Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA ASIEKE

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
  • Nudzɔdzɔ kawoe Biblia gblɔ ɖi siwo le eme vam le míaƒe ŋkekea me?

  • Aleke Mawu ƒe Nya la gblɔ be amewo ƒe nɔnɔme anɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me?

  • Nu nyui kawoe Biblia gblɔ ɖi ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu?

1. Afikae míate ŋu asrɔ̃ nu tso nusiwo adzɔ le etsɔme ŋu le?

ÐE NÈKPƆ nyadzɔdzɔwo le television dzi kpɔ, eye nèbia ɖokuiwò be, ‘Afika kurae xexe sia ɖo taea?’ Nu dovoɖiname siwo ame aɖeke mele mɔ kpɔm na o la le dzɔdzɔm kabakaba ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ nusi adzɔ etsɔ o. (Yakobo 4:14) Gake Yehowa ya nya alesi etsɔme anɔ. (Yesaya 46:10) Tso blema ke la, eƒe Nya Biblia la gblɔ nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la ŋu nya ɖi, eye wògagblɔ nu dodzidzɔname siwo adzɔ kpuie la hã ɖi.

2, 3. Nya kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae, eye aleke wòɖo eŋui?

2 Yesu Kristo ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa eye wòana anyigba nazu paradiso, la ŋu na amewo. (Luka 4:43) Ameawo di be yewoanya ɣeyiɣi si Fiaɖuƒea ava. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: ‘Nukae nye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu ƒe dzesi?’ (Mateo 24:3) Yesu ɖo eŋu na wo be Yehowa Mawu ɖeɖe koe nya ɣeyiɣi si tututu nuɖoanyi sia awu enu. (Mateo 24:36) Gake Yesu ƒo nu tso nusiwo adzɔ le anyigba dzi do ŋgɔ teti hafi Fiaɖuƒea  nahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ na ameƒomea la ŋu. Nya si wògblɔ ɖi la le eme vam fifia!

3 Hafi míadzro nusiwo ɖo kpe edzi be míele ‘nuɖoanyi siawo ƒe nuwuɣi’ me la, na míatrɔ ɖe aʋa aɖe si dzɔ, si amegbetɔ aɖeke mete ŋu kpɔ kple ŋku o, la ŋu kpuie. Dziƒo, afisi ŋku mate ŋu akpɔ o, ye wòdzɔ le, eye nusi do tso eme la ka mí vevie.

AƲA AÐE SI DZƆ LE DZIƑO

4, 5. (a) Nukae dzɔ le dziƒo esi woɖo Yesu Fiae megbe teti? (b) Le Nyaɖeɖefia 12:12 ƒe nya nu la, nukae anye aʋa si adzɔ le dziƒo la me tsonu?

4 Woɖe eme na mí le agbalẽ sia ƒe ta si do ŋgɔ na esia me be wotsɔ Yesu Kristo ɖo Fiae le dziƒo le ƒe 1914 me. (Daniel 7:13, 14) Yesu wɔ afɔɖeɖe siwo hiã esi wònya xɔ Fiaɖuŋusẽa teti ko. Biblia la gblɔ be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [si nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu] kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la [Satana Abosam]. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la.” * Woɖu Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖi, siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo, dzi le aʋa ma me eye wonyã wo le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒewo tso aseye be wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gake ema mehe dzidzɔ vɛ na amegbetɔwo ya o. Ke boŋ Biblia la gblɔ ɖi be: “Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:7, 9, 12.

5 Taflatse de dzesi nusi ado tso aʋa ma si dzɔ le dziƒo me. Le dziku si Satana kpɔ ta ahe fukpekpe, alo nɔnɔme sesẽ siwo na wodo baba na anyigba, la vɛ. Àva kpɔe be nɔnɔme sesẽ mawo ƒe ɣeyiɣi mee míele fifia. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe ko esia anye—“vovoɣi vi aɖe ko” wòanye nɛ. Satana ŋutɔ hã nya esia. Ɣeyiɣi siae Biblia la yɔ be “ŋkeke  mamlɛawo.” (Timoteo II, 3:1) Aleke gbegbe wòle be dzi nadzɔ míi enye si be eteƒe madidi o, Mawu aɖe Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ! Na míadzro nusiwo Biblia gblɔ ɖi siwo le dzɔdzɔm fifia la dometɔ aɖewo me akpɔ. Nudzɔdzɔ siawo ɖo kpe edzi be ŋkeke mamlɛawo mee míele eye be esusɔ vie ko Mawu ƒe Fiaɖuƒea nahe yayra mavɔwo vɛ na amesiwo lɔ̃ Yehowa. Gbã la, na míadzro nusiwo Yesu gblɔ be woade dzesi ɣeyiɣi si me míele la dometɔ ene aɖewo me akpɔ.

ŊKEKE MAMLƐAWO ME NUDZƆDZƆ VEVI AÐEWO

6, 7. Aleke Yesu ƒe nya si wògblɔ le aʋawɔwɔ kple dɔwuame ŋu la le eme vam egbeae?

6 “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Wowu ame miliɔn geɖe le aʋawɔwɔwo me le ƒe alafa si va yi me. Britaintɔ ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Ƒe alafa 20 lia mee wokɔ ʋu ɖi le ŋutinya me le wu. . . . Enye ƒe alafa si me wowɔ aʋa tsiã ɖe enu madzudzɔmadzudzɔe, eye ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔ anyi si míagblɔ be aʋa medzɔ le teƒe aɖe o.” Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔ ka nya ta be: “Wowu ame le aʋa siwo wowɔ le ƒe alafa [20 lia] me wòsɔ gbɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu amesiwo ku le aʋa siwo katã wowɔ tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. kaka vaseɖe ƒe  1899 me.” Amesiwo wu miliɔn 100 ye ku le aʋa siwo wowɔ tso ƒe 1914 me la me. Ne èbu nuxaxa si gbegbe ame vevi ɖeka aɖe ƒe ku hena vɛ ŋu la, àkpɔe be nuxaxa kple vevesese si ame miliɔn geɖe mawo ƒe ku he vɛ la mele gbɔgblɔ me o.

7 ‘Dɔwuame ava.’ (Mateo 24:7) Numekulawo gblɔ be agbledemɔnu yeyewo na nukuwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe 30 siwo va yi me. Ke hã amewo mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o le esi ga mele wo si woaƒle nuɖuɖua o, alo esi anyigba mele wo si woade agble o ta. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, amesiwo wu biliɔn ɖeka ƒe fetu si nu wonɔa agbe ɖo ŋkeke ɖeka mede dɔlar ɖeka o. Dɔ wua amesiawo dometɔ akpa gãtɔ wòtea wo ŋu gbesiagbe. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ bu akɔnta be nunyuimakpɔɖu koŋ gbɔe wòtso be ɖevi siwo wu miliɔn atɔ̃ sɔŋ kuna ƒe sia ƒe.

8, 9. Nukae fia be Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe anyigbaʋuʋu kple dɔvɔ̃wo ŋu la le eme vam?

8 ‘Anyigbaʋuʋu gãwo adzɔ.’ (Luka 21:11) United States Anyigbaŋutinumekuku Habɔbɔ ɖee fia be tso ƒe 1990 me la, ƒe sia ƒe le mama dedie nu anyigbaʋuʋu 17 siwo nu sẽ be wote ŋu fea xɔwo kple anyigba ye dzɔna. Eye le mama dedie nu la, ƒe sia ƒe la, anyigbaʋuʋu aɖe nu sẽna ale gbegbe be ete ŋu  kakaa xɔwo keŋkeŋ. Numekuku bubu aɖe hã gblɔ be: “Ame akpe alafa geɖe ye ku le anyigbaʋuʋuwo me le ƒe 100 siwo va yi me, eye ɖeko ŋgɔyiyi siwo wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya me la ɖe amesiwo kuna le eme la ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ vie ko.”

9 “Dɔvɔ̃wo lava.” (Luka 21:11) Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔnyawo me hã la, dɔléle xoxowo kple yeyewo siaa kpɔtɔ le nu gblẽm le ameƒomea ŋu. Nyatakaka aɖe gblɔ be dɔléle ƒomevi 20 siwo wonya nyuie—siwo dometɔ aɖewoe nye yɔmekpe, asrã (malaria alo paludisme), kple kolera—va bɔ ŋutɔ le ƒe siwo va yi me, eye be atikewo mete ŋu le dɔléle aɖewo dam o. Le nyateƒe me la, dɔléle yeye 30 siwo womenya tsã o ye va do fifia. Womekpɔ atike na wo dometɔ aɖewo o eye wole amewo wum ale gbegbe.

AMEWO ƑE NƆNƆME LE ŊKEKE MAMLƐAWO ME

10. Amewo ƒe nɔnɔme kawoe wogblɔ ɖi le Timoteo II, 3:1-5 siwo kpɔm nèle egbea?

10 Menye xexemenudzɔdzɔ gã aɖewo ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o, egblɔ ɖi hã be ameƒomea ƒe nɔnɔme atrɔ le ŋkeke mamlɛawo me. Apostolo Paulo ƒo nu tso alesi ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme anɔ ŋu. Míexlẽ le Timoteo II, 3:1-5 be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.” Nɔnɔme aɖewo  siwo Paulo gblɔ be adze le amewo ŋu enye be woanye

  • ɖokuilɔ̃lawo

  • galɔ̃lawo

  • ame maɖoto dzilawo

  • ame mawɔnuteƒewo

  • amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o

  • amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o

  • ame wɔadãwo

  • amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu

  • amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ

11. Aleke Psalmo 92:8 ƒo nu tso nusi adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi ŋui?

11 Ðe amewo ƒe nɔnɔme le abe esiawo ene le miaƒe nutoa mea? Ðikeke mele eme o be aleae amewo le. Nɔnɔme gbegblẽwo le amewo ŋu le afisiafi. Esia fia be Mawu atso ɖe wo ŋu kpuie, elabena Biblia la gblɔ be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.”—Psalmo 92:8.

NU NYUI SIWO TEƑE MÍAKPƆ!

12, 13. Aleke ‘sidzedze vavã’ dzi ɖe edzi le “nuwuɣi” siae?

12 Nyateƒee wònye be fukpekpe sɔŋ ye xɔ ŋkeke mamlɛ siawo me abe alesi  Biblia gblɔe ɖi ene. Gake le xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo me la, nu nyui aɖewo le eme vam le Yehowa subɔlawo ya dome.

13 “Sidzedze [vavãtɔ] adzi ɖe edzi.” Nyagblɔɖi sia dze le Daniel ƒe agbalẽa me le Biblia la me. Ɣekaɣie ema ava eme? Ava eme le “nuwuɣi” la. (Daniel 12:4) Vevietɔ tso ƒe 1914 me la, Yehowa kpe ɖe amesiwo di vavã be yewoasubɔe ŋu be wose Biblia la gɔme nyuie wu. Wova se nyateƒe xɔasi siwo ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo, Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kple tsitretsitsi nufiafia la ŋu gɔme nyuie ɖe edzi wu. Gawu la, Yehowa subɔlawo srɔ̃ alesi woanɔ agbee ale be wòaɖe vi na woa ŋutɔwo eye wòahe kafukafu vɛ na Mawu. Wova se akpa si Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ kple alesi wòaɖɔ nuwo ɖoe le anyigba dzi la gɔme nyuie wu. Nukae wowɔna tsoa sidzedze sia si su wo si la ŋu? Biabia ma kplɔ mí yi nyagblɔɖi bubu aɖe si hã le eme vam le ŋkeke mamlɛ siawo me gbɔ.

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.”—Mateo 24:14

14. Aleke gbegbee gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia keke tae egbea, eye amekawoe le gbeƒã ɖemee?

14 “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me.” Yesu Kristo ye gblɔ nya mawo ɖi esi wònɔ nu ƒom tso nusiwo adzɔ le “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu. (Mateo 24:3, 14) Le xexeame godoo la, wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia le dukɔ siwo wu 230 me le gbegbɔgblɔ 400 kple edzivɔ me—hele nusi Fiaɖuƒea nye, nusi wòava wɔ, kple alesi woawɔ axɔ eƒe yayrawoe la fiam amewo. Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe tsɔ dzonɔameme le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Wonye amesiwo tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Ðasefowo wɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kple ame miliɔn geɖe siwo di be yewoanya nusi tututu nye Biblia ƒe nufiafia. Nyagblɔɖi ma me vava egbea ɖe dzesi ŋutɔ, elabena Yesu gblɔe ɖi hã be “amewo katã woalé fu” Kristotɔ vavãwo!—Luka 21:17.

 NUKAE NÀWƆ?

15. (a) Èxɔe se be ŋkeke mamlɛawo mee míelea, nukatae? (b) Nukae adzɔ ɖe amesiwo katã meɖo to Yehowa o dzi le ‘nuwuwua,’ eye nukae ado tso eme na amesiwo bɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ya?

15 Esi Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖewo le eme vam egbea la, ekema ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ŋkeke mamlɛawo mee míele oa? Ne woɖe gbeƒã nyanyuia ɖo afisi dze Yehowa ŋu ko la, ‘nuwuwua’ akplɔe ɖo godoo. (Mateo 24:14) ‘Nuwuwua’ enye ɣeyiɣi si me Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi. Yehowa azã Yesu kple mawudɔla sẽŋuwo atsɔ atsrɔ̃ amesiwo katã ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Eyama. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo magable dukɔwo azɔ o. Le ema megbe la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe yayra gbogbo aɖewo vɛ na amesiwo katã bɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea te.—Nyaɖeɖefia 20:1-3; 21:3-5.

16. Nukae wòanyo be nàwɔ tso fifia?

16 Esi Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu tu aƒe ta la, ele be míabia mía ɖokui be, ‘Nukae wòle be manɔ wɔwɔm fifia?’ Anyo ŋutɔ be nàyi edzi anɔ nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa kple nusiwo dim wòle tso mía si la ŋu. (Yohanes 17:3) Ele be nàsrɔ̃ Biblia la veviedodotɔe. Na wòazu numame na wò be ɣesiaɣi nàde ha kple amesiwo hã di be yewoawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 10:24, 25) Na sidzedze gbogbo si Yehowa Mawu na wòle amewo si sum le xexeame godoo la naɖe vi na wò, eye wɔ tɔtrɔ siwo hiã le wò agbenɔnɔ me be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.—Yakobo 4:8.

17. Nukatae ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ ava lili ame akpa gãtɔ?

17 Yesu gblɔe ɖi be ame akpa gãtɔ matsɔ kpeɖodzi siwo fia be ŋkeke mamlɛawo mee míele la nu vevii o. Ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ adzɔ kpata le vome. Anɔ abe alesi fiafitɔ vanae le zã me ene, ava lili ame akpa gãtɔ. (Tesalonikatɔwo I, 5:2) Yesu xlɔ̃ nu be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke,  si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:37-39.

18. Yesu ƒe nuxlɔ̃ame kae wòle be míabu ŋkubiãnyae?

18 Le esia ta Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me [wòakpɔ ŋudzedze ɖe mia ŋu].” (Luka 21:34-36) Anyo be nàbu Yesu ƒe nyawo ŋkubiãnyae. Nukatae? Elabena amesiwo ŋu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, “Amegbetɔvi la,” kpɔ ŋudzedze ɖo ko sie mɔnukpɔkpɔ asu be woatsi agbe le Satana ƒe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ahanɔ agbe tegbee le xexe yeye si tu aƒe ŋutɔ la me!—Yohanes 3:16; Petro II, 3:13.

^ mm. 4 Àkpɔ numeɖeɖe bubu siwo fia be Mixael nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu Kristo le Megbenyawo me, le axa 218-19.