Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 MEGBENYAWO

Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?

Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?

WOMEƑO nu tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ si woyɔna be Mixael la ŋu fũ le Biblia me o. Gake ɣesiaɣi si woƒo nu tso eŋu la, ke ele dɔ aɖe wɔm vevie. Daniel ƒe agbalẽa ƒo nu tso Mixael ŋu be ele aʋa wɔm kple mawudɔla vɔ̃ɖiwo; Yuda ƒe lɛtaa gblɔ be ele nya ʋlim kple Satana; eye le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wogblɔ be ele aʋa wɔm kple Abosam kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Mixael wɔ nu wòsɔ kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋu—si nye “Amekae Le abe Mawu Ene?”—to Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple aʋawɔwɔ kple Mawu ƒe futɔwo me. Gake amekae nye Mixael?

Ɣeaɖewoɣi la, ŋkɔ geɖe nɔa ame ɖeka si. Le kpɔɖeŋu me, wogayɔa blemafofo Yakob be Israel, eye wogayɔa apostolo Petro hã be Simon. (Mose I, 49:1, 2; Mateo 10:2) Nenema kee Biblia ɖee fia be Mixael ye nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu Kristo, hafi wòva anyigba dzi kple le eƒe dzodzo le anyigba dzi megbe. Na míadzro Ŋɔŋlɔawo me akpɔ ɖa be susu ka tae míate ŋu aƒo nya ta nenema hã.

Mawudɔla Gã. Mawu ƒe Nya la yɔ Mixael be “mawudɔla gã la.” (Yuda 9) Nya sia gɔmee nye “mawudɔlawo ƒe fia.” De dzesii be woyɔ Mixael be mawudɔla gã la. Esia fia be mawudɔla sia ƒomevi ɖeka pɛ koe li. Le nyateƒe me la, ame ɖeka koe wozã nya “mawudɔla gã” na le Biblia me, womezãe na ame geɖe o. Gawu la, wogblɔ be mawudɔla gã ƒe ɖoƒe le Yesu si. Tesalonikatɔwo I, 4:16 gblɔ tso Aƒetɔ Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre ŋu be: “Aƒetɔ la  ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe . . . aɖi tso dziƒo.” Woƒo nu tso Yesu ƒe gbe ŋu be enye mawudɔla gã ƒe gbe. Eyata mawunyakpukpui sia le fiafiam be Yesu ŋutɔe nye mawudɔla gã Mixael.

Aʋakɔ ƒe Ŋgɔnɔla. Biblia gblɔ be ‘Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo.’ (Nyaɖeɖefia 12:7) Eyata Mixael ye nye mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe aʋakɔ ƒe Ŋgɔnɔla. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ tso Yesu ŋu hã be enye mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe aʋakɔ ƒe Ŋgɔnɔla. (Nyaɖeɖefia 19:14-16) Eye apostolo Paulo yɔ “Aƒetɔ Yesu kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo” tẽ. (Tesalonikatɔwo II, 1:7) Eyata Biblia ƒo nu tso Mixael kple “eƒe dɔlawo” ŋu eye wòƒo nu tso Yesu kple “eƒe dɔlawo” ŋu. (Mateo 13:41; 16:27; 24:31; Petro I, 3:22) Esi wònye Mawu ƒe Nya la megblɔ le afi aɖeke kpɔ be mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe aʋakɔ eve ye li—Mixael le ŋgɔ na ɖeka eye Yesu le ŋgɔ na evelia—o ta la, esɔ be míaƒo nya ta be Mixael sia kee ganye Yesu Kristo le ɖoƒe si wòle le dziƒo. *

^ mm. 1 Nyatakaka bubu geɖe siwo ɖee fia be Mawu ƒe Vi la kee wogayɔna be Mixael la dze le Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 393-4 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 280-1), si Yehowa Ðasefowo ta me.