Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Àku Akɔbli Le Towo Dzi’

‘Àku Akɔbli Le Towo Dzi’

Esi tomenukulawo ƒe ha aɖe nɔ tsatsam le agado globowo kple kpetowo me le Yuda gbedzi la, wova ke ɖe kpeto aɖe si le agakpe kɔkɔ aɖe si dzɔ kã ŋu la ŋu. Ðe woake ɖe nu xɔasi aɖe ŋu le afi ma, abe blemanuwo alo asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ene, abe ale si wònɔ le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo gome enea? Ewɔ nuku na wo ŋutɔ esi wova ke ɖe nu xɔasi gbogbo aɖewo, siwo wova na ŋkɔe emegbe be Nahal Mishmar kesinɔnu ɣaɣlawo, ŋu le kpetoa me.

WOKE ɖe nu siawo siwo wobla ɖe aƒlaba me tsɔ ɣla ɖe ʋe aɖe me le kpetoa me la ŋu le March 1961 me. Wonye nu vovovo siwo wu 400, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye akɔblinuwo. Nuawo dometɔ aɖewo nye fiakukuwo, fiatikplɔwo, dɔwɔnuwo, gatikplɔwo kple aʋawɔnu bubuwo. Biblia xlẽlawo tsɔ ɖe le nu siwo ŋu woke ɖo la me vevie, elabena Biblia gblɔ le 1 Mose 4:22 tso Tubalkain ŋu be ‘enye akɔbli kple ga ŋu dɔwɔla.’

Nu geɖe li si numekulawo menya tso afi si kesinɔnu ɣaɣla mawo tso va le afi ma ŋu o. Ke hã ne mede ɖeke o la, nufɔfɔ sia na míenya be akɔblikuku kple eŋudɔwɔwɔ nye dɔ nyanyɛ le dukɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la me tso blema ke.

AKƆBLIKUƑEWO LE ŊUGBEDODONYIGBAA DZI

Esi wòsusɔ vie Israel viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose gblɔ na wo be: ‘Miaku akɔbli le anyigba la ƒe towo dzi.’ (5 Mose 8:7-9, NW) Blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖe tomenukuƒe kple galóloƒe geɖewo ŋu le Israel kple Jordan nyigba dzi le duwo abe Feinan, Timna kple Khirbat en-Nahas ene me. Nu kae teƒe mawo siwo ŋu woke ɖo la ɖe fia?

Ʋe siwo me tomenukulawo ku akɔbli le ƒe geɖe, ne mede ɖeke o la, ade ƒe 2,000 ya teti la sɔ gbɔ ɖe Feinan kple Timna nyigbawo dzi fũu. Egbea gɔ̃ hã la, ne ame aɖe yi teƒe mawo la, ate ŋu akpɔe be kpe siwo me woɖea akɔbli le ƒe kakɛwo, siwo me amadede gbemumu le ŋɔtaŋɔta la kaka ɖe teƒeteƒewo. Blema-kɔblikulawo tsɔa dɔwɔnu siwo wotsɔ kpe wɔ la gbãa agakpewo kutrikukutɔe heɖea akɔbli tso wo me. Ne woɖe esiawo vɔ la, wotsɔa gadɔwɔnuwo kua agakpeawo me yia ŋgɔe, wokekea kpetowo ɖe edzi eye woɖea do globowo kple mɔ legbeewo ɖe agakpewo tome. Biblia gbalẽ si nye Hiob la ƒo nu tso tomenukuku ƒe mɔnu siawo ŋu. (Hiob 28:2-11) Dɔ sesẽ ŋutɔ wònye; eye le nyateƒe me la, tso ƒe alafa etɔ̃lia va ɖo atɔ̃lia Mía Ŋɔli me la, Roma fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖumegãwo nana nu vlo wɔla vɔ̃ɖiwo kple gamenɔla bubuwo wɔa dɔ le Feinan ƒe akɔblikuƒewo.

Woke ɖe nu siwo tsiaa anyi ne woɖe akɔbli le tomenuawo me vɔ, siwo woli kɔ ɖi gleglegle, la ŋu le Khirbat en-Nahas (si gɔmee nye “Akɔblikuƒe Ðiaƒedo”), si ɖee fia be wolóloa akɔbli le agbɔsɔsɔ gã aɖe me le afi ma tsã. Numekulawo xɔe se be tomenukuƒe  siwo tsɔ afi ma gbɔ, abe Feinan kple Timna ene, ye wokua tomenu siwo me woɖea akɔbli le la tsoe va lólona le teƒe sia. Hafi woate ŋu aɖe akɔbli le tomenuawo me la, wozãa dzogbɔnu ƒomevi vovovowo tsɔ ƒlɔa dzo ɖe dzoka xɔxɔwo te gaƒoƒo enyi va ɖo ewo, va se ɖe esime dzoxɔxɔa ɖoa dzidzenu Celsius 1,200 sɔŋ. Zi geɖe la, ne woƒlɔ dzo ɖe tomenu kilogram 5 te la, woɖea akɔbli kilogram 1 tsoa eme, eye akɔblitulawo zãnɛ tsɔ tua nu vovovowoe.

AKƆBLI ŊU DƆ WƆWƆ LE BLEMA ISRAEL

Esime Israel viwo nɔ Sinai-Toa gbɔ la, Yehowa Mawu gblɔ na wo tẽe be woawɔ ga dadzo sia si wokuna le anyigbaa dzi la ŋu dɔ le avɔgbadɔa tutu me, eye mɔfiame mawo ke dzi wova zɔ ɖo le Yerusalem gbedoxɔa hã tutu me. (2 Mose ta 27) Anɔ eme be Israel ƒe viwo nya ganuwo tutu hafi yi Egipte loo alo wosrɔ̃ eŋudɔwɔwɔ esime wonɔ afi ma. Kaka ɣeyiɣia nade be Israel viwo naʋu le Egipte dzi la, wonya ale si woalólo ga atsɔ awɔ nyivi ƒe nɔnɔme. Azɔ hã, wote ŋu wɔ akɔblinu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ hena subɔsubɔdɔwɔwɔ le avɔgbadɔa me, abe tsileze gã la, zewo, agbawo, sofiwo kple gaflowo ene.2 Mose 32:4.

Emegbe esime wonɔ tsatsam le gbeadzi la, anɔ eme be esime wova ɖo Punon (si anye egbegbe Feinan) afi si akɔbli bɔ ɖo la, dukɔa to nyatoƒoe le mana la kple tsi ƒe anyimanɔmanɔ ta. Yehowa he to na wo esi wòdɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome, eye woɖu wo wo dometɔ geɖewo ku. Esi Israel viwo trɔ dzi me la, Mose ɖe kuku ɖe wo ta, eye Yehowa gblɔ nɛ be wòawɔ akɔblida atsɔ aku ɖe ati ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ne da ɖu ame aɖe la, ekema wòafɔ ta dzi akpɔe, ne wòatsi agbe.”4 Mose 21:4-10; 33:43.

AKƆBLI SI ŊU DƆ FIA SALOMO WƆ

Wozã akɔbli tsɔ wɔ Yerusalem gbedoxɔa me nu geɖewo

Fia Salomo zã akɔbli gbogbo aɖe tsɔ wɔ Yerusalem gbedoxɔa me nuwo. Akɔbli siawo ƒe akpa gãtɔ nye esiwo fofoa David ha esime wòɖu Aramtɔwo dzi. (1 Kronika 18:6-8) “Gazɔ” si wotsɔ akɔbli wɔ, si nye tsileze gã si me nunɔlawo kua tsi le lena la, xɔa tsi lita 66,000, eye eƒe kpekpeme ade tɔn 30 sɔŋ. (1 Fiawo 7:23-26, 44-46) Wowɔ akɔblisɔti kɔkɔ gã nyadri eve ɖe gbedoxɔa ƒe mɔnu. Wokɔkɔ meta 8, eye wowɔ ta si kɔkɔ meta 2.2 na wo dometɔ ɖe sia ɖe. Do le sɔtiawo me, wotri sentimeta 7.5, wokeke meta 1.7. (1 Fiawo 7:15, 16; 2 Kronika 4:17) Akɔbli agbɔsɔsɔme si gbegbe wotsɔ tu nu siawo ɖeɖe la wɔ nuku ŋutɔ.

Ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la zã akɔbli le woƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo hã me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso aʋawɔnuwo, kunyowuwo, haƒonuwo kple agbo siwo wotsɔ akɔbli wɔ la ŋu. (1 Samuel 17:5, 6; 2 Fiawo 25:7; 1 Kronika 15:19; Psalmo 107:16) Yesu ƒo nu tso ‘akɔbliga’ dede gabutu me ŋu, eye apostolo Paulo hã ƒo nu tso “Aleksandro si nye akɔblinutula” ŋu.Mateo 10:9; 2 Timoteo 4:14.

Gake biabia geɖewo gali siwo blemaduwo nɔƒe kulawo kple ŋutinyaŋlɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na ku ɖe afi si akɔblinu xɔasi siwo ŋu dɔ wowɔ le Biblia ŋlɔɣiwo tso la ŋu, eye wole didim be yewoase Nahal Mishmar kesinɔnu ɣaɣlawo ƒe ŋutinyaa hã gɔme. Ke hã nyateƒe matrɔmatrɔ si dzi Biblia ŋutinyawo ɖo kpee la gakpɔtɔ li, si nye be anyigba si ƒe dome Israel viwo nyi la nye ‘anyigba nyui, si ƒe towo dzi woaku akɔbli le’ vavã.5 Mose 8:7-9, NW.