Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Fitifiti Wɔwɔ Nu Ayi!

Nu Fitifiti Wɔwɔ Nu Ayi!

“Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nàlé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu . . . eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”​—PSALMO 37:34.

ÐE NÈSENA le ɖokuiwò me be amewo mate ŋu adzudzɔ nu fitifiti wɔwɔ o, eye be manya wɔ be enu nayi keŋkeŋ oa? Ne nenemae la, ke mewɔ nuku o, elabena amegbetɔwo tè dziɖuɖu ƒomevi vovovowo kpɔ tso blema ke. Gake dziɖuɖu aɖeke mete ŋu tsi nu fitifiti wɔwɔ nu keŋkeŋ kpɔ o. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be ɣeyiɣi aɖe ava si me amewo katã aɖi anukware na wo haviwoa?

Dzidzɔtɔe la, Biblia ɖo nya sia ŋu be ɛ̃! Ena míenya be Mawu ava ɖe afɔ si ana nu fitifiti wɔwɔ nu nayi le anyigba sia dzi kpuie. Aleke wòawɔe? Awɔe to eƒe Fiaɖuƒea, si nye dziƒodziɖuɖu si ahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba bliboa dzi la dzi. Fiaɖuƒe sia tututue Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia. Yesu gblɔ le gbedodoɖa si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Mía Fofo Si Le Dziƒo alo Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa la me be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.”—Mateo 6:10, Eʋegbe Biblia.

Biblia gblɔe ɖi tso Yesu Kristo, ame si nye Dziɖula le Fiaɖuƒea me ŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.” (Psalmo 72:12-14) De dzesii be Yesu sea veve ɖe ame siwo wote ɖe anyi madzemadzee la nu, eye ava wɔ nane tso ameteteɖeanyi ŋu! Ðe nya sia mefaa akɔ na ame ŋutɔ oa?

Dziɖula sẽŋu sia si sea veve ɖe ame nu la ato Mawu Fiaɖuƒea dzi aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa le anyigba dzi. Aleke wòawɔe? To nu etɔ̃ siwo gbɔ wòtso be nu fitifiti wɔwɔ li la ɖeɖe ɖa dzi.

Nu Vɔ̃ Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Fifia ya mí katã míewɔa avu kple nu vɔ̃ ƒe dzodzro siwo nana wòdzroa mí be míawɔ nu ɖokuitɔdiditɔe. (Romatɔwo 7:21-23) Ke hã, ame nyuiwo li siwo dina be yewoawɔ nuteƒe. Woxɔe se be Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi la ate ŋu alé avu ɖe yewoƒe nu vɔ̃wo ta, eye be ate ŋu ana yewoakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke. a (1 Yohanes 1:7, 9) Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Mawu ɖe fia mí la aɖe vi na ame siawo, abe ale si wòdze le Yohanes 3:16 ene be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”

Mawu ayra nuteƒewɔlawo le mɔ tɔxɛ aɖe ŋutɔ nu. Le xexe yeye si gbɔna me la, aɖe nu vɔ̃ ɖa keŋkeŋ, eye vivivi la, wòana nuteƒewɔlawo nava de blibo ahanɔ dzɔdzɔe le eŋkume. (Yesaya 26:9; 2 Petro 3:13) Magadzɔ gbeɖe be ame aɖe nawɔ nu fitifiti le nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta o. Le Mawu Fiaɖuƒea te la, woaɖe nuteƒewɔlawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.”—Romatɔwo 8:20-22.

Xexe Si Me Míele Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Ewɔ nublanui be egbea, ame geɖe ɖonɛ koŋ tafaa ame bubuwo. Wotafaa ame tsɛwo kple ame dahewo, eye wonana ame bubuwo hã wɔa nu gbegblẽ. Biblia xlɔ̃ nu ame siawo ƒomevi be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu.” Mawu do ŋugbe be ne nu gbegblẽ wɔla mawo trɔ dzi me la, ‘yeatsɔe ake wo faa.’—Yesaya 55:7.

Ke ame siwo ɖoe koŋ gbe be yewomatrɔ le yewo ƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ɖeko Mawu atsrɔ̃ wo ɖa. To Mawu Fiaɖuƒea dzi la, Biblia me ŋugbedodo sia ava eme be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nàlé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, . . . eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.” b (Psalmo 37:34) Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi sẽdzimewo la, ke nu fitifiti wɔwɔ ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒewo ŋu hã nu ayi.

Satana Abosam Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Satana Abosam ye nye nu vɔ̃ wɔla vɔ̃ɖitɔ kekeake. Dzidzɔnyae wònye be eteƒe madidi o, Yehowa axe mɔ na Satana be wòagable amewo azɔ o. Mlɔeba, Mawu ava tsrɔ̃ Satana gbidii. Magadzɔ gbeɖe be vɔ̃ɖitɔ gblẽku ma nagakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi be woawɔ nu gbegblẽwo o.

Ðewohĩ awɔ na wò be mɔkpɔkpɔ be Mawu nava ɖe nu siwo gbɔ nu fitifiti wɔwɔ tso ɖa la nye nya dzro aɖe ko. Ðewohĩ àbia be, ‘Ðe Mawu ate ŋu ahe tɔtrɔ siawo avae nyateƒea? Ekema nu ka tae mewɔ naneke tso eŋu haɖe o?’ Biabia nyui aɖewoe nye emawo, eye woƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me. c Míade dzi ƒo na wò be nàdzro nu si Biblia gblɔ tso ale si nu fitifiti wɔwɔ nu ayi tegbee le etsɔ si gbɔna kpuie me la me.

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ale si Yesu ƒe kua ate ŋu alé avu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo tae ŋu la, xlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

b Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

c Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, xlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3, 8, kple 11 lia.