Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Aleke Gbɔgbɔwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii?

Aleke Gbɔgbɔwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Ame kawoe mawudɔlawo nye?

Mawudɔlawo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒo. Agbe si ƒomevi le wo si la kɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. Mawu vavã la hã nye gbɔgbɔ, eye ewɔ mawudɔlawo hafi va wɔ anyigba. (Hiob 38:4, 7; Mateo 18:10) Mawudɔla wɔnuteƒe miliɔn geɖe le Yehowa gbɔ le dziƒo.​—Xlẽ Psalmo 103:20, 21; Daniel 7:9, 10.

2. Ðe mawudɔlawo kpena ɖe ame ŋua?

Mawudɔlawo kpe ɖe ame dzɔdzɔe aɖe si ŋkɔe nye Lot ŋu. Dugã aɖe si Mawu di be yeatsrɔ̃, le emenɔlawo ƒe nu baɖa wɔwɔ ta la mee Lot nɔ. Mawudɔla eve xlɔ̃ nu Lot kple eƒe ƒomea be woasi. Ame aɖewo bu nuxlɔ̃amenyaa fefenyae heŋe aɖaba ƒu edzi. Gake Lot kple vianyɔnuwo tsi agbe, elabena woɖo to nuxlɔ̃ame si Mawu na wo to mawudɔlawo dzi la.​—Xlẽ 1 Mose 19:1, 13-17, 26.

Biblia ɖee fia be egbea, mawudɔlawo le kpekpem ɖe amewo ŋu to mɔfiafia ame siwo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nuteƒewɔwɔtɔe la le woƒe dɔa wɔwɔ me. (Mateo 24:14) Nuxlɔ̃ame aɖe hã kpe ɖe nya nyuia ŋu. Abe ale si wònɔ le nuxlɔ̃ame si wona Lot gome ene la, esia hã menye fefenya o. Mawue to eƒe dɔlawo dzi na nuxlɔ̃ame sia mí.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 1:1; 14:6, 7.

Mawu ate ŋu ato eƒe dɔlawo dzi ado ŋusẽ mí le xaxaɣiwo. Eto mawudɔla aɖe dzi do ŋusẽ Yesu.​—Xlẽ Luka 22:41-43.

Eteƒe madidi o, Mawu azã mawudɔlawo le mɔ bubu nu—ato wo dzi aɖe ame vɔ̃ɖi siwo nana míekpea fu la ɖa. Esia ahe gbɔdzɔe geɖe avae na ameƒomea.​—Xlẽ 2 Tesalonikatɔwo 1:6-8.

3. Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzii?

Abe ale si ko anyigbadzinɔla geɖe gbe toɖoɖo Mawu hewɔa nu gbegblẽ ene la, nenema kee mawudɔla geɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu le dziƒo. (2 Petro 2:4) Woyɔa mawudɔla dzeaglãwo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Woƒe tatɔe nye Satana Abosam. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le ameƒomea blem.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9.

Satana to asitsatsa vɔ̃ɖi, amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo kple alakpasubɔsubɔhawo dzi le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi hele wo trɔm ɖa tso Mawu gbɔ. Eya ta Satana gbɔe madzɔmadzɔnyenye, nu vlo wɔwɔ kple fu siwo kpem ameƒomea le la tso.​—Xlẽ 1 Yohanes 5:19.

4. Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo blea amewoe?

Satana gblɔna be ame kukuwo zua gbɔgbɔ siwo tea ŋu ƒoa nu kple amewo, eye wòto esia dzi ble ame geɖe. Gake Biblia gblɔ be kukuawo mate ŋu awɔ naneke o. (Nyagblɔla 9:5) Gake ne amewo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku la, gbɔgbɔ vɔ̃wo srɔ̃a ame si ku la ƒe gbe tsɔ blea amewoe zi geɖe. (Yesaya 8:19) Gbɔgbɔ vɔ̃wo gablea amewo to ŋɔliyɔlawo, etsɔmegblɔɖilawo, afakalawo, kple ɣletivimekpɔlawo dzi. Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí be míatsri nu siawo katã. Eya ta ele be míatsɔ nu sia nu si le mía si si do ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo alo gbɔgbɔyɔyɔ la aƒu gbe.​—Xlẽ 5 Mose 18:10, 11; Dɔwɔwɔwo 19:19.

Ne míelɔ̃ Yehowa la, ke mehiã be míavɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa hewɔa edzi la, ekema míele tsitre tsim ɖe Abosam ŋu, eye esia ana míate ɖe Mawu ŋu. Yehowa tri akɔ wu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Mawudɔla wɔnuteƒeawo ate ŋu ado ŋusẽ mí ne míeɖo xaxa me.​—Xlẽ Psalmo 34:8; Yakobo 4:7, 8.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? ƒe ta 10 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.