Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Harmagedon-ʋa La Ɣekaɣie Wòadzɔ?

Harmagedon-ʋa La Ɣekaɣie Wòadzɔ?

Harmagedon-ʋa La Ɣekaɣie Wòadzɔ?

“Mekpɔ, eye kpɔ ɖa! Ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o, tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me . . . do go tso xaxa gã la me.”—NYAÐEÐEFIA 7:9, 14.

NƆNƆMEAWO sɔ keŋ azɔ be Harmagedon-ʋa la nadze egɔme. Le mɔ ka nu?

Yehowa subɔlawo ƒe habɔbɔ si me tɔwo le xexea me godoo la li egbea, eye wonɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame deŋgɔ siwo le Biblia me la nu. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, wole ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔ, to, kple gbegbɔgblɔ vovovowo me la nu ƒom ƒu ɖe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo wɔ ɖeka helɔ̃a wo nɔewo la me. Nɔvilɔlɔ̃ sia le Yehowa Ðasefowo dome.—Yohanes 13:35.

Eteƒe madidi o, Satana aƒo eƒe aʋakɔwo nu ƒu be woaho ɖe ŋutifafame siawo siwo adze abe wonye wɔnamanɔŋutɔwo ene la ŋu le eƒe amedzidzedze gãtɔ kekeake me. (Xezekiel 38:8-12; Nyaɖeɖefia 16:13, 14, 16) Nu kae ɖo kpe esia dzi? Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si me Harmagedon-ʋaa adzɔ ŋu tẽe. Nudzɔdzɔ mawo dometɔ geɖe le eme vam fifia.

Nu Siwo Le Eme Vam Fifia

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be aleke amewo awɔ anya be “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” ɖo hã. (Mateo 24:3) Le nyaa ŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava esime “dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave, eye anyigba aʋuʋu, le teƒeteƒewo.” Egblɔ kpee be: “Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Mateo 24:7, 8) Apostolo Paulo yɔ ɣeyiɣi ma ke be “ŋkeke mamlɛawo,” eye wògblɔ be anye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.” (2 Timoteo 3:1) Ðe nèkpɔe be nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi mawo me la le eme vama?

Nu ka tae ɣeyiɣi mawo me nɔnɔ asesẽ ɖo? Apostolo Yohanes gblɔ nu si tae. Egblɔe ɖi be le ‘ɣeyiɣi kpui aɖe’ me la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ dɔ dzi le anyigba dzi. Egblɔ tso Satana ŋu be “dzi le ekum vevie” le ɣeyiɣi ma me. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ède dzesii be menye teƒe ɖeka aɖe koe dziku kple ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖo o, ke boŋ xexea me godoo yea?

Yesu gblɔ hã be le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, woawɔ dɔ gã nyadri aɖe ade goe. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã [Mawu] fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le dukɔ siwo wu 235 me le gbegbɔgblɔ 500 kple edzivɔ me egbea. Wotaa magazine eve, siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!, siwo me nyawo wotu ɖe Biblia dzi la, wòsɔa gbɔ sãsãsã wu magazine bubu ɖe sia ɖe. Azɔ hã, Ðasefowo ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 100 sɔŋ me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe wɔa dɔ siawo katã, eye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koe wotsɔ dɔa alɔe. Ðe wòanye be gbeƒãɖeɖedɔ gã siae nye Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava?

Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo awɔe be aʋa nadzɔ ɖe Yehowa Mawu kple ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu dome la hã ŋu. Na míadzro nyagblɔɖi siawo dometɔ etɔ̃ siwo me vava teƒe nàkpɔ la me.

Nu Siwo Teƒe Nàkpɔ Kpuie

Nyagblɔɖi Gbãtɔ. Biblia gblɔ be dukɔwo aɖe gbeƒã “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Woasusui be yewokpɔ ta na xexea me ƒe kuxi sesẽwo vɔ. Ke hã, tsɔtsrɔ̃ boŋue ava wo dzi le gbeƒãɖeɖe sia yome, ke menye ŋutifafa o.—1 Tesalonikatɔwo 5:1-3.

Nyagblɔɖi Evelia. Eyome dziɖuɖuwo adze xexe sia me subɔsubɔhawo dzi. Le Biblia me la, wotsɔ lã wɔadã aɖe wɔ kpɔɖeŋui na dziɖuɖu siawo; eye wotsɔ nyɔnu si bɔbɔ nɔ anyi ɖe lã wɔadãa dzi la wɔ kpɔɖeŋui na xexea ƒe alakpasubɔsubɔhawo. (Nyaɖeɖefia 17:3, 15-18) Kpɔɖeŋulã wɔadã sia awɔ Mawu ƒe didi dzi le manyamanya me to subɔsubɔha siwo gblɔna alakpatɔe be yewole Mawu teƒe la tsɔtsrɔ̃ me.

Apostolo Yohanes ɖɔ nudzɔdzɔ sia le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ale: “Dzo ewo siwo nèkpɔ kple lã wɔadã la, woawo alé fu gbolo la, eye woagblẽe, eye woaɖe amae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, be woawɔ nu si le eƒe susu me la dzi.”—Nyaɖeɖefia 17:16, 17.

Nyagblɔɖi Etɔ̃lia. Ne woɖe alakpasubɔsubɔhawo ɖa alea vɔ la, Satana aƒo dukɔwo nu ƒu be woadze ame siwo subɔa Yehowa Mawu la dzi.—Nyaɖeɖefia 7:14; Mateo 24:21.

Nu Kae Nàwɔ?

Ne mɔnukpɔkpɔ mesu asiwò nèsrɔ̃ Biblia tsitotsito o la, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe ase be nu siwo ŋu míeƒo nu tsoe la adzɔ. Ke hã, àte ŋu aka ɖe edzi be kpeɖodzi sẽŋuwo ɖee fia be nu siawo katã ava eme kpuie. Biblia me nyagblɔɖi gbogbo siwo va eme xoxo la na míeka ɖe edzi be woava eme. *

Ðe manyo ŋutɔ be nàdi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu tso nu si tae Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la tu aƒe, kple nu si tae mele be nàvɔ̃ ŋkeke ma ƒe vava la ŋu oa? Na woadzro nu si Biblia gblɔ tso nu si wòle be nàwɔ be nànɔ ame siwo ta Yehowa Mawu akpɔ dome ŋu la me kpli wò. (Nyaɖeɖefia 16:14) Ðewohĩ nu si nàsrɔ̃ la ana nu si nye wò susu le etsɔme ŋu natrɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu tso nu siwo ɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo va eme ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 2 kple 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Ðe wòanye be Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nye Biblia me nyagblɔɖi me vava?