Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Fitifiti Wɔwɔ​—Aleke Gbegbee Wòkeke Tae?

Nu Fitifiti Wɔwɔ​—Aleke Gbegbee Wòkeke Tae?

“Míaƒe dɔwɔƒea wɔa dɔ na dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe si le nutoa me. Zi geɖe la, ehiãna be míalala ɣleti eve alo etɔ̃ hafi woaxe fe na mí. Ke hã, dziɖuɖudɔwɔla aɖe ƒo ka nam nyitsɔ laa hegblɔ be yeate ŋu ana fetua nava nɔ mía si kam kaba wu nenye be míadi nane ade go me na ye.”—JOHN. a

ÐE WOWƆ nu fitifiti ɖe ŋuwò kpɔa? Togbɔ be ɖewohĩ manɔ abe esi ŋu míeƒo nu tsoe le etame ene o hã la, anɔ eme godoo be amewo ƒe nu fitifiti wɔwɔ gblẽ nu le ŋuwò kpɔ.

Le habɔbɔ aɖe (Transparency International) ƒe ƒe 2011 ƒe nyatakaka si ku ɖe nu fitifiti wɔwɔ si gbegbe le dukɔwo me ƒe nya nu la, nu fitifiti wɔwɔ xɔ aƒe ɖe dukɔ kple nuto 183 siwo ŋu wowɔ numekuku tsoe la me ŋutɔ. Ƒe eve do ŋgɔ la, habɔbɔ sia ɖee fia be nyatakaka si yewoɖe ɖe go le ƒe 2009 me la na ale si gbegbe nu fitifiti wɔwɔ keke tae la dze ƒãa esi wògblɔ be: “Ðikeke mele eme o be nuto aɖeke mele xexe sia me si me nu fitifiti wɔwɔ megblẽa nu le o.”

“Nu fitifiti wɔwɔ nye ame ƒe ɖoƒe ŋu dɔwɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu hena ye ŋutɔ ƒe viɖe. Ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ƒe anukwaremaɖimaɖi gblẽa nu le ame siwo ɖoa ŋu ɖe wo ŋu la ƒe agbe, dɔwɔɖui kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu.”​—TRANSPARENCY INTERNATIONAL

Ɣeaɖewoɣi la, afɔkue dona tsoa eme. Le kpɔɖeŋu me, Time magazine ka nya ta be “nu fitifiti wɔwɔ kple ɖekematsɔleme” hã le eme tae ame gbogbo mawo gbegbe ku esi anyigba ʋuʋu sesĩe le Haiti le ƒe 2010 me. Egblɔ kpee be: “Amewo tua xɔwo xɔtuɖaŋuwɔlawo ƒe asi manɔmee, eye dziɖuɖudɔwɔla siwo kpɔa xɔtunyawo gbɔ la xɔa zãnu zi geɖe.”

Ðe nu fitifiti wɔwɔ nu ava yi keŋkeŋ gbe aɖe gbea? Hafi míate ŋu aɖo nya sia ŋu la, ele be míanya nu siwo koŋ gbɔe wòtsona be amewo wɔa nu fitifiti. Míadzro esiawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

a Míetrɔ ŋkɔa.