Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi kawo ƒomevie wozã le Biblia ŋlɔɣiwo?

Aɖanuŋlɔti siwo wokpɔ le Egipte, ƒe alafa gbãtɔ mía ŋɔli lɔƒo

Apostolo Yohanes ŋlɔ lɛta etɔ̃ siwo nye Biblia ƒe akpa aɖe, eye wògblɔ le etɔ̃lia ƒe nyataƒonyaa me be: “Nya geɖewo nɔ asinye maŋlɔ na wò hafi, gake nyemedi be mayi edzi atsɔ nuŋlɔtsi kple nuŋlɔti ayi nuŋɔŋlɔa dzi o.” Ne woɖe blema Helagbe me nya si Yohanes zã le kpukpui sia me la gɔme ɖe nyagbeawo ŋutɔŋutɔ nu la, efia be yemedi be yeayi edzi atsɔ “[nuŋlɔtsi] yibɔ kple aɖa” ayi nuŋɔŋlɔa dzi o.—3 Yohanes 13, The Kingdom Interlinear Translation of the Greek Scriptures.

Agbalẽŋlɔla ƒe nuŋlɔti la nyea aɖa si wotso kpo. Wotsoa eƒe nugbɔ ɖeka wòviãna abe ale si wotsoa fofoŋ ene, eyome wofea eƒe tsutsuẽƒea lɛ. Agbalẽŋlɔlaa agate ŋu anyinyre nuŋlɔtia nu le nunyrekpe dzi. Nuŋlɔtia ƒe wɔwɔme kple eƒe dzedzeme le ko abe egbegbe nuŋlɔti si woyɔna be fountain pen siwo ƒe nugbɔ nye ga la ene.

Wotsɔa kpomedzɔble kple aŋetimetsi si wotsaka la wɔa nuŋlɔtsi akpa gãtɔ, siwo dome ‘yibɔtɔ’ hã le. Wotrɔa asi le eŋu wòzua wɔ hedzrana, eye ele be woatsɔ tsi agbɔsɔsɔme si sɔ la atsakae hafi azã. Ne wotsɔe ŋlɔ nui la, ɖeko wòƒuna ɖe aƒlagbalẽa alo lãgbalẽa dzi, gake meɖena ɖe eme o. Eya ta agbalẽŋlɔlaa ate ŋu atsɔ akutsa si wòde tsi me la atutu vodadawo ɖa enumake, eye anɔ eme be akutsa sia hã kpe ɖe eƒe dɔwɔnuwo ŋu. Blemanuŋlɔtsi ŋuti nya sia na míekpɔ nu si anya nɔ susu me na Biblia ŋlɔlawo ne wole nu ƒom tso ame ƒe ŋkɔ tutu ɖa le Mawu ƒe ŋkuɖodzigbalẽ me ŋu.—2 Mose 32:32, 33; Nyaɖeɖefia 3:5, Kingdom Interlinear.

Avɔgbadɔ kawo ƒomevie apostolo Paulo wɔ?

Avɔgbadɔwɔnuwo, ƒe alafa gbãtɔ alo evelia mía ŋɔli

Dɔwɔwɔwo 18:3 gblɔ be apostolo Paulo nye avɔgbadɔwɔla. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, avɔgbadɔwɔlawo lɔ̃a kposɔfu alo gbɔ̃fu wòzua avɔ lɛlɛlɛwo. Eyome wotɔa wo tsyana ɖe wo nɔewo nu wòzua avɔgbadɔ hena mɔzɔlawo ƒe zazã. Ke hã, wogazãa lãgbalẽ na avɔgbadɔwo wɔwɔ zi geɖe le ɣemaɣi. Wotea ŋu zãa aklala hã, eye Tarso, si nye du si me Paulo tso la nye afi si wowɔa aklala le. Anɔ eme be Paulo wɔ nu siawo dometɔ aɖewo alo wo katã ŋu dɔ. Ke hã, ɖewohĩ esime Paulo nɔ dɔ wɔm kple Akwila la, ewɔ aklalavɔ siwo wotsɔna xea ŋdɔkutsu le aƒewo ƒe xɔxɔnu la hã.

Anɔ eme be Paulo ƒe ɖekakpui mee wòsrɔ̃ dɔ sia. Kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le Egiptetɔwo ƒe aƒlagbalẽwo dzi la ɖee fia be le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi la, dɔsrɔ̃vi siwo nɔ Egipte la dzea dɔsɔsrɔ̃ gɔme ne woxɔ ƒe 13. Ne ƒe mae Paulo xɔ hafi dze dɔsɔsrɔ̃ gɔme la, ke kaka wòaxɔ ƒe 15 alo 16 la, anya bi ɖe ale si wotsoa agbadɔvɔ kpakple ale si wozãa tɔnui kple nutɔtɔ ƒe mɔnu vovovowo tsɔ wɔa avɔgbadɔwoe me. Agbalẽ aɖe (The Social Context of Paul’s Ministry) gblɔ be: “Esi Paulo srɔ̃ dɔ vɔ la, woanya tsɔ dɔwɔnu siwo ŋu dɔ wòawɔ la nae.” Agbalẽ ma ke gagblɔ be: “Dɔwɔnu vevi siwo nye hɛ̃wo kple nuŋɔnuiwo . . . la ana wòanɔ bɔbɔe be Paulo nanɔ avɔgbadɔ wɔm le afi sia afi si wòyi,” eye le afi si wòhiã le la, ate ŋu awɔ aɖaŋu sia ŋu dɔ atsɔ akpɔ eɖokui dzi le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.