Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

Wotrɔ asi le Biblia srɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nyati vovovowo ŋu, abe nu si tae míekpea fu, nu si dzɔna ɖe ame siwo ku dzi, ale si nàna dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me, kple bubu geɖewo ene.

Aleae Mawu Ðoe Be Nuwo Nanɔa?

Ðewohĩ èdea ŋugble le nu si ta kuxiwo sɔ gbɔ alea egbea ŋu. Ènya be Biblia gblɔ be tɔtrɔ nyuiwo gbɔna kpuie, eye be ate ŋu aɖe vi na wòa?

TA 1

Ameka Tututue Mawu Nye?

Èxɔe se be Mawu tsɔa ɖe le eme na wò ŋutɔŋutɔa? Srɔ̃ nu tso ale si tututu Mawu le kple ale si nàwɔ ate ɖe eŋu la ŋu.

TA 2

Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ

Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxi siwo nèdoa goe gbɔe? Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo le eme dzi?

TA 3

Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?

Ðe Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba sia ava emea? Ne ava eme la, ke ɣekaɣie?

TA 4

Amekae Nye Yesu Kristo?

Srɔ̃ nu si ta Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, afi si wòtso va, kple nu si ta woyɔe be Yehowa ƒe Tenuvi.

TA 5

Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake

Nukae nye tafe la? Viɖe kae wòate ŋu ahe vɛ na wò?

TA 6

Afikae Ame Kukuwo Le?

Srɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nɔnɔme si me kukuawo le kple nu si tae amegbetɔwo kuna ŋu.

TA 7

Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku

Ame vevi aɖewo ku na wò kpɔa? Ðe míagate ŋu akpɔ wo akea? Srɔ̃ nu si Biblia fia tso tsitretsitsia ŋu.

TA 8

Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?

Ame geɖe nya Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nyuie. Nyagbɔgblɔ ‘Wò fiaɖuƒe nava’ gɔme ɖe?

TA 9

“Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?

Kpɔ ale si nɔnɔme siwo amewo le ɖeɖem fia la ɖo kpe edzi be míele ‘ŋkeke mamlɛ’ siwo Biblia gblɔ ɖi me la ɖa.

TA 10

Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii

Biblia ƒo nu tso mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa ŋu. Woli ŋutɔŋutɔa? Ðe woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzia?

TA 11

Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

Amewo bua fɔ Mawu be eya gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso. Nu kae nye susu? Srɔ̃ nu tso nu si Mawu gblɔ be eya gbɔe fukpekpe tso ŋu.

TA 12

Agbe Nɔnɔ Alesi Wòadze Mawu Ŋu

Anya wɔ be nànɔ agbe si dzea Mawu ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃.

TA 13

Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene

Aleke Mawu bua fuɖeɖe, ʋudodo kple lãwo ƒe agbee?

TA 14

Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia la nye kpɔɖeŋu na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

TA 15

Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu

Kpɔ nu ade aɖewo siwo dea dzesi ame siwo subɔa Mawu vavã la.

TA 16

Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me

Kuxi kawoe nàte ŋu ado goe ne èle wò dzixɔsewo me ɖem na amewo? Aleke nàwɔ esia be woagado dziku ɖe ŋuwò o?

TA 17

Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me

Ðe Mawu ɖoa to wò gbedodoɖawoa? Be nànya esia la, ele be nàse nu si Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu gɔme.

TA 18

Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me

Afɔ kawoe wòhiã be ame naɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔ? Srɔ̃ nu tso nu si nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me fia kple ale si wowɔnɛ ŋu.

TA 19

Yi Edzi Nànɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃ la Me

Aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu eye míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí ŋu?

MEGBENYAWO

Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu

Woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me. Nu ka tae? I Ðe wòle vevie be míazã Mawu ƒe ŋkɔa?

MEGBENYAWO

Alesi Daniel ƒe Nyagblɔɖia Gblɔ Mesia la ƒe Vava Ðii

Ƒe 500 kple edzivɔ do ŋgɔ la, Mawu ɖe ɣeyiɣi si tututu Mesia la ava fia. Srɔ̃ nu tso nyagblɔɖi wɔnuku sia ŋu!

MEGBENYAWO

Yesu Kristo—Mesia si Ŋugbe Wodo

Yesu Kristo dzie Biblia me nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe Mesia ŋu la va eme ɖo. Xlẽ nyagblɔɖi siawo le wò Biblia me be nàkpɔ ale si wova eme tsitotsito.

MEGBENYAWO

Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ

Ame geɖe xɔe se be Biblia fia nu tso Trinita ŋu. Nyateƒeea?

MEGBENYAWO

Nusita Kristotɔ Vavãwo Mezãa Atitsoga le Tadedeagu me O

Atitsoga ŋue Yesu Kristo ku ɖo vavã? Xlẽ ŋuɖoɖoa tso Biblia ŋutɔ me.

MEGBENYAWO

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu La—Azã si Dea Bubu Mawu Ŋu

Wode se na Kristotɔwo be woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Ɣekaɣie wòle be woaɖui, eye alekee?

MEGBENYAWO

“Luʋɔ” Kple “Gbɔgbɔ”—Nukae Nya Siawo Fia Ŋutɔŋutɔ?

Ame geɖe susuna be ne ame ku la, eƒe akpa makpɔmakpɔ aɖe dona le ŋutilãa me heyia edzi nɔa agbe. Nu kae Mawu ƒe Nyaa gblɔ na mí tso nya sia ŋu?

MEGBENYAWO

Nukae Nye Sheol Kple Hades?

Biblia gɔmeɖela aɖewo ɖe Sheol kple Hades gɔme be “yɔdo” alo “dzomavɔ.” Nu kae nya siawo fia ŋutɔŋutɔ?

MEGBENYAWO

Ʋɔnudrɔ̃gbe La—Nukae Wònye?

Srɔ̃ nu tso ale si Ʋɔnudrɔ̃gbea anye yayra na amegbetɔƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ŋu.

MEGBENYAWO

1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me

Biblia me kpeɖodzi kae li be ƒe 1914 nye ƒe ɖedzesi aɖe le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me?

MEGBENYAWO

Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?

Biblia na míenya ame si mawudɔlagã ŋusẽtɔ sia nye. Srɔ̃ nu geɖe tso mawudɔlagã sia kple nu si wɔm wòle fifia la ŋu.

MEGBENYAWO

Nukae Nye ‘Babilon Gã La’?

Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye “Babilon gã” la ŋu. Ðe wònye nyɔnu ŋutɔŋutɔa? Nu kae Biblia gblɔ tso eŋu?

MEGBENYAWO

December mee Wodzi Yesua?

Kpɔ ale si yame ƒe nɔnɔme nɔna le le ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wodzi Yesu. Nu kae esia fia mí?

MEGBENYAWO

Ðe Wòle Be Míaɖu Ŋkekenyuiwoa?

Afi kae subɔsubɔhawo ƒe azã xɔŋkɔwo kple ŋkekenyui siwo ame geɖe ɖuna le mia gbɔ dzɔ tso? Ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.