Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE MÍEHIÃ MAWUA?

Nu Si Ta Míehiã Mawu

Nu Si Ta Míehiã Mawu

Susuŋutinunyalawo gblɔ be hafi amewo nate ŋu akpɔ dzidzɔ vavã le agbe me la, wohiã nu si de ŋgɔ wu agbemenuhiahiãwo ko. Míekpɔa esia le ale si amewo dzea agbagba be yewoaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ le agbe me alo yewoasubɔ ame alo nane si kɔ boo wu yewo la me. Esia tae amewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe tsaɖiɖi, aɖaŋunuwo wɔwɔ, hadzidzi kple esiawo tɔgbi me le woƒe vovoɣiwo ɖo. Ke hã ame siwo tia nu mawo yome la dometɔ geɖe mekpɔa dzidzeme vavãtɔ o.

Mawu di be amegbetɔwo nakpɔ dzidzɔ fifia yi ɖe mavɔ me

Nyateƒe si wònye be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoanɔ kadodo me kple ame aɖe si kɔ wu yewo la menye nu yeye na Biblia xlẽlawo o. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔwo gblɔ be esi Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔa vɔ la, eƒoa nu kpli wo edziedzi. Eto esia me na mɔnukpɔkpɔ wo be woayi edzi anɔ kadodo me kpli ye. (1 Mose 3:8-10) Mawu mewɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe ye manɔmee o; ehiã be amegbetɔwo nanɔ kadodo me kple wo Wɔla la. Biblia ƒo nu tso hiahiã sia ŋu zi geɖe.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be [yewohiã Mawu].” (Mateo 5:3) Nya sia na míekpɔe be nu vevi aɖe si ana míanɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le lae nye be míaɖi kɔ na míaƒe dzɔdzɔmedidi si nye be míanɔ kadodo me kple Mawu. Aleke míate ŋu awɔ esia? Yesu ɖo nya sia ŋu na mí esi wògblɔ be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mateo 4:4) Mɔ kawo nue nya siwo dona tso Mawu ƒe nu me, alo Mawu ƒe susuwo kple eƒe mɔfiame siwo le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me le? Na míadzro mɔ vevi etɔ̃ aɖewo me kpɔ.

Míehiã Mɔfiame Nyuiwo

Egbea la, numekula kple aɖaŋuɖola bibi gbogbo aɖewo le klalo be yewoaɖo aɖaŋu na amewo ku ɖe amewo dome kadodowo, lɔlɔ̃, ƒomegbenɔnɔ, masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ, dzidzɔkpɔkpɔ kpakple tameɖoɖo si le agbea ŋu gɔ̃ hã ŋu. Ke hã ame kae dze nyuie wu be wòaɖo aɖaŋu nyuitɔ si da sɔ la na amegbetɔwo ku ɖe nya siawo katã ŋu ne menye amegbetɔwo Wɔla, Yehowa Mawu, o?

Abe mɔ̃ ŋuti mɔfiagbalẽ ene la, Biblia fiaa ale si míanɔ agbee la mí

 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne èƒle mɔ̃ yeye aɖe, abe fotoɖemɔ̃ alo kɔmpuita ene la, àkpɔ mɔ be woatsɔ mɔfiagbalẽ aɖe si fia mɔ nyuitɔ si nu nàzãe le be wòaɖe vi na wò la akpe ɖe eŋu. Míate ŋu atsɔ Biblia asɔ kple mɔfiagbalẽ ma. Enye amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti mɔfiagbalẽ, si Mawu agbenala la, tsɔ na mí be wòafia mɔ mí. Mɔfiagbalẽ sia ɖe nu si míazã agbe si wona mí la atsɔ awɔe kple ale si wòle be míanɔ agbeae be wòaɖe vi na mí vavã la me.

Abe ale si mɔ̃ ŋuti mɔfiagbalẽ si woŋlɔ nyuie la xlɔ̃a nu ame tso nu siwo ate ŋu agblẽ nu le eƒe mɔ̃a ŋu ŋuti ene la, nenema kee Biblia hã xlɔ̃a nu exlẽlawo tso agbenɔnɔ siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe agbe ŋu la ŋu. Ne aɖaŋu siwo amewo ɖona alo woƒe mɔfiafiawo dze abe ɖe woade ame dzi wu ene gɔ̃ hã la, ɖe susu manɔ eme wu be míakpɔ mɔ be ne míewɔ ɖe mía Wɔlaa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, eme anyo na mí eye míaƒo asa na kuxiwo oa?

“Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:17, 18

Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo kple kpekpeɖeŋu si míehiã la le Biblia me

Togbɔ be Yehowa Mawu ɖoa aɖaŋu na mí eye wòfiaa mɔ mí hã la, mezia mía dzi be míawɔ wo dzi o. Ke boŋ esi wònye Dɔmenyotɔ eye wòlɔ̃ mí ta la, edea dzi ƒo na mí be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18) Kpuie ko la, ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, eme anyo na mí. Ne míagblɔe bubui la, hafi eme nanyo na mí eye míakpɔ dzidzɔ le agbe me la, míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu.

Ehiã Be Míanya Nu Si Gbɔ Agbemekuxiwo Tso

Ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewomehiã Mawu o, elabena agbemenya geɖewo ɖea fu na wo eye wosusui be ne ɖe Mawu lɔ̃ame aɖe li la, nuwo manɔ alea o. Le kpɔɖeŋu me, wobiana be: ‘Nu ka tae ame nyuiwo kpea fu?’ ‘Nu ka tae wodzia ɖevi aɖewo wonyea nuwɔametɔwo?’ ‘Nu ka tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe agbea me alea?’ Nyabiase vevi aɖewoe esiawo nye vavã, eye woƒe ŋuɖoɖowo nyanya ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe agbe dzi. Gake le esi míatsɔ dzitsitsi abu fɔ Mawu ɖe nya mawo ta teƒe la, na míakpɔ ale si Mawu ƒe Nya, Biblia la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nya mawo gɔmee ɖa.

Ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta etɔ̃lia me na míenya be Satana to da aɖe dzi ble atsu kple asi gbãtɔa wogbe toɖoɖo se si Yehowa Mawu de na wo be woagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia o. Satana gblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbe si gbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”1 Mose 2:16, 17; 3:4, 5.

Menye ɖeko Satana to nya mawo dzi le gbɔgblɔm be Mawu nye alakpatɔ o, ke ele gbɔgblɔm hã be Mawu ƒe dziɖuɖu mele dzɔdzɔe o. Abosam ƒe gbetɔamee nye be ne amegbetɔwo ɖo to yeƒe gbe la, eme anyo na wo wu. Aleke woate ŋu akpɔ nya mawo gbɔe? Yehowa tiae be yeaɖe mɔ be ɣeyiɣi nava yi ale be ame sia ame nakpɔe nenye be nya si Abosam tsɔ ɖe ye ŋu la nye nyateƒe alo aʋatso. Mawu to esia me na mɔnukpɔkpɔ Satana  kple edzidelawo katã be woaɖee afia nenye be eme anyo na amegbetɔwo Mawu manɔmee.

Aleke nèsusu be ele be woakpɔ nya siwo Satana fɔ ɖe te la gbɔe? Ðe eme anyo na amegbetɔwo eye woaɖu wo ɖokuiwo dzi dzidzedzetɔe Mawu manɔmeea? Fukpekpe, madzɔmadzɔnyenye, dɔléle, ku, kpakple nu vlo wɔwɔ, agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi, aʋawɔwɔwo, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kple ŋutasesẽnuwɔwɔ bubu siwo ɖe kpe na ameƒomea ƒe alafa geɖe ye nye esia la nye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o be agbagba si dzem amegbetɔwo le be yewoaɖu yewo ɖokui dzi Mawu manɔmee la do kpo nu keŋkeŋ. Biblia na míenya be menye Mawu gbɔe ameƒomea ƒe fukpekpewo tso o, ke boŋ egblɔ be susu vevi ɖekae nye be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”Nyagblɔla 8:9.

Eya ta ɖe eme mekɔ ƒãa be menye agbemebiabia siwo ɖea fu na mí la koe Mawu ana míakpɔ ŋuɖoɖowo na o, ke eya kee akpɔ kuxiawo hã gbɔ oa? Nu kae Mawu awɔ?

Míehiã Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu

Tso gbe aɖe gbe ke la, amegbetɔwo dina be yewoavo tso dɔléle, tsitsi kple ku si me. Wozã ɣeyiɣi, ŋusẽ kple ga geɖe le esia ta, gake gbeɖegbeɖea koe. Ame aɖewo xɔe se be ne yewozã atike vovovowo, ne yewono tsi tɔxɛ aɖewo, alo yi ɖanɔ teƒe aɖe ko la, yewoavo tso nu mawo si me. Mɔkpɔkpɔ mawo katã meva eme na wo o.

Mawu di be eme nanyo na amegbetɔwo eye woakpɔ dzidzɔ le agbe me. Esiae nye tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu le gɔmedzedzea me, eye meŋlɔe be o. (1 Mose 1:27, 28; Yesaya 45:18) Yehowa Mawu ka ɖe edzi na mí be nu sia nu si ƒe ŋugbe yedo la ava eme godoo. (Yesaya 55:10, 11) Biblia gblɔ na mí be Mawu do ŋugbe be yeagbugbɔ aɖo Paradiso si atsu kple asi gbãtɔa bu la anyi. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ gblɔ be: “[Yehowa Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Aleke Mawu ahe tɔtrɔ nyui mawo avɛ, eye aleke míawɔ be ŋugbedodo mawo naɖe vi na mí?

Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Ame geɖe nya gbedodoɖa ma, si ame aɖewo yɔna be Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa la, nyuie eye wodonɛ ɖa edziedzi. Emenyawo yi ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:9, 10) Ɛ̃, Mawu Fiaɖuƒe la dzie Yehowa Mawu ato aɖe fukpekpe siwo katã amegbetɔ ƒe dziɖuɖu he va amewo dzi la ɖa eye wòahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la vɛ, abe ale si wòdo ŋugbee ene. * (Daniel 2:44; 2 Petro 3:13) Nu kae míawɔ be Mawu ƒe ŋugbedodoa naɖe vi na mí?

 Yesu Kristo gblɔ afɔ bɔbɔe si wòle be míaɖe la be: ‘Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.’ (Yohanes 17:3) Ɛ̃, le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, míaƒe asi asu agbe mavɔ si ŋugbe wòdo la dzi le xexe yeyea me. Esia hã ate ŋu anye susu nyui bubu si tae nàɖo biabia si nye, Ðe míehia Mawua? la ŋu be ɛ̃ ɖo.

Ɣeyiɣia De Be Nàdi Mawu

Ƒe akpe eve ye nye esi va yi esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom na Atenetɔ siwo melɔ̃na be woazi yewo dzi o eye wodina be yewoasrɔ̃ nu yeyewo, la le Areopago la, egblɔ tso Mawu ŋu be: “Eya ŋutɔe naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame. Elabena eya dzie míeto le agbe, eye míeʋãna, eye míeli, abe ale si mia dome hakpanyaŋlɔla aɖewo kura gɔ̃ hã gblɔe ene be: ‘Elabena eƒe viwoe míawo hã míenye.’”Dɔwɔwɔwo 17:25, 28.

Nya si Paulo gblɔ na Atenetɔwo la gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko. Mía Wɔla la gbɔe ya si míegbɔna, nu si míeɖuna kple tsi si míenona la tso. Le nyateƒe me la, nu nyui siwo Yehowa naa mí be woalé mí ɖe te la manɔmee la, míate ŋu anɔ agbe o. Gake nu ka tae Mawu yi edzi le nu siawo nam amewo katã, esubɔlawo kple ame siwo mesubɔnɛ o siaa ɖo? Paulo gblɔ be susu si tae nye be, “bene woadi Mawu, ne ɖe woatsa asi adii kura gɔ̃ hã, ne woake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.”Dɔwɔwɔwo 17:27.

Àdi be yeanya Mawu nyuie wua? Àdi be yeasrɔ̃ nu tso eƒe tameɖoɖowo kple eƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ana eme nanyo na wò fifia eye agbe mavɔ nasu asiwò la ŋua? Ne nenemae la, ke míele dzi dem ƒo na wò be nàgblɔe na ame si tsɔ agbalẽ sia vɛ na wò alo nàŋlɔ lɛta na agbalẽ sia talawo. Ado dzidzɔ na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

^ mm. 20 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si Mawu Fiaɖuƒe la ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi la ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.ps8318.com.