzi esi wògblɔ be: “Ne mɔnukpɔkpɔ bubu gava la, nyemana wòato ŋunye akpɔ o. Ele be wò ŋutɔ nàɖɔ dzidzɔ sia kpɔ ale be nànya ale si wòle!”

 Mɔzɔzɔa de dzo Ðasefoawo dometɔ aɖewo me be woagatrɔ ayi. Mickael gblɔ be: “Míele klalo be míagayi ake!” Winsley ʋu yi Saint-Laurent du Maroni. Claude kple Lisette, siwo le woƒe ƒe 60-awo me la hã ʋu yi Apatou.