Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Kristotɔ gbãtɔwo de nu dunyahehe mea?

Ðe Kristotɔ gbãtɔwo de nu dunyahehe mea?

▪ Hafi Yesu nayi dziƒo la, ena mɔfiame siwo me kɔ eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ale si woawɔ subɔsubɔdɔae ŋu, gake meɖo aɖaŋu aɖeke na wo ku ɖe ale si woahe dunyae ŋu o. (Mateo 28:18-20) Eya ta Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ agbe ɖe mɔfiame si wòna wo do ŋgɔ la nu, si nye be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”—Marko 12:17.

Aleke mɔfiame sia kpe ɖe Yesu yomedzelawo ŋu be wonɔ xexea me, gake womenye eƒe akpa aɖeke o? Aleke wowɔ kpɔ vovototo si le nu siwo nye Dukɔa, alo Kaisaro tɔ, kpakple nu siwo nye Mawu tɔ dome la dze sii?

Apostolo Paulo de dzesii be nudede dunyahehe me mewɔ ɖeka kple mɔfiame si Yesu na la o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Paulo lɔ̃ faa be yeawɔ yeƒe Roma dukɔmevinyenye la ŋu dɔ atsɔ abia be woakpɔ ye ta le ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo nu, abe ale si yedze nɛ ene, gake mete kpɔ be yeatrɔ dukplɔɖoɖo siwo nɔ anyi le eŋɔli la o.”—Beyond Good Intentions—A Biblical View of Politics.

Mɔfiame kae Paulo na etɔ Kristotɔwo? Agbalẽ ma ke gagblɔ be: “Le agbalẽ siwo wòŋlɔ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo nɔ dugã veviwo abe Korinto, Efeso kple Roma ene gɔ̃ hã me la, megblɔ nya aɖeke si de nu dunyahehe me o.” Agbalẽa gblɔ hã be, togbɔ be Paulo “gblɔ be woabɔbɔ ɖe dziɖuɖua te hã la, mehe susu yi hakplɔɖoɖo ɖeka pɛ teti hã dzi le eƒe lɛta gbogboawo dometɔ aɖeke me be hamea naƒoe ɖe dziɖuɖu ƒe nuɖoanyiwo nu be woawɔ wo dzi o.”—Romatɔwo 12:18; 13:1, 5-7.

Kristotɔ siwo nɔ anyi ƒe blananewo le Paulo ƒe ku megbe la yi edzi de vovo nu siwo wòle be yewoatsɔ ana Mawu kpakple nu siwo nye dukɔa tɔ dome. Wode bubu dziɖuɖuwo ŋu, gake womeƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me o. Agbalẽ si nye Beyond Good Intentions la gblɔ tso xɔsetɔ mawo ŋu be: “Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo xɔe se be enye yewo ƒe agbanɔamedzi be yewoade bubu dziɖuɖuwo ŋu hã la, wonya hã be mele be yewoade nu dunya me o.”

Ke hã, ƒe 300 aɖewo le Kristo ƒe ku megbe la, nuwo va trɔ. Mawunyaŋutinunyala Charles Villa-Vicencio gblɔ be: “Edze ƒãa be esi wowɔ tɔtrɔwo le dunyahenuɖoanyia ŋu le Constantine ƒe dziɖuɖu te la, Kristotɔ geɖewo va ƒo wo ɖokui ɖe dziɖuɖudɔwo kple asrafohaa me, eye woxɔ ɖoƒewo le dziɖuɖua me.” (Between Christ and Caesar) Nu kae do tso eme? Kaka ƒe alafa enelia Mía Ŋɔli ƒe nuwuwu naɖo la, subɔsubɔha si dzi Dukɔa da asi ɖo le Roma Fiaɖuƒea te la nye esi me wotsaka mawusubɔsubɔ kple dunyahehe le.

Egbea, subɔsubɔha geɖe siwo gblɔna be yewole Kristo yome dzem la yia edzi dea dzi ƒo na woƒe hameviwo be woade nu dunyahehe me. Ke hã, subɔsubɔha mawo mele Kristo srɔ̃m o, eye womele Kristotɔ gbãtɔwo hã srɔ̃m o.