Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

Ne Mawu Tsɔ Nu Vɔ̃ Ke La, Ðe Wòŋlɔnɛ Bea?

Ne Mawu Tsɔ Nu Vɔ̃ Ke La, Ðe Wòŋlɔnɛ Bea?

NYA sia ƒe ŋuɖoɖo kpuie koe nye, ɛ̃. Yehowa do ŋugbe na ame siwo nu wòve la be: “Matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nu vɔ̃wo azɔ o.” (Yeremiya 31:34) Yehowa to esia dzi ka ɖe edzi na mí be, ne yetsɔe ke ame siwo trɔ dzi me la, yemegaɖoa ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o. Ke ɖe esia fia be ne xexe gbahooa Wɔla la tsɔ nu vɔ̃wo ke la, womagate ŋu ava susu me nɛ oa? Nya siwo Xezekiel ŋlɔ la na nu si wòfia be Mawu natsɔ nu vɔ̃wo ake ahaŋlɔ wo be la me kɔ.​—Xlẽ Xezekiel 18:19-22.

Yehowa ƒo nu to nyagblɔɖila Xezekiel dzi bu fɔ ame mawɔnuteƒe siwo nɔ Yuda kple Yerusalem. Dukɔa gbe Yehowa subɔsubɔ, eye wona ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Yehowa gblɔe ɖi be Babilontɔwo ava tsrɔ̃ Yerusalem. Gake Yehowa tsɔ mɔkpɔkpɔ ƒe gbedeasi aɖe hã kpe ɖe fɔbuamenyaawo ŋu. Ekpo ɖe ame sia ame gbɔ be wòatia afɔ si wòaɖe; ame sia ame akpɔ eya ŋutɔ ƒe nuwɔna me tsonu.​—Kpukpui 19, 20.

Ke ne ame aɖe dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hetrɔ ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu ya ɖe? Yehowa gblɔ be: “Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nu vɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe la, anɔ agbe, maku o.” (Kpukpui 21) Ɛ̃, Yehowa ‘lɔ̃na be yeatsɔ’ nu vɔ̃ wɔla si trɔ ɖa tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye wòtrɔ dzi me vavã la ƒe nu vɔ̃wo ‘akee.’​—Psalmo 86:5.

Ke nu vɔ̃ siwo wòwɔ ya ɖe? Yehowa gblɔ be: “Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o.” (Kpukpui 22) De dzesii be wogblɔ ku ɖe ame si trɔ dzi me la ŋu be “womagaɖo ŋu eƒe” nu vɔ̃wo o. Nu ka tae nya sia le vevie ɖo?

Le Biblia me la, gɔmesese si le Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ɖo ŋu” ŋu la yi ŋgɔ wu ŋkuɖoɖo nu si dzɔ va yi dzi ko. Numekugbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe nya sia ŋu be: “Le nyateƒe me la, efiana be woaɖe afɔ aɖe, eye zi geɖe la wozãa dɔwɔnya bubuwo kpena ɖe nya sia ŋu.” Eya ta be “woaɖo ŋku nane dzi” ate ŋu afia be “woaɖe afɔ.” Eya ta esi Yehowa gblɔ tso nu vɔ̃ wɔla trɔdzime ŋu be “womagaɖo ŋu eƒe” nu vɔ̃wo o la, efia be ne Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee la, magaɖo eteƒe nɛ to fɔbubui alo tohehe nɛ me o. *

Xezekiel 18:21, 22 me nyawo ɖɔ ale si Yehowa tsɔ kena keŋkeŋ la le mɔ lédziname nu. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, magatsɔ nya ma ɖe mía ŋu le etsɔme gbeɖe o. Ke boŋ etsɔa ame siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ƒua gbe ɖe megbe. (Yesaya 38:17) Ðeko wòle abe ɖe wòtutua vodada mawo ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖa ene.​—Dɔwɔwɔwo 3:19.

Míenye ame madeblibowo, eya ta míehiã na Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ. Le nyateƒe me la, míedaa vo zi geɖe. (Romatɔwo 3:23) Gake Yehowa di be míanyae be, ne míetrɔ dzi me vavã la, yeatsɔe ake mí faa. Eye ne etsɔe ke la, eŋlɔnɛ be, si fia be magatsɔ nya ma ɖe mía ŋu alo ahe to na mí ɖe eta gbeɖe o. Ðe nya ma mefaa akɔ na mí ŋutɔ oa? Ðe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔa ʋã wò nèdi be yeate ɖe eŋu kplikplikplia?

Biblia Ƒe Akpa Si Míade Dzi Ƒo Na Wò Be Nàxlẽ Le July Me:

Xezekiel 6-20

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Le gɔmesese sia ke nu la, “be woaɖo ŋku vodadawo dzi” ate ŋu afia be “woahe to na vodalawo.”​—Yeremiya 14:10.