Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míanye Xɔsetɔ Akuakuawo Kple Dukɔmevi Ðɔʋuwo

Ale Si Míanye Xɔsetɔ Akuakuawo Kple Dukɔmevi Ðɔʋuwo

Ale Si Míanye Xɔsetɔ Akuakuawo Kple Dukɔmevi Ðɔʋuwo

NU SIWO ɖe dzesi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu dometɔ evee nye kawo? Gbã, Yesu dze agbagba be yeatrɔ amewo ƒe dziwo, ke menye dunyahenuɖoanyiwo o. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nu si dzi Yesu te gbe ɖo le eƒe Todzimawunyaa me. Do ŋgɔ teti na eƒe nuƒoƒo tso ale si wòhiã be woanɔ abe dze kple kekeli ene ŋu la, egblɔ na eƒe nyaselawo be ame siwo nyae be “gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” lae kpɔa dzidzɔ vavãtɔ. Egblɔ kpee be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, . . . ame siwo dza le dzi me, . . . ŋutifafawɔlawo.” (Mateo 5:1-11) Yesu kpe ɖe eyomedzelawo ŋu wokpɔ ale si wòle vevie be woatrɔ asi le woƒe nuŋububu kple seselelãmewo ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo le nyui kple vɔ̃ ŋu kple ale si wòle vevie be woasubɔ Mawu kple dzi bliboe ŋu.

Evelia, esi Yesu kpɔ amewo wonɔ fu kpem la, ale si wòsea veve ɖe ame nui la ʋãe be wòna gbɔdzɔe wo. Ke hã, meɖoe eƒe taɖodzinu be yeaɖe fukpekpewo katã ɖa o. (Mateo 20:30-34) Eda dɔ na dɔnɔwo, gake dɔléle kpɔtɔ nɔ anyi. (Luka 6:17-19) Ena gbɔdzɔe ame siwo wote ɖe anyi, gake amewo gakpɔtɔ nɔ fu kpem le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta. Ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo, gake dɔwuame gakpɔtɔ nɔ nu gblẽm le amewo ŋu kokoko.—Marko 6:41-44.

Etrɔ Amewo Ƒe Dzi Ƒe Nɔnɔme Helé Woƒe Fukpekpewo Nu

Nu ka tae Yesu ƒe susu nɔ ale si wòakpe ɖe amewo ŋu woatrɔ woƒe dzi ƒe nɔnɔme kple ale si wòana woƒe fukpekpewo dzi naɖe akpɔtɔ ŋu, ke menye be yeatrɔ dunyahehabɔbɔwo alo aɖe fukpekpewo ɖa o? Yesu nyae be Mawu ɖo tame be le etsɔme la, yeato yeƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa, eye yeaɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa. (Luka 4:43; 8:1) Eya ta esi nusrɔ̃lawo ƒoe ɖe Yesu nu be wòazã ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔdada na amewo ŋu la, Yesu gblɔ na wo be: “Mina míayi teƒe bubu, le kɔƒedu siwo gogo afi sia la me, be maɖe gbeƒã le teƒe mawo hã, elabena tameɖoɖo sia tae medo go ɖo.” (Marko 1:32-38) Yesu lé ale si ame geɖewo nɔ fu kpem le ŋutilã mee la nu na wo, gake gbeƒãɖeɖe kple Mawu ƒe nya fiafia amewo ye wòbu nu vevitɔe wu.

Egbea la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba srɔ̃a Yesu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Wodzea agbagba kpena ɖe ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu be woƒe kuxiwo dzi naɖe akpɔtɔ na wo. Ke hã, Ðasefowo metena kpɔ be yewoaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le xexea me ɖa o. Woxɔe se be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe nu siwo katã gbɔ fukpekpe tsona la ɖa. (Mateo 6:10) Abe Yesu ene la, wodzea agbagba be yewoakpe ɖe amewo ŋu woatrɔ woƒe dzi ƒe nɔnɔme, ke menye dunyahenuɖoanyiwo o. Esɔ nenema, elabena nu si koŋ gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo tso la ku ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ ŋu ke menye dunyahehe o.

Dukɔmevi Ðɔʋuwo

Yehowa Ðasefowo xɔe se hã be agba le yewo dzi abe Kristotɔwo ene be yewoanye dukɔmevi ɖɔʋuwo. Eya ta wodea bubu dziɖuɖuwo ŋu. To woƒe agbalẽwo kple gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, wodea dzi ƒo na ame bubuwo be woanye sedziwɔlawo. Gake ne dziɖuɖu aɖe bia tso Ðasefowo si be woawɔ nu si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, womewɔa edzi o. Woɖoa “to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29; Romatɔwo 13:1-7.

Yehowa Ðasefowo yia ame siwo katã le woƒe nutowo me gbɔ be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wo femaxee. Esia wɔe be ame miliɔn geɖewo trɔ asi le woƒe dzi ƒe nɔnɔmewo ŋu. Ƒe sia ƒe la, wokpena ɖe ame akpe nanewo ŋu woɖua nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, abe atamanono, ahamumu, atike vɔ̃ɖi zazã, tsatsadada, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ene dzi. Wova zu dukɔmevi ɖɔʋuwo le esi wosrɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe agbe me ta.—Kpɔ nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm,” le magazine sia ƒe axa 18 lia.

Gawu la, Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe atsu kple asiwo, dzilawo kple wo viwo, kpakple ɖeviwo ŋutɔwo ŋu be wosrɔ̃a ale si woade bubu deto wo nɔewo ŋu kple ale si wo dome dzeɖoɖowo nanyo ɖe edzi. Nu siawo nana ƒomekadodoa me sẽna ɖe edzi. Ne ƒomekadodowo me sẽ la, enana be ɖekawɔwɔ nɔa nutoa me tɔwo dome.

Esi nèxlẽ nu siwo me míedzro le nyati siawo me vɔ la, nu kae nèsusu: Ðe Biblia da asi ɖe edzi be ame ate ŋu anye mawusubɔla evɔ wòaganye dunyahela? Eme kɔ ƒãa be meda asi ɖe edzi o. Gake ɖe wòle be Kristotɔ vavãwo nanye dukɔmevi ɖɔʋuwoa? Ɛ̃, ele be woanyee. Aleke woawɔ esiae? Ne wowɔ ɖe se si Yesu de be woanɔ abe dze kpakple xexea ƒe kekeli ene la dzi.

Ame siwo dzea agbagba nɔa agbe ɖe Kristo ƒe mɔfiame nyuiawo nu la ahe viɖe avae na wo ɖokuiwo, woƒe ƒomewo kple nutoa me tɔwo. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me la be yewoagblɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo siwo le edzi yim le miaƒe nutoa me la na wò. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Alo ne èlɔ̃ la, àte ŋu ayi Yehowa Ðasefowo ƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

Yesu dze agbagba be yeatrɔ amewo ƒe dziwo, ke menye dunyahenuɖoanyiwo o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Yehowa Ðasefowo xɔe se be agba le yewo dzi be yewoanye dukɔmevi ɖɔʋuwo