Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Nu Si Miawɔ Ne Fe Le Mia Ŋu

Nu Si Miawɔ Ne Fe Le Mia Ŋu

Giannis: a “Dɔ gblẽ nam esi ganyawo tɔtɔ le Greece, gake ɖe míedo ga hafi tu míaƒe aƒea, eye míegate ŋu nɔ fe si susɔ ɖe mía ŋu la xem o. Nyemegate ŋu nɔ alɔ̃ dɔm o le dzimaɖitsitsi ta.”

Katerina: “Le ale si gbegbe míelɔ̃ míaƒe aƒea helé be nɛ ta la, nyemedi kura be míaʋu le eme o. Ale si míawɔ axe mía ŋu fewo na dzre ɖo mía kple Giannis dome zi geɖe.”

FENYINYI ate ŋu ahe masɔmasɔwo ava ƒomewo me alo ana woagbã gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, numekula Jeffrey Dew de dzesii be srɔ̃tɔ siwo nyi fe la megava kpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu o, wowɔa dzre zi geɖe wu, eye dzi medzɔa wo tututu o. Nyahehe siwo ku ɖe fenyinyi kple gazazã ŋu la didina wu, ehea ɣlidodo ɖe ame ta kple asidodo ɖe ame nɔewo gbɔ vanɛ edziedzi, eye wògahea dzre bubuwo vanɛ. Eya ta mewɔ nuku o be ga ŋuti dzrehehewo nana srɔ̃tɔ geɖewo gbea wo nɔewo.

Azɔ hã, fe gãwo nyinyi tea ŋu hea lãmesẽkuxiwo abe alɔ̃madɔmadɔ, taɖui, dɔmeɖui, dzidɔ kple blanuiléledɔ ene vanɛ. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marta gblɔ be: “Fe si míenyi la na nu te ɖe srɔ̃nye Luís dzi ale gbegbe be alɔ̃dɔdɔ dzi koe wònɔna ŋkeke bliboa. Ŋutsu si ŋu meɖoa nu ɖo tso ɣeaɖeɣi ke la va zu wɔnamanɔŋutɔ.” Le ame aɖewo gome la, nuteɖeamedzia wua tsɔtsɔ na wo. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔdɔwɔƒe si nye BBC News ka nya ta be, nyɔnu aɖe si le India ƒe anyieheɣedzeƒe la wu eɖokui le esi fe siwo katã wònyi la va ɖo Amerika dɔlar 840 ta. Viawo ƒe kɔdzifewo xexe tae wòdo gaa ɖo.

Nu kae nàwɔ ne kuxiwo ɖo wò ƒomea me le fenyinyi ta? Na míadzro kuxi siwo dzea ŋgɔ srɔ̃tɔwo zi geɖe le gakuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me kpakple Biblia me mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu la me kpɔ.

KUXI GBÃTƆ: Míebua fɔ mía nɔewo.

Lukasz gblɔ be: “Menɔ fɔ bum srɔ̃nye ɖe gagbegblẽ ta, eye eya hã gblɔ be ne ɖe nye dɔwɔɖuia nye esi tɔgbi wowɔna le ƒe bliboa me la, anye ne ga mahiã mí o.” Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be gakuxiwo nagade masɔmasɔ wo dome o?

Kuxia gbɔkpɔnu: Miwɔ ɖeka le gakuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me.

Ne srɔ̃wò ɖeɖe ko gbɔe wòtso be mienyi fea hã la, dzikudodo ɖe eŋu maɖe vi o. Ðewohĩ ɣeyiɣi sia me koŋue wòahiã be miawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si dze le Efesotɔwo 4:31 la dzi, afi si gblɔ be: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu.”

Mikpɔ kuxia gbɔ le esi teƒe be mianɔ fɔ bum mia nɔewo. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Stephanos gblɔ tso ale si wo kple srɔ̃a wowɔ nu aduadui ŋu be: “Míede dzesii be mí ame evea siaa ƒe kuxie.” Nuwɔwɔ aduadu alea wɔ ɖeka kple Lododowo 13:10 me nyawo, afi si gblɔ be: “Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le ame siwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.” Le esi nàɖe mɔ dada nawɔe be nàte kpɔ be yeakpɔ gakuxiwo gbɔ le ɖokuiwò si teƒe la, mi ame evea miƒo nu tso eŋu anukwaretɔe ahakpɔ egbɔ ɖekae.

Mia viwo hã ate ŋu akpe asi ɖe mia ŋu. Edgardo, si nye vifofo aɖe si le Argentina, gblɔ tso ale si eƒe ƒomea kpɔ nya aɖe gbɔe ŋu ale: “Vinyeŋutsuvi la di be míaƒle gasɔ na ye, gake míegblɔ nɛ be ga meli o. Míetsɔ gasɔ aɖe si nye etɔgbuia tɔ la nae ɖe gasɔ yeye teƒe, eye ekpɔ dzidzɔ ɖe edodo ŋu ŋutɔ. Esia na mekpɔ ale si nuwɔwɔ aduadu le ƒomea me le vevie.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Midi ɣeyiɣi miaƒo nu tso gakuxia ŋu faa le tufafa me. Lɔ̃ ɖe vodada ɖe sia ɖe si nànya wɔ la dzi. Le esi mianɔ nu ƒom tso nu si dzɔ va yi ŋu teƒe la, midze agbagba mialɔ̃ ɖe gɔmeɖose siwo ŋu dɔ miawɔ le ganyawo gbɔ kpɔkpɔ me la boŋ dzi.—Psalmo 37:21; Luka 12:15.

KUXI EVELIA: Ne edze abe manya wɔ be miado le fe me o.

Enrique gblɔ be: “Meva ɖu agba le dɔ si wɔm menɔ la me, eye ganyawo ƒe tɔtɔ si do mo ɖa le Argentina la hã va gblẽ nyaa ɖe edzi. Eyome eva hiã be woawɔ dɔ na srɔ̃nye le kɔdzi. Mese le ɖokuinye me be nyemate ŋu axe fe si le ŋunye la avɔ akpɔ o. Ðeko menɔ abe nudzodzoe si tsi yiyiɖɔ me ene.” Ga si Brazil ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Roberto de dɔ aɖe me la katã fiã, eye wònyi fe le gadzraɖoƒe 12 sɔŋ ŋu. Egblɔ be: “Ŋu kpem ale gbegbe be nyemedi be mate ɖe xɔ̃nyewo ŋu o. Mese le ɖokuinye me be medo kpo nu.”

Nu kae nàte ŋu awɔ ne dzi ɖe le ƒowò alo dzitsinya le fu ɖem na wò alo ŋu le kpewòm le fe si nènyi ta?

Kuxia gbɔkpɔnu: Ðɔ ŋu ɖo le gazazã me. b

 

1. Wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu. Bu ga siwo katã nèkpɔna kple esiwo nèzãna le kwasiɖa eve me la ŋuti kɔnta, alo ne asɔ na wò wu la, nàbu ɣleti ɖeka tɔ. Ŋlɔ ho si nègblẽna ɖe nu siwo ŋu mèzãa ga ɖo edziedzi o, abe adzɔxexe kple awudodo ene la hã ɖi, eye nàbu akɔnta akpɔe ɖa be le mama dedie nu la, ho nenie yia nugbe ɣleti sia ɣleti hã.

2. Dzi ga si nèkpɔna ɖe edzi. Àte ŋu adidi ɣeyiɣi si nètsɔna wɔa dɔe la ɖe edzi, nàwɔ dɔ siwo vana le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me, nàfia nu sukuviwo le aƒe me, alo nàwɔ asinudɔ si ate ŋu ahe ga vɛ. Nuxlɔ̃ame: Ðɔ ŋu ɖo be màgaɖe mɔ dɔa naxɔ ɣeyiɣi si wòle be nàzã ɖe nu siwo le vevie wu ŋu, abe wò mawusubɔsubɔ ene, la le asiwò o.

Ƒome bliboa nadi mɔ siwo dzi woato akpɔ gakuxia gbɔ

3. Ðe gazazã dzi kpɔtɔ. Ƒle nu siwo hiã wò la ko, mègaƒle nuwo le esi wotsɔ wo ɖo asii ta ko o. (Lododowo 21:5) Enrique, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Enyo be nàgatsi klokloklo ɖe nuƒeƒle ŋu o, elabena esia akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be nua hiã wò ŋutɔŋutɔ.” Aɖaŋuɖoɖo bubu aɖewo hãe nye esiawo.

  • Aƒe: Ne anya wɔ la, ʋu yi aƒe si ƒe xɔfetu mesɔ gbɔ boo o la me. Ðɔ ŋu ɖo le elektrikmɔ̃wo kple tsi zazã ŋu be wo ŋu fewo dzi naɖe akpɔtɔ.

  • Nuɖuɖu: Tsɔ ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi tso aƒe me tsɔ wu be nàƒlee le gbɔ me. Wɔ ɖoɖo siwo wowɔ tsɔ ɖe nuɖuɖuwo ƒe asi dzi la ŋu dɔ. Joelma, si le Brazil, gblɔ be: “Ne meƒle atikutsetsewo kple amagbe siwo wotsɔ ɖo asi ɖe mɔ to la le ɣeyiɣi si me wòsusɔ vie woakpã la, woɖea edzi nam.”

  • Ʋuɖoɖo: Dzrá ʋu siwo mehiã wò tututu o, eye nàlé be na esi le asiwò, tsɔ wu be nàdzrae ahaƒle esiwo va tsia dzi. Ðo ʋu le mɔ to alo nàto afɔ, le afi si wòanya wɔ le.

Ne èɖe wò gazazãwo dzi kpɔtɔ alea vɔ la, awɔe be nàte ŋu awɔ ga si susɔ ɖe asiwò la ŋu dɔ nyuie.

4. Bu fe siwo nènyi ŋu kɔnta eye nàɖe afɔ. Gbã, le fe siwo katã nènyi gome la, bu deme si wòle be nàxe, gatia, nu si adzɔ ne mèxe fea ɖe ɣeyiɣi dzi alo xee ɖe ɖoɖo nu o kple nenye be ɣeyiɣi si wòle be nàxe fea de gbɔ edzi. Lé ŋku ɖe agbalẽ si wowɔ ɖe gadodoa dzi la me nyawo ŋu nyuie, elabena gadola aɖewo tea ŋu flua ame. Le kpɔɖeŋu me, habɔbɔ aɖe si doa ga na ame le United States (États-Unis) la gblɔ be gadodoa ƒe alafa memama 24 koe nye demea, evɔ gaa ƒe teƒe ene kple edzivɔ boŋue.

Eyome de ŋugble le ɖoɖo si nu nàxe fe siwo le ŋuwò la ŋu. Mɔnu ɖekae nye be nàxe fe si ƒe demea sɔ gbɔ wu la gbã. Mɔnu bubu hãe nye be nàxe fe klukluklui siwo kpɔtɔ ɖe ŋuwò la gbã, elabena ne fe siwo wòahiã be nàxe ɣleti sia ɣleti la le ʋɛ wu la, esia ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò. Ne ehiã be nàxe deme gãwo ɖe ga si nèdo dzi la, ɖewohĩ àte ŋu ado ga si bia deme sue aɖe ko xexe la atsɔ axe fe ma woe.

Mlɔeba la, ne manya wɔ be nàxe fe siwo le ŋuwò o la, kpɔe ɖa be anya wɔ be nàƒo asia kple ame siwo ŋu nènyi fea le hã. Àte ŋu abia be woana ɣeyiɣi geɖe wu ye alo be woaɖe demea dzi. Ame siwo gbɔ nèdo gaa le la ate ŋu alɔ̃ gɔ̃ hã be yewoaɖe wò fea dzi nenye be àte ŋu axe ga si kpɔtɔ ɖe ŋuwò la katã zi ɖeka. Ne èle nu ƒom tso wò ganyawo ŋu na wo la, de bubu wo ŋu, eye nàto nyateƒe. (Kolosetɔwo 4:6; Hebritɔwo 13:18) Miwɔ agbalẽ ɖe nya sia nya si dzi mielɔ̃ ɖo la dzi. Ne womelɔ̃ ɖe susu si nèdo ɖa dzi o hã la, yi edzi nànɔ biabiam tso wo si be woatrɔ asi le gaa xexe ƒe ɖoɖoa ŋu na wò ne ehiã.—Lododowo 6:1-5.

Ke hã, le wò gakuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me la, ele be nàkpɔ nuwo abe ale si tututu wole ene. Ðoɖo nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã ate ŋu ado kpo nu le esi màte ŋu awɔ naneke tso nɔnɔme aɖewo ŋu o ta, elabena zi geɖe la, ga ‘toa aʋala hedzona yina dzi abe hɔ̃ ene.’—Lododowo 23:4, 5.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne èwɔ ɖoɖo ɖe ale si miazã gae ŋu vɔ la, mi katã miɖo dze tso nu siwo miate ŋu awɔ atsɔ aɖe gazazã dzi akpɔtɔ alo adzi ga si ƒomea kpɔna ɖe edzi la ŋu. Ne miekpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃ faa be yeakpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu la, ana miawɔ nu aduadu ahakpɔ gakuxia gbɔ.

KUXI ETƆ̃LIA: Fe si míenyi la ko ŋue míebuna.

Agbagba si dzem miele be miaxe mia ŋu fewo la ate ŋu ana miagava nɔ vovo kpɔm ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu o. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Georgios gblɔ be: “Míaƒe kuxi gãtɔe nye be, nu siwo míawɔ atsɔ axe mía ŋu fewo la ko ŋue míekpɔa vovo ɖo. Míegava kpɔa vovo ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu o.”

Kuxia gbɔkpɔnu: Ganyawo megaxɔ nɔƒe vevitɔ o.

Ate ŋu adzɔ be mia ŋu fewo xexe naxɔ ƒe geɖe, togbɔ be mianɔ agbagba dzem kpem hã. Ke hã, miawoe atia nu si miatsɔ aɖo nɔƒe vevitɔ esime fea gakpɔtɔ le mia ŋu. Le esi miatsi dzi ɖe gakpɔkpɔ alo ga ƒe anyimanɔmanɔ ŋu teƒe la, anyo wu ne miewɔ Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu hea dzidzɔ vanɛ wu kesinɔnuwo ƒe ame si nɔnɔ

Ne nu siwo le mia si la dzea mia ŋu la, esia akpe ɖe mia ŋu “miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.” (Filipitɔwo 1:10) Ƒomedodo nyui si anɔ mia kple Mawu kpakple wò ƒometɔwo dome la hã le “nu siwo le vevie wu” la dome. Georgios, ame si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Togbɔ be míexe mía ŋu fewo vɔ o hã la, menye ema ŋue míetsia dzi ɖo wu le agbe me o. Dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me fifia wu, le esi míeva le vovo kpɔm ɖe mía nɔewo, mía viwo kple nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ta.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu siwo ga mate ŋu aƒle o siwo le vevie na wò wu la ɖi. Eyome de ŋugble le ale si nàwɔ akpɔ vovo ɖe nu mawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu geɖe wu la ŋu.

Fenyinyi hea dzimaɖitsitsi vanɛ, eye tenɔnɔ ɖe enu bia nuwo tsɔtsɔ sa vɔe; gake miaƒe agbagbadzedzewo manye dzodzro o. Andrzej, si nye srɔ̃ŋutsu aɖe si le Poland, gblɔ be: “Srɔ̃nye da megbe na eƒe dɔwɔhati aɖe si do ga gbogbo aɖe. Eyome dɔwɔhatia si dzo. Esi mese nyaa la, masɔmasɔ ɖo mía dome.” Ke hã, Andrzej va gblɔ tso ale si wo kple srɔ̃a wokpɔ nyaa gbɔe ŋu be: “Le nyateƒe me la, míegava wɔ ɖeka wu tsã—menye le kuxia ta o, ke boŋ le ale si míewɔ nu aduadu le egbɔ kpɔkpɔ me ta.”

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

b Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ June 1, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si ƒe tanyae nye “Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Nu Si Le Asiwò Nu.” Yehowa Ðasefowoe tae.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Nu kae mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ƒomea ŋu be míado le fe me?

  • Aleke míawɔ be míagana fe si míenyi la nagblẽ srɔ̃ɖeɖea me alo wòanye nu si ŋu míetsia dzi ɖo wu o?