Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 1)

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 1)

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Senyo va ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Keli gbɔ le eƒeme.

‘DI GƆMESESE YOME MƆ’

Senyo: Keli, Biblia me dzodzro kpli wò edziedzi alea doa dzidzɔ nam ŋutɔ. * Esime míenɔ dze ɖom nyitsɔa, èbia nya aɖe ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Èbia be nu ka tae Yehowa Ðasefowo xɔe se be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me mahã.

Keli: Ɛ̃, menɔ miaƒe agbalẽ aɖe xlẽm eye wogblɔ le eme be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me. Esia na medi be manya nenye nyateƒee wònye, elabena ègblɔ nam be yewoƒe dzixɔsewo katã tso Biblia me.

Senyo: Nenema tututue.

Keli: Mexlẽ Biblia bliboa katã, gake nyemeɖo ŋku edzi be mekpɔ woyɔ ƒe 1914 le eƒe teƒe aɖeke o. Eya ta mewɔ numekuku tso ƒe “1914” la ŋu le Biblia aɖe me le Internet dzi, gake nyemekpɔ ɖeke kura o.

Senyo: Keli, èdze agbagba ŋutɔ. Ele be makafu wò le susu vevi eve ta. Gbãtɔe nye be, èdze na kafukafu be ète ŋu xlẽ Biblia bliboa katã. Esia fia be èlɔ̃ Mawu ƒe Nyaa ŋutɔ.

Keli: Nenemae. Agbalẽ bubu aɖeke mesɔ kplii o.

Senyo: Nyateƒee. Susu evelia si tae nèdze na kafukafue nye be esi mèse nya sia gɔme o la, èdi ŋuɖoɖoa le Biblia me. Nu si tututu Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ ye nye ema, elabena eɖo aɖaŋu be: ‘Di gɔmesese yome mɔ.’ * Enyo ŋutɔ be èle agbagba dzem nenema.

Keli: Akpe na wò. Melɔ̃ nusɔsrɔ̃. Le nyateƒe me la, megawɔ numekuku vi aɖe tso ƒe 1914 la ŋu eye mekpɔ numeɖeɖe aɖewo le agbalẽ sia si srɔ̃m míele la me. Eƒo nu tso drɔ̃e aɖe, si fia aɖe ku la ŋu, eye drɔ̃ea ku ɖe ati gã aɖe si wolã ƒu anyi eye emegbe wògadze ake la ŋu alo nane nenema.

Senyo: Ok, mekpɔ nu si nèwɔnɛ. Esia nye nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa ƒe ta 4 lia me. Eku ɖe drɔ̃e aɖe si Babilon Fia Nebukadnezar ku la ŋu.

Keli: Ɛ̃, eyae nye ema. Mexlẽ nyagblɔɖi ma gaxlẽ ake. Gake ne mato nyateƒea, nyemekpɔ kadodo aɖeke le nyagblɔɖi ma kple Mawu Fiaɖuƒea alo ƒe 1914 la dome o.

Senyo: Keli, nyateƒeae nye be, nyagblɔɖila Daniel ŋutɔ hã mese nya si Mawu ʋãe wòŋlɔ ɖi la gɔme bliboe o!

Keli: Nenema?

Senyo: Ɛ̃. Eya ŋutɔ gblɔ le Daniel 12:8 be: “Mesee, ke nyemese egɔme o.”

Keli: Ke efia be menye nye ɖeka ye o ɖe. Esia na nye dzi dze eme.

 Senyo: Nu si ta Daniel mese egɔme o ye nye be ɣeyiɣia mede na Mawu be wòana amegbetɔwo nase nyagblɔɖi siwo le Daniel ƒe agbalẽa me bliboe ɣemaɣi o. Gake míawo ya míate ŋu ase wo gɔme nyuie wu egbea.

Keli: Nu ka tae?

Senyo: Na míakpɔ nya si dze le mawunyakpukpui si kplɔe ɖo me la ɖa. Daniel 12:9 gblɔ be: “Nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu va se ɖe nuwuɣi.” Esia fia be “nuwuɣi” la me ko hafi woate ŋu ase nyagblɔɖi siawo gɔme nyuie. Eye abe ale si míegbɔna esrɔ̃ ge kpuie le míaƒe Biblia nusrɔsrɔ̃a me ene la, kpeɖodziwo katã ɖee fia be ɣeyiɣi ma mee míele fifia. *

Keli: Ke ɖe nàte ŋu aɖe nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa me la me nama?

Senyo: Enyo, matee kpɔ.

NEBUKADNEZAR ƑE DRƆ̃E LA

Senyo: Hafi míadze egɔmea, na magblɔ susu vevi siwo le Fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea me na wò kpuie. Eyome maɖe nu si wòfia la me na wò.

Keli: Yoo.

Senyo: Le drɔ̃ea me la, Nebukadnezar kpɔ ati gã nyadri aɖe si kɔ yi ɖatɔ keke dziŋgɔli ke. Eyome esee Mawu ƒe dɔla ɖe gbe be woalã ati la aƒu anyi. Gake Mawu gblɔ be woagblẽ eƒe takpoea ɖe to me. Le “azã adre” (alo “ɣeyiɣi adre”) megbe la, atia agadze ake. * Gbã la, nyagblɔɖi sia ku ɖe Fia Nebukadnezar ŋutɔ ŋu. Togbɔ be enye fia si kpɔ ŋusẽ ale gbegbe, abe ale si atia kɔ yi ɖatɔ keke dziŋgɔli ke ene hã la, wolãe ɖa hena “azã adre.” Èɖo ŋku nu si dzɔ la dzia?

Keli: Ao, nyemeɖo ŋku edzi o.

Senyo: Enyo, esia meɖe fu o. Biblia ɖee fia be Nebukadnezar ƒe tagbɔ gblẽ hena ƒe adre sɔŋ. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, megate ŋu ɖu eƒe fiaɖuƒea dzi o. Gake esi ƒe adreawo wu enu la, Nebukadnezar ƒe tagbɔ gakɔ eye wògate fiaɖuɖu ake. *

Keli: Mele wò nyaa gɔme sem. Gake aleke nya siawo katã do ƒome kple Mawu Fiaɖuƒea kpakple ƒe 1914 la?

Senyo: Kpuie ko la, nyagblɔɖi sia va eme le mɔ eve nu. Emevava gbãtɔa ye nye ɣeyiɣi si me wotso Fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖua me. Emevava evelia ye nye esime wotso Mawu ƒe dziɖuɖua me. Eya ta emevava evelia sia ye ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu.

Keli: Aleke miewɔ nya be nyagblɔɖia agava eme zi evelia eye wòku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu?

Senyo: Gbã la, nya aɖe si le nyagblɔɖia ŋutɔ me ye kpe ɖe mía ŋu. Le Daniel 4:14 ƒe nya nu la, Mawu gblɔ nya ma ɖi kple susu be “agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, ame si dze eŋu la, wòtsɔa wo nana.” Ède dzesi nyagbɔgblɔ si nye ‘amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewoa’?

Keli: Ɛ̃, egblɔ be ‘Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi.’

Senyo: Nenema tututue. Ame kae nèsusu be eyae nye ‘Dziƒoʋĩtɔ la’?

Keli: Anye Mawue.

Senyo: Ègblɔe nyuie. Nya mae na míekpɔe be menye Nebukadnezar ŋu koe nyagblɔɖi sia ku ɖo o. Eku ɖe “amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo” hã ŋu, si fia Mawu ƒe fiaɖuɖu ɖe amegbetɔwo dzi. Eye esi míebu nya siwo ƒo xlã nyagblɔɖia ŋu la, ena míekpɔe be susu le eme.

Keli: Nyemese wò nya gɔme o.

NYATI VEVI SI LE AGBALẼA ME

Senyo: Daniel ƒe agbalẽa ƒo nu tso nyati vevi aɖe ŋu zi gbɔ zi geɖe. Eƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea, si dzi Via, Yesu, aɖu la ɖoɖo anyi ŋu enuenu. Na míaxlẽ eƒe kpɔɖeŋu aɖe kpɔ. Àdi be yeaxlẽ Daniel 2:44 míasea?

 Keli: Faa. Afi ma gblɔ be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”

Senyo: Akpe na wò. Èsusu be Mawu Fiaɖuƒea ŋue mawunyakpukpui sia le nu ƒom tsoea?

Keli: Hmm. Nyemeka ɖe edzi o.

Senyo: Enyo, de dzesii be egblɔ be Fiaɖuƒe ma “anɔ anyi tegbee.” Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu anɔ anyi tegbee. Alo èsusu be amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒe aɖe ate ŋu anɔ anyi tegbeea?

Keli: Ao, nyemeka ɖe edzi o.

Senyo: Nyagblɔɖi bubu aɖe si ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le Daniel ƒe agbalẽa mee nye esi dze le Daniel 7:13, 14. Nyagblɔɖi ma ƒo nu tso dziɖuɖu aɖe si ava le etsɔme la ŋu be: “Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” Ðe nya aɖe le nyagblɔɖi sia me si ɖo ŋku nane dzi na wòa?

Keli: Eƒo nu tso fiaɖuƒe aɖe ŋu.

Senyo: Ègblɔe nyuie. Eye menye Fiaɖuƒe dzro aɖe koe o. De dzesii be egblɔ be Fiaɖuƒe sia akpɔ ŋusẽ ɖe ‘dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo’ dzi. Esia fia be Fiaɖuƒe sia aɖu xexe bliboa dzi.

Keli: Nyemese egɔme nenema o, gake mekpɔe be susu le eme, elabena nya ma tututue wògblɔ.

Senyo: Kpɔ nya si nyagblɔɖia gagblɔ ɖa. Egblɔ be: “Eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” Ðe nya ma mesɔ kple nya si míexlẽ le Daniel 2:44 fifia oa?

Keli: Ɛ̃.

Senyo: Na míaɖo ŋku nya vevi siwo me míedzro va se ɖe fifia dzi kpuie. Míekpɔe be susu si tae Mawu na woŋlɔ nyagblɔɖi si dze le Daniel ta 4 lia me ɖoe nye be wòana amegbetɔwo nanyae be ‘Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi.’ Nya sia ŋutɔ hã ɖee fia be menye Nebukadnezar ɖeɖe ŋu koe nyagblɔɖia mevava ku ɖo o. Eye míekpɔe hã be nyagblɔɖi geɖe ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea, si dzi Via aɖu, la ɖoɖo anyi ŋu le Daniel ƒe agbalẽa katã me. Azɔ, ɖe nèsusu be esɔ be míaƒo nya ta be, nyagblɔɖi si le Daniel ta 4 lia me la ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea hã ŋua?

Keli: Mesusui nenema. Gake nyemekpɔ ŋɔ ɖe ale si nya sia do ƒome kple ƒe 1914 la me tututu o.

“VA SE ÐE ESIME AZÃ ADRE NU NAVA YI”

Senyo: Enyo, na míagatrɔ ɖe Fia Nebukadnezar ŋu ake. Ðo ŋku edzi be eyae atia le tsitre ɖi na le nyagblɔɖia mevava gbãtɔa me. Wotso eƒe fiaɖuɖua me esime wolã atia ƒu anyi eye wogblẽe ɖi hena azã adre—si nye ɣeyiɣi si me eƒe tagbɔ gblẽ hena ɣeyiɣi aɖe. Ɣeyiɣi ma si nye azã adre la wu enu esime Nebukadnezar ƒe tagbɔ gakɔ eye wògadze fiaɖuɖu gɔme ake. Le nyagblɔɖia mevava evelia me la, wotso Mawu ƒe dziɖuɖua me hena ɣeyiɣi aɖe—gake menye esi Mawu do kpo nu le mɔ aɖe nu tae o.

Keli: Wò nyaa gɔme ɖe?

Senyo: Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wogblɔna be Israel fia siwo ɖu fia le Yerusalem la bɔbɔ nɔ anyi ɖe “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi. * Wonɔ Mawu teƒe nɔ eƒe dukɔa dzi ɖum. Eya ta Mawue nɔ dzi ɖum to fia mawo dzi. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe  la, fia mawo dometɔ akpa gãtɔ va gbe toɖoɖo Mawu eye wo teviwo hã dze wo yome. Esi Israel viwo gbe toɖoɖo Mawu ta la, Mawu ɖe mɔ Babilontɔwo va ɖu wo dzi le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Tso ɣemaɣi la, fia aɖeke meganɔ Yehowa teƒe le Yerusalem o. Gɔmesese ma nue wotso Mawu ƒe dziɖuɖua me le. Èle numeɖeɖea gɔme sema?

Keli: Ɛ̃, mele egɔme sem.

Senyo: Eya ta ƒe 607 D.Y. ye nye ƒe si me azã adre la, alo ɣeyiɣi si wotso Mawu ƒe dziɖuɖua me la dze egɔme. Ne azã adre la wu enu la, Mawu aɖo fia yeye si anɔ eteƒe la zi dzi—gake dziƒoe wòaɖo fia sia ya le. Ɣemaɣie nyagblɔɖi bubu siwo míexlẽ le Daniel ƒe agbalẽa me la ava eme. Eya ta nya si míabiae nye: Ɣekaɣie azã adre la wu enu? Ne míete ŋu ɖo nya sia ŋu la, ekema míate ŋu anya ƒe si me Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme.

Keli: Ɛ̃e! Ðe wòanye be ƒe 1914 mee azã adre la wu enua?

Senyo: Èdze agbagba ŋutɔ. Ƒe ma tututu mee!

Keli: Gake aleke míawɔ anya?

Senyo: Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be azã adre la mekpɔ wu enu ɣemaɣi o. * Eya ta efia be ƒe gbogbo aɖee azã adre la nye. Azã adre la dze egɔme ƒe alafa geɖe hafi Yesu va anyigba dzi eye le eƒe dziƒoyiyi megbe gɔ̃ hã la, mewu enu enumake o. Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be “nuwuɣi” * la me hafi woate ŋu ase nyagblɔɖi siwo le Daniel ƒe agbalẽa me la gɔme. Dzidzɔtɔe la, le ƒe 1800 ƒeawo me la, Mawu ʋã Biblia nusrɔ̃vi anukwaretɔwo wodzro nyagblɔɖi sia kple bubuwo me tsitotsito. Eye wova se egɔme be azã adre la awu enu le ƒe 1914 me. Eye xexemenudzɔdzɔ ɖedzesiwo ɖo kpe edzi be nyateƒee, ƒe 1914 mee Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo. Ƒe ma mee xexe sia ƒe ŋkeke mamlɛawo alo nuwuɣi la dze egɔme. Gake menya be màte ŋu ase nya bliboa katã gɔme fifia o . . .

Keli: Wò nyaa le eme. Magagbugbɔ adzro nya siawo me godoo ne mase egɔme nyuie.

Senyo: Mègavɔ̃ o. Exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi nye ŋutɔ hã meva se nyagblɔɖi siawo kple wo mevava me nyuie. Gake mexɔe se be míaƒe dzeɖoɖoa kpe ɖe ŋuwò ya teti nèkpɔe be nu si dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se tso Fiaɖuƒea ŋu la tso Biblia me.

Keli: Nenemae. Ale si mietsɔa Biblia ɖea miaƒe dzixɔsewo me la wɔa nuku nam ŋutɔ.

Senyo: Mekpɔe be wò didie nye be ye hã yeate ŋu awɔe nenema. Abe ale si megblɔe enea, màte ŋu ase nyawo katã gɔme enumake o. Ðewohĩ nyabiase aɖewo gale asiwò. Le kpɔɖeŋu me, azã adre la ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu eye wòdze egɔme tso ƒe 607 D.Y. Gake aleke tututu míewɔ nya be azã alo ɣeyiɣi adre la wu enu le ƒe 1914 me? *

Keli: Ɛ̃, medi be manya.

Senyo: Biblia ŋutɔ kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi ƒe didime si tututu azã adre la nye. Àdi be míadzro nya sia me ne metrɔ va? *

Keli: Adzɔ dzi nam ŋutɔ!

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme sese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne wò ŋuɖoɖoa nye ɛ̃ la, ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple woƒe aƒelikawo le ɖoɖo nu edziedzi femaxee.

^ mm. 21 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 63 Yesu gblɔ le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu me be: “Dukɔwo atu afɔ Yerusalem [si le tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu la] dzi, va se ɖe esime dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo nade.” (Luka 21:24) Eya ta esime wotso Mawu ƒe dziɖuɖua me la, dometsotso ma kpɔtɔ nɔ edzi yim va de asi na Yesu ƒe ŋkekea me eye wògayi edzi va se ɖe ŋkeke mamlɛawo me.

^ mm. 67 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe megbenyawo “1914—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònye le Biblia ƒe Nyagblɔɖi Me.”

^ mm. 69 Nyati sia ƒe tata si akplɔe ɖo la adzro Biblia me mawunyakpukpui siwo kpe ɖe mía ŋu míenya azã adre la ƒe didime la me.