Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mose—Ame Si Lɔ̃a Ame

Mose—Ame Si Lɔ̃a Ame

NU KAE NYE LƆLƆ̃?

Lɔlɔ̃ nye numalɔ̃leamegbɔ si de to. Ame si lɔ̃a ame la ƒe lɔlɔ̃ dzena le ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu kple ale si wòƒoa nu na woe me, ne esia bia be wòatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã.

ALEKE MOSE ÐE LƆLƆ̃ FIAE?

Mose lɔ̃ Mawu. Aleke wòɖe esia fiae? Enyo, na míatrɔ susu ɖe 1 Yohanes 5:3 me nyawo ŋu, afi si gblɔ be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi.” Mose tsɔ gɔmeɖose ma wɔ dɔe. Mose wɔ nya siwo katã Mawu gblɔ nɛ la dzi—tso dɔdeasi sesẽ si nye be wòado ɖe ŋusẽtɔ Farao ŋkume, va ɖo dɔ siwo madze nu sesẽ o, abe eƒe atikplɔa dodo ɖe Ƒudzĩa dzi ene. Sea dzi wɔwɔ sesẽ alo meɖasesẽ o, Mose wɔnɛ “nenema” pɛpɛpɛ abe ale si wobia tso esi ene.—2 Mose 40:16.

Mose ɖe lɔlɔ̃ fia nɔvia Israel-viwo hã. Israel-viwo de dzesii be Yehowa to Mose dzi le mɔ fiam eƒe amewo, eya ta wotsɔa woƒe kuxiwo va ɖoa Mose ŋkume. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Dukɔ la le Mose ŋkume tso ŋdi va se ɖe fiẽ.” (2 Mose 18:13-16) Bu ale si gbegbe esia anya te ɖeɖi Mose ŋui ŋu kpɔ—be wòanɔ to dzi gaƒoƒo sia gaƒoƒo esime Israel-viwo le woƒe kuxiwo dzi ɖem nɛ! Ke hã, dzidzɔe wònye na Mose be wòakpe ɖe ame siwo wòlɔ̃ la ŋu.

Menye ɖeko Mose ɖoa to sea ame siwo wòlɔ̃ la ƒe nyawo o, ke edoa gbe ɖa ɖe wo ta hã. Edo gbe ɖa ɖe ame siwo da vo ɖe eŋu la gɔ̃ hã ta! Le kpɔɖeŋu me, esi Mose nɔvinyɔnu, Miryam, lĩ Mose ŋu la, Yehowa na anyidɔ ƒo ɖe Miryam ŋu. Dzi medzɔ Mose be wohe to na Miryam o, ke boŋ eɖe kuku ɖe eta enumake le gbedodoɖa me be: “Oo Mawu, meɖe kuku, da gbe le eŋu dzro! Meɖe kuku!” (4 Mose 12:13, NW) Ne menye lɔlɔ̃e le Mose si o ɖe, ɖe wòado gbe ɖa ɖe eta veveseɖeamenutɔe alea?

NU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME?

Míate ŋu asrɔ̃ Mose to ale si míana lɔlɔ̃ deto nanɔ mía si na Mawu dzi. Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí be míawɔ eƒe sewo dzi “tso dzi me.” (Romatɔwo 6:17) Ne míeɖo to Yehowa tso dzi me la, esia doa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eɖea vi na míawo hã, elabena ne lɔlɔ̃ vavã si le mía si na Mawu tae míesubɔnɛ ɖo la, menye ɖeko míanye nu nyui wɔlawo ko o, ke míakpɔ dzidzɔ ɖe ewɔwɔ ŋu hã!—Psalmo 100:2.

Mɔ bubu si nu míate ŋu asrɔ̃ Mose le ye nye be míatu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖo na ame bubuwo. Ne xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ɖe woƒe kuxiwo dzi na mí la, lɔlɔ̃ ʋãa mí be (1) míakpɔ vovo ɖe wo ŋu aɖo to wo; (2) míase veve ɖe wo nu; eye (3) míana woakpɔe be míetsɔ ɖe le eme na yewo.

Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe míaƒe ame lɔlɔ̃wo ta abe ale si Mose wɔe ene. Ɣeaɖewoɣi ne wogblɔ woƒe kuxiwo na mí la, awɔ na mí be kpekpeɖeŋu aɖeke meli míana wo o. Ðewohĩ míafa konyi gɔ̃ hã be, “Ete ɖe dzinye, gake gbe koe mate ŋu ado ɖa ɖe tawò.” Gake ele be míaɖo ŋku edzi be: “Ŋusẽ nɔa ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo” ŋu. (Yakobo 5:16) Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu axa ɖe míaƒe gbedodoɖawo ta akpe ɖe amea ŋu. Eya ta ɖe nu bubu aɖe gali si nyo wu gbedodoɖa ɖe míaƒe ame lɔlɔ̃wo ta? *

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Mose gbɔ oa? Togbɔ be ame koe wònye abe míawo ke ene hã la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le xɔse, ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. Zi ale si míele eƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m nyuie la, zi nenemae wòaɖe vi na míawo kple ame bubuwo siaa.—Romatɔwo 15:4.

^ mm. 8 Be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míadze agbagba vevie aɖo eƒe nudidiwo gbɔ. Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 17 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.